Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 7

Nyaa Nede Pɛpɛpɛ Eye Kakaɖedzi Nanɔ Eŋu

Nyaa Nede Pɛpɛpɛ Eye Kakaɖedzi Nanɔ Eŋu

Luka 1:3

NU SI NÀWƆ: Zã kpeɖodzinya siwo ŋu kakaɖedzi le nàtsɔ akpe ɖe wò nyaselawo ŋu woaƒo nya ta nyuie.

ALE SI NÀWƆE:

  • Wɔ nyatsoƒe siwo ŋu kakaɖedzi le ŋu dɔ. Tu wò nyawo ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi, xlẽ nyawo tso eme tẽe le afi si wòanya wɔ le. Ne èɖe kpeɖodzinyaa tso dzɔdzɔmeŋutinunya, nyadzɔdzɔwo, nuteƒekpɔkpɔwo, alo nyatsoƒe bubu aɖe la, ku nu me do ŋgɔ nàkpɔe ɖa be kakaɖedzi le eŋu eye wòde pɛpɛpɛ hã.

  • Wɔ nyatsoƒewo ŋu dɔ nyuie. Ðe ŋɔŋlɔa me wòasɔ ɖe nya siwo ƒo xlãe nu, wòasɔ ɖe Biblia me gbedeasi bliboa nu, eye wòawɔ ɖeka kple ‘kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzelaa’ ƒe nufiafiawo. (Mat. 24:45) Ne èle kpeɖodzinya siwo metso Biblia me o zãm la, zã wo woasɔ ɖe nɔnɔme siwo me wozã wo le la nu pɛpɛpɛ, mègatrɔ gɔmesese si le wo ŋu alo agblɔ nya aɖe si to vovo na nu si tututu nuŋlɔlaa di be yeafia o.

  • Na woade ŋugble le kpeɖodziawo ŋu. Ne èxlẽ ŋɔŋlɔ aɖe alo he susu yi ŋɔŋlɔ aɖe dzi vɔ la, bia nyawo aɖaŋutɔe alo nàwɔ kpɔɖeŋu aɖe si ana wò nyaselawo ŋutɔ naƒo nya ta.