Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 8

Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le

Kpɔɖeŋu Siwo Me Nufiame Le

Mateo 13:34, 35

NU SI NÀWƆ: Wɔ kpɔɖeŋu siwo gɔme sese le bɔbɔe, siwo sɔ na wò nyaselawo la ŋu dɔ nàtsɔ aɖe nya veviwo me be wò nufiafia nalé vi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Zã kpɔɖeŋu siwo gɔme sese le bɔbɔe. Abe ale si Yesu wɔe ene la, wɔ nu siwo wò nyaselawo nya nyuie la ŋu dɔ nàtsɔ aɖe nyateƒenya veviwo me, eye nàzã nya siwo gɔme sese le bɔbɔe atsɔ aɖe nya goglowo me. Mègatsɔ nya siwo mehiã o la ade kpɔɖeŋua me ne egɔmesese nazu dɔ na wò nyaselawo o. Kpɔ egbɔ be kpɔɖeŋua me nya vovovoawo sɔ ɖe nu si fiam nèle la nu pɛpɛpɛ ale be nya siwo mesɔ ɖe enu o la nagahe nyaselawo ƒe susu o.

  • Bu nu si aɖe vi na wò nyaselawo ŋu. Zã kpɔɖeŋu siwo do ƒome kple nu siwo wò nyaselawo wɔna kple nu siwo me wotsɔ ɖe le. Ðɔ ŋu ɖo be kpɔɖeŋu siwo nàwɔ la nagawɔe be ŋu nakpe wò nyaselawo alo wòaɖia wo nu o.

  • Neku ɖe nya vevia ŋu. Kpɔɖeŋu siwo nàzã neku ɖe nya veviawo ŋu, ke menye nya kukluiwo ŋu o. Kpɔ egbɔ be menye kpɔɖeŋua dzi koe wò nyaselawo aɖo ŋkui o, ke woaɖo ŋku nufiamea hã dzi.