Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 9

Nu Siwo Wokpɔna Ŋu Dɔ Wɔwɔ Nyuie

Nu Siwo Wokpɔna Ŋu Dɔ Wɔwɔ Nyuie

1 Mose 15:5

NU SI NÀWƆ: Zã nu siwo wokpɔna nàtsɔ ana nufiamea nadze ƒãa eye wòanɔ bɔbɔe be woaɖo ŋku edzi.

ALE SI NÀWƆE:

  • Zã nu siwo wokpɔna siwo ana wò nufiafiaa nanyo ɖe edzi. Wɔ fotowo, nɔnɔmetatawo, anyigbatatawo, ɣeyiɣikɔntabubu ƒe fliwo, alo nu bubu siwo wokpɔna ŋu dɔ nàtsɔ ate gbe ɖe nya veviawo dzi, ke menye nya kukluiwo dzi o. Kpe ɖe wò nyaselawo ŋu woaɖo ŋku nufiamea dzi, ke menye nu siwo wokpɔna la ɖeɖe ko dzi o.

  • Kpɔ egbɔ be wò nyaselawo ate ŋu akpɔ nu si zãm nèle la nyuie.