Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA EVELIA

‘Nye Kɔkɔeƒe Lae Nègblẽ Kɔ Ðo Na’—Tadedeagu Dzadzɛa Dome Gblẽ

‘Nye Kɔkɔeƒe Lae Nègblẽ Kɔ Ðo Na’—Tadedeagu Dzadzɛa Dome Gblẽ

EZEKIEL 5:11

NYA VEVITƆ: Yuda kple Yerusalem ƒe mawusubɔsubɔ kple agbe nyui nɔnɔ dome gblẽ

Yehowa lɔ̃ Israel-viwo eye wòlé be na wo abe eƒe “nunɔamesi tɔxɛ” ene. (2 Mose 19:5) Gake womeyi edzi subɔ Yehowa o, ke boŋ wosubɔ alakpamawuwo le gbedoxɔ si tututu ŋu woyɔ eƒe ŋkɔ ɖo la me! Wogbã dzi na Yehowa eye wodo vloe. Nu kae na Israel-viwo ƒe nɔnɔme va gblẽ alea? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ŋu la me? Eye nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo va nɔ ha dem kple dukɔ siwo ƒo xlã wo la me?

LE AKPA SIA

TA 5

‘Kpɔ Ŋunyɔnu Vɔ̃ɖi Siwo Wɔm Wole’

Ezekiel kpɔ nu dovoɖiname siwo na wòkpɔ ale si gbegbe dukɔa ƒe mawusubɔsubɔ dome gblẽ kurae.

TA 6

“Azɔ Wò Nuwuwu La Ðo”

Ezekiel ƒe wɔwɔfia siwo nye nyagblɔɖi la ɖe ale si Yehowa do dziku ɖe Yerusalem ŋui la fia.

TA 7

Dukɔwo ‘Adze Sii Be, Nyee Nye Yehowa’

Dukɔ siwo gblɔ busunya ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu, eye woti eƒe amewo yome alo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi la, akpɔ woƒe nuwɔnawo me tsonu godoo. Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple dukɔ mawo me?