Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 6

“Azɔ Wò Nuwuwu La Ðo”

“Azɔ Wò Nuwuwu La Ðo”

EZEKIEL 7:3

NYA VEVITƆ: Ale si ʋɔnudrɔ̃nya siwo Yehowa gblɔ ɖe Yerusalem ŋu la va emee

1, 2. (a) Nu wɔmoyaa kae Ezekiel wɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu kawo ŋue eƒe nuwɔna siwo nye nyagblɔɖi la ku ɖo?

 ALE si nyagblɔɖila Ezekiel va nɔ nu wɔm tramaa la ŋu nya kaka kabakaba ɖe Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon la dome. Ezu mumu le wo dome kwasiɖa ɖeka sɔŋ, gake ɖeko wòva tso ge ɖe eƒe xɔ me eye wòtu ʋɔ ɖe eɖokui nu. Nu bliboa nɔ nuku wɔm na ame siwo nɔ ekpɔm eye kaka woakpɔa, nyagblɔɖilaa do go tso xɔa me eye wòtsɔ anyikpe aɖe ɖo ŋkume eye wòdze nu tata ɖe edzi. Eyome Ezekiel ɖo gli alo tɔ kpɔ ƒo xlã anyikpea evɔ menɔ nu ƒom o.—Eze. 3:10, 11, 15, 24-26; 4:1, 2.

2 Eteƒekpɔla siwo menɔ nu bliboa gɔme sem o siwo nɔ dzidzim ɖe edzi la, anya nɔ wo ɖokuiwo biam be, ‘Nu siawo katã gɔme ɖe?’ Emegbe kura hafi Yudatɔ aboyomeawo ava se nyagblɔɖila Ezekiel ƒe nuwɔna wɔmoyaa gɔme bliboe be wonye nyagblɔɖi si ku ɖe nu dziŋɔ siwo aɖe Yehowa Mawu ƒe dziku si wòdo le dzɔdzɔenyenye me afia la ŋu. Nudzɔdzɔ kae? Aleke wògblẽ nu le blema Israel dukɔa ŋu? Nu kae esia fia na mawusubɔla vavã siwo li egbea?

“Tsɔ Anyikpe . . . Tsɔ Lu . . . Tsɔ Yi Ðaɖɛ Aɖe”

3, 4. (a) Nu etɔ̃ siwo nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kawo ƒe dzesie Ezekiel wɔ? (b) Aleke Ezekiel wɔ ale si woaɖe to ɖe Yerusalem la fiae?

3 Le ƒe 613 D.Y. me lɔƒo la, Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòawɔ dzesi etɔ̃ siwo aɖe Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si ava Yerusalem dzi la afia. Dzesiawoe nye: ale si woaɖe to ɖe dua, ale si dua me nɔlawo akpe fu kple ale si woatsrɔ̃ dua kple emenɔlawo. * Na míadzro dzesi etɔ̃ siawo me tsitotsito.

4 Ale si woaɖe to ɖe Yerusalem. Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Tsɔ anyikpe ɖo ŋkuwòme . . . Ðo toɖelawo eŋu.” (Xlẽ Ezekiel 4:1-3.) Anyikpea le tsitre ɖi na Yerusalem dua, eye Ezekiel ŋutɔ le tsitre ɖi na Babilontɔwo ƒe aʋakɔ si Yehowa azã. Wogagblɔ na Ezekiel be wòatɔ kpɔ, wòaƒu kpo eye wòawɔ gligbãnuwo. Emegbe wogblɔ nɛ be wòatsɔ nu siawo katã aƒo xlã anyikpea. Nu mawo le tsitre ɖi na aʋawɔnu siwo futɔawo azã ne wova ɖe to ɖe Yerusalem dua be yewoadze edzi. Be woaɖe ale si gbegbe futɔwo ƒe aʋawɔlawo asesẽ abe gayibɔ ene afia la, wogblɔ na Ezekiel be wòatsɔ “gagba gbadza” aɖo eya kple du la dome. Azɔ etrɔ “mo ɖe dua ŋu.” Nuwɔna mawo katã nye “dzesi na Israel ƒe aƒe la” be nu si womele mɔ kpɔm na kura o la adzɔ ɖe wo dzi. Yehowa azã futɔwo ƒe aʋawɔlawo atsɔ aɖe to ɖe Yerusalem si nye Mawu ƒe amewo ƒe du vevitɔ, afi si Mawu ƒe gbedoxɔ la le!

5. Gblɔ ale si Ezekiel wɔ nu si ava dzɔ ɖe Yerusalem nɔlawo dzi la fiae.

5 Ale si Yerusalem dua me nɔlawo akpe fu. Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Tsɔ lu, ƒo, gbagbayi, ayi, ƒo yibɔ kple lu dzĩ, eye nàtsɔ wo . . . aƒo abolo na ɖokuiwò,” eye “nàda nuɖuɖu sekel blaeve aɖu gbe sia gbe.” Yehowa gblɔ azɔ be: ‘Mele nuɖuɖudaɖoƒewo ɖem ɖa.’ (Eze. 4:9-16) Le nudzɔdzɔ sia me la, menye Babilontɔwo ƒe aʋawɔlawoe Ezekiel le tsitre ɖi na o; ke boŋ eva le tsitre ɖi na Yerusalem nɔlawo. Nyagblɔɖilaa ƒe nuwɔnawo nye nyagblɔɖi be ale si woava ɖe to ɖe dua la ana nuɖuɖu navɔ. Ɣemaɣi la, nu sia nu si amewo kpɔ lae woatsaka atsɔ awɔ aboloe, si fia be amewo aɖu nu sia nu si wokpɔ. Aleke gbegbee dɔwuamea nu asẽe? Ezekiel gblɔ nyaa tẽe abe Yerusalem nɔlawoe wònɔ egblɔm na esi wogblɔ be: “Fofowo aɖu wo viwo le mewò, eye viwo aɖu wo fofowo.” Esia ana ame geɖe nakpe fu elabena “dɔwuame ƒe aŋutrɔ gblẽnuwo” ana amewo naɖi “ku glaŋglaŋ.”—Eze. 4:17; 5:10, 16.

6. (a) Nu eve kawoe Ezekiel le tsitre ɖi na le wɔwɔfia sia me? (b) Nu kae se si Mawu de na Ezekiel be wòatsɔ “nudanu ama ɖaawo ɖe akpa etɔ̃ me” la fia?

6 Ale si woatsrɔ̃ Yerusalem kple emenɔlawo. Le wɔwɔfia sia si nye nyagblɔɖi ƒe akpa sia me la, Ezekiel le tsitre ɖi na nu eve. Gbã la, Ezekiel wɔ nu si Yehowa ava wɔ la fia. Yehowa gblɔ nɛ be: “Tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe, eye nàzãe abe talũhɛ ene.” (Xlẽ Ezekiel 5:1, 2.) Ezekiel ƒe asi si wòtsɔ lé yia ɖe asi la le tsitre ɖi na Yehowa ƒe asi, si fia eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃, si wòato Babilontɔwo ƒe aʋawɔlawo dzi ahe vɛ. Evelia, Ezekiel wɔ nu si me Yudatɔwo ava to la fia. Yehowa gblɔ nɛ be: “Lũ wò ta kple wò ge.” Ezekiel ƒe ta si wòlũ la le tsitre ɖi na ale si woadze Yudatɔwo dzi atsrɔ̃ wo. Azɔ hã, se si wode nɛ be wòatsɔ “nudanu ama ɖaawo ɖe akpa etɔ̃ me” la fia be ʋɔnu si Yehowa adrɔ̃ Yerusalem la nye nu si wòɖo si wòawɔ ade goe.

7. Nu ka tae Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòama ɖa si wòlũ la me ɖe akpa etɔ̃, eye wòatsɔ akpa ɖe sia ɖe awɔ nu vovovowo?

 7 Nu ka tae Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòama ɖa si wòlũ la me ɖe akpa etɔ̃, eye wòatsɔ akpa ɖe sia ɖe awɔ nu vovovowo? (Xlẽ Ezekiel 5:7-12.) Ezekiel tɔ dzo ɖaa ƒe akpa ɖeka “ɖe dua me” tsɔ fia ame siwo nɔ nua teƒe kpɔm be, Yerusalem nɔla aɖewo aku atsi dua me. Ezekiel tsɔ yi fli ɖaa ƒe akpa evelia “ƒo xlã dua kpe ɖo” tsɔ fia be woawu dua me nɔla bubuwo le dua godo. Eye wòhlẽ ɖaa ƒe akpa etɔ̃lia ɖe yame tsɔ fia be woaka dua me nɔla bubuwo ahlẽ ɖe dukɔwo dome, gake “yi” “anya wo ɖe nu.” Eya ta afi ka kee agbetsilawo asi ayi o, womakpɔ tomefafa o.

8. (a) Nya nyui vi aɖe kae le Ezekiel ƒe wɔwɔfia sia si nye nyagblɔɖi la me? (b) Aleke nyagblɔɖi si nye be ame “sue” aɖewo atrɔ gbɔ la va emee?

8 Ke hã, nya nyui vi aɖe ya teti le Ezekiel ƒe wɔwɔfia sia si nye nyagblɔɖi la me. Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Ezekiel tso ɖa si wòlũ ŋu be: “Ðe sue aɖe le akpa mamlɛa ŋu nàbla ɖe wò awu me.” (Eze. 5:3) Sedede sia fia be Yudatɔ siwo woaka ahlẽ ɖe dukɔwo dome la dometɔ ʋɛ aɖewo atsi agbe. Wo dometɔ “sue” si ƒe nya wogblɔ la anɔ aboyome siwo atrɔ ava Yerusalem le aboyomenɔnɔ, le Babilon ƒe 70 megbe la dome. (Eze. 6:8, 9; 11:17) Ðe nyagblɔɖi ma va emea? Ɛ̃. Ƒe aɖewo megbe esi Babilontɔwo ɖe asi le Yudatɔwo ŋu le aboyo me la, nyagblɔɖila Hagai gblɔ be, Yudatɔ siwo ka hlẽ la dometɔ aɖewo trɔ va Yerusalem nyateƒe. Woawoe nye “ame tsitsi siwo kpɔ xɔ tsãtɔ,” si nye Salomo ƒe gbedoxɔa. (Ezra 3:12; Hag. 2:1-3) Yehowa kpɔ egbɔ be wokpɔ tadedeagu dzadzɛa ta, abe ale si wòdo ŋugbee ene. Míaƒo nu tso ale si wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi la ŋu tsitotsito le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me.—Eze. 11:17-20.

Nu Kae Nyagblɔɖi Sia Fia Mí Tso Nu Siwo Ava Dzɔ Le Etsɔme La Ŋu?

9, 10. Nu ɖedzesi siwo adzɔ le etsɔme kawo dzie Ezekiel ƒe wɔwɔfia siwo nye nyagblɔɖi la nana míeɖoa ŋkui?

9 Nu siwo Ezekiel wɔ fia la na míeɖoa ŋku nu ɖedzesi siwo Mawu ƒe Nyaa gblɔ be woava dzɔ le etsɔme la dzi. Wo dometɔ aɖewoe nye kawo? Abe ale si wòdzɔ ɖe blema Yerusalem dzi ene la, Yehowa azã dziɖuɖuwo atsɔ awɔ nu si womele mɔ kpɔm na o, si nye ale si woadze alakpasubɔsubɔha siwo katã le anyigba dzi la dzi. (Nyaɖ. 17:16-18) Abe ale si ko Yerusalem tsɔtsrɔ̃ nye “vɔ̃ aɖe si medzɔ kpɔ o” la, nenema kee “xaxa gã” la kple eƒe Armagedon-ʋaa si akplɔe ɖo la anye nu si “tɔgbi meva kpɔ” o.—Eze. 5:9; 7:5; Mat. 24:21.

10 Mawu ƒe Nyaa ɖee fia be ame ɖekaɖeka siwo le alakpasubɔsubɔhawo me atsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna subɔsubɔhawo dzi la me. Le vɔvɔ̃ ta la, agbetsila siawo awɔ ɖeka kple ame bubu ɖe sia ɖe anɔ bebeƒe dim. (Zak. 13:4-6; Nyaɖ. 6:15-17) Woƒe nɔnɔmea na míeɖo ŋku nu si dzɔ ɖe ame siwo tsi agbe le blema Yerusalem esi woka hlẽ ɖe “yame” la dzi. Abe ale si míekpɔe le  memama 7 lia me ene la, togbɔ be wotsi agbe hena ɣeyiɣi aɖe hã, Yehowa ɖe ‘yi le aku me nya wo ɖe nu.’ (Eze. 5:2) Nenema kee afi ka kee ame siwo atsi agbe ne wodze subɔsubɔhawo dzi asi ayi o, womate ŋu asi le Yehowa ƒe yi la nu o. Woatsrɔ̃ wo akpe ɖe ame siwo katã le abe gbɔ̃wo ene la ŋu le Armagedon-ʋaa me.—Eze. 7:4; Mat. 25:33, 41, 46; Nyaɖ. 19:15, 18.

Míagagblɔ nya nyuia o, míazu “mumu”

11, 12. (a) Aleke wòle be Ezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋu gɔme sese nana míabu ale si subɔsubɔdɔa hiã kpata egbeae? (b) Tɔtrɔ kae ɖewohĩ ava le ale si míeɖea gbeƒã kple gbedeasi si míeɖea gbeƒãe me?

11 Aleke wòle be nyagblɔɖi sia gɔme sese nana míabu ale si subɔsubɔdɔa hiã kpatae? Ena míekpɔe be ele be míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe egbea akpe ɖe amewo ŋu woava subɔ Yehowa. Nu ka tae? Elabe ɣeyiɣi si susɔ be míatsɔ awɔ “dukɔwo katã me tɔwo woanye nusrɔ̃lawo” la megasɔ gbɔ o. (Mat. 28:19, 20; Eze. 33:14-16) Ne “ameƒoti,” (si nye dziɖuɖuwo) dze subɔsubɔhawo dzi la, míagaɖe gbeƒã xɔxɔgbedeasia na amewo azɔ o. (Eze. 7:10) Míagagblɔ nya nyuia o, míazu “mumu” abe ale si ko Ezekiel zu mumu alo dzudzɔ gbedeasia gbɔgblɔ le eƒe subɔsubɔa ƒe akpa aɖe ene. (Eze. 3:26, 27; 33:21, 22) Nyateƒee, ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo la, amewo adi vevie be yewoadi “ŋutega tso nyagblɔɖila gbɔ,” gake womagblɔ nya aɖeke si axɔ wo ɖe agbe la na wo o. (Eze. 7:26) Ɣeyiɣi si wòle be woaxɔ mɔfiame mawo be woazu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo la nu va yi.

12 Ke hã, míaƒe dɔ si nye gbeƒãɖeɖe ya matɔ te o. Nu ka tae? Le xaxa gã la me la, ɖewohĩ míate gbeƒã ɖeɖe ʋɔnudrɔ̃gbedeasi si anɔ abe kpetsi ene si aɖee fia kɔtɛ be xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu va ɖo.—Nyaɖ. 16:21.

“Kpɔ Ða, Egbɔna!”

13. Nu ka tae Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòamlɔ anyi ɖe eƒe miakpa dzi eye wòagamlɔ eƒe ɖusikpa dzi?

13 Esi Ezekiel gblɔ ale si woatsrɔ̃ Yerusalem ɖi vɔ la, ewɔ ɣeyiɣi si woatsrɔ̃e la hã fia. Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòamlɔ anyi ɖe eƒe miakpa dzi ŋkeke 390 eye wòamlɔ eƒe ɖusikpa dzi ŋkeke 40. Ŋkeke ɖe sia ɖe le tsitre ɖi na ƒe ɖeka. (Xlẽ Ezekiel 4:4-6; 4 Mose 14:34) Nu sia si Ezekiel wɔ le ŋkeke ɖe sia ɖe ƒe akpa aɖe ko la, ɖe ŋkeke si tututu woatsrɔ̃ Yerusalem la fia. Israel ƒe vodada si xɔ ƒe 390 la dze egɔme tso ƒe 997 D.Y., si nye ƒe si me to wuieve fiaɖuƒea ma ɖe eve. (1 Fia. 12:12-20) Anɔ eme be Yuda ƒe nu vɔ̃ si xɔ ƒe 40 dze egɔme tso ƒe 647 D.Y., si nye ƒe si me woɖo Yeremiya nyagblɔɖilae be wòaxlɔ̃ nu Yuda fiaɖuƒea tso tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu kã naneke maɣlamaɣlae. (Yer. 1:1, 2, 17-19; 19:3, 4) Eya ta ɣeyiɣi evea siaa awu enu le ƒe 607 D.Y., si nye ƒe si tututu me wotsrɔ̃ Yerusalem abe ale si Yehowa gblɔe ɖii ene. *

Aleke Ezekiel ɖe ŋkeke si tututu woatsrɔ̃ Yerusalem la fiae? (Kpɔ Memama 13)

14. (a) Aleke Ezekiel ɖee fia be yeka ɖe Yehowa dzi bliboe be awɔ ɖe game dzi tututu? (b) Nu kawoe adzɔ do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃?

14 Esi wogblɔ na Ezekiel be wòawɔ ŋkeke 390 kple ŋkeke 40 siwo nye nyagblɔɖi ƒe wɔwɔfiaa afia la, ɖewohĩ mede dzesi ƒe si me tututu woatsrɔ̃ Yerusalem o. Ke hã, le ƒe siwo do ŋgɔ na tsɔtsrɔ̃ ma me la, eyi edzi xlɔ̃ nu Yudatɔwo be Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃a gbɔna. Eɖe gbeƒã gblɔ be, “Azɔ wò nuwuwu la ɖo.” (Xlẽ Ezekiel 7:3, 5-10.) Ezekiel ka ɖe edzi bliboe be Yehowa awɔ ɖe game dzi tututu. (Yes. 46:10) Nyagblɔɖilaa gblɔ nu siwo adzɔ do ŋgɔ na Yerusalem tsɔtsrɔ̃a ale: “Vɔ̃ akplɔ vɔ̃ ɖo.” Nudzɔdzɔ mawo awɔe be hadomegbenɔnɔ, subɔsubɔnyawo kple dukplɔɖoɖowo katã dome nagblẽ.—Eze. 7:11-13, 25-27.

Yerusalem si ŋu woɖe to ɖo la ɖi “nuɖaze” si woɖo “dzo dzi” (Kpɔ Memama 15)

15. Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa kae te emevava tso ƒe 609 D.Y. kple emegbe?

15 Esi Ezekiel gblɔ Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ ɖi ƒe ʋɛ aɖewo megbe la, nyagblɔɖia te emevava. Le ƒe 609 D.Y. me la, Ezekiel se be wova dze Yerusalem dzi. Ɣemaɣi la, ne dumeviwo se kpẽ ƒe ɖiɖi la, ele be woava ƒo ƒu aʋli woƒe dua ta, gake abe ale si Ezekiel gblɔe ɖi ene la, “ame aɖeke” ‘meho yi aʋa o.’ (Eze. 7:14) Yerusalem nɔlawo meva ƒo ƒu be yewoawɔ aʋa kple Babilontɔ siwo va dze wo dzi la be yewoaʋli dua ta o. Yudatɔwo anya susu be Yehowa axɔ na yewo. Exɔ na wo kpɔ esime Asiriatɔwo do ŋɔdzi na wo be yewoaxɔ Yerusalem, gake Yehowa ƒe dɔla ɖeka wu Asiriatɔwo ƒe aʋawɔla gbogbo aɖewo. (2 Fia. 19:32) Gake fifia ya la, mawudɔla aɖeke meva kpe ɖe wo ŋu o. Eteƒe medidi kura hafi du si woɖe to ɖo la va nɔ abe “nuɖaze” si woɖo “dzo dzi” ene, eye dua me nɔlawo va nɔ abe “lãkɔ” siwo nɔ zea me la ene o. (Eze. 24:1-10) Esi woɖe to ɖe Yerusalem ɣleti 18, si na wokpe fu vevie megbe la, wotsrɔ̃ dua.

“Miƒo Kesinɔnuwo Nu Ƒu Na Mia Ðokuiwo Ðe Dziƒo”

16. Mɔ ka nue míate ŋu aɖee afia le egbea be míeka ɖe Yehowa dzi be awɔ ɖe game dzi tututu?

16 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia me? Ðe wòɖi gbedeasi si míeɖea gbeƒãe kple ale si ame siwo míeɖea gbeƒã na la wɔa nuia? Yehowa ɖo ɣeyiɣi si wòatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo, eye fifia hã agawɔ ɖe game dzi pɛpɛpɛ. (2 Pet. 3:9, 10; Nyaɖ. 7:1-3) Míenya ŋkeke si tututu dzi nu sia adzɔ o. Gake abe Ezekiel ene la, míeyia edzi wɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi be míaxlɔ̃ nu amewo edziedzi agblɔ be: “Azɔ [miaƒe] nuwuwu la ɖo.” Nu ka tae wòhiã be míayi edzi anɔ gbedeasi ma gblɔm? Susu si ta Ezekiel yi edzi nɔ ewɔm la ke tae wòle be míawo hã míanɔ ewɔm ɖo * Ame akpa gãtɔ mexɔ Mawu ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu, si Ezekiel ɖe gbeƒãe la dzi se o. (Eze. 12:27, 28) Gake emegbe Yudatɔ aɖewo siwo nɔ aboyo me le Babilon la ɖee fia be dzi nyui le yewo si, eye wotrɔ gbɔ va wo denyigba dzi. (Yes. 49:8) Nenema kee egbea hã, ame geɖe mexɔ edzi se be xexe sia awu enu o. (2 Pet. 3:3, 4) Togbɔ be ele alea hã, esi mɔnukpɔkpɔ si amewo atsɔ ase Mawu ƒe gbedeasia gale ʋuʋu ɖi la, míadi be míakpe ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu be woake ɖe mɔ si kplɔa ame yia agbe me la ŋu.—Mat. 7:13, 14; 2 Kor. 6:2.

Togbɔ be ame geɖe meɖoa to o hã la, míeyia edzi dia ame siwo si dzi nyui le (Kpɔ Memama 16)

Nu ka tae blema Yerusalem nɔlawo ‘tsɔ woƒe klosalo ƒu gbe ɖe ablɔwo dzi’? (Kpɔ Memama 17)

17. Nu kawo teƒee míakpɔ le xaxa gã si gbɔna la me?

17 Ezekiel ƒe nyagblɔɖia gaɖoa ŋku edzi na mí be ne wodze subɔsubɔhawo dzi la, wo me nɔlawo “maho ayi aʋa” be yewoaʋli subɔsubɔhawo ta o. Ke boŋ ne wova le ekpɔm be womele ɣli si dom yewole be, “Aƒetɔ, Aƒetɔ” ne woakpe ɖe yewo ŋu la ŋu ɖom o la, “woƒe alɔwo katã ado agblɔ” eye “woaƒo kpakpakpa.” (Eze. 7:3, 14, 17, 18; Mat. 7:21-23) Nu bubu kae woagawɔ? (Xlẽ Ezekiel 7:19-21.) Yehowa gblɔ be: “Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi.” Nya ma si wogblɔ tso blema Yerusalem nɔlawo ŋu la ɖe nu si tututu adzɔ le xaxa gãa me la fia. Ɣemaɣi la, amewo akpɔe be ga mate ŋu axɔ na yewo le afɔku si gbɔna la me o.

18. Nu kae Ezekiel ƒe nyagblɔɖia na míesrɔ̃ tso nu siwo wòle be míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ me?

18 Ðe nèkpɔ be nufiame aɖe le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia me na mía? Eyae nye ale si wòhiã be míatsɔ nu siwo le vevie la aɖo nɔƒe gbãtɔ. Bu nya sia ŋu kpɔ: Esi Yerusalem nɔlawo va kpɔe be yewo kple yewoƒe dua siaa le tsɔtsrɔ̃ ge eye yewoƒe nunɔamesiwo mate ŋu axɔ na yewo o ko hafi wotsɔ nu vevitɔwo ɖo nɔƒe gbãtɔ. Wotsɔ woƒe nunɔamesiawo ƒu gbe eye wodi “ŋutega tso nyagblɔɖila gbɔ” gake woƒe dzimetɔtrɔa tsi megbe akpa. (Eze. 7:26) To vovo na wo la, míawo ya míenyae nyuie be xexea ƒe nuwuwu tu aƒe. Eya ta ale si míexɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo dzi se la ʋã mí be míetsɔ nu vevitɔwo ɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me. Esia na míele gbɔgbɔmekesinɔnu, siwo ŋu asixɔxɔ le eye womatsɔ wo aƒu gbe ɖe “ablɔwo dzi” o la minyam vevie.—Xlẽ Mateo 6:19-21, 24.

19. Ŋusẽ kae Ezekiel ƒe nyagblɔɖia kpɔna ɖe mía dzi egbea?

19 Va se ɖe fifia la, mɔ kawo nue Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe ɖewo, siwo ku ɖe Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu la ka mí egbea le? Woɖoa ŋku edzi na mí be ɣeyiɣi si susɔ be míakpe ɖe amewo ŋu woava zu Mawu subɔlawo la megasɔ gbɔ o. Eya ta míetsɔa amewo wɔwɔ nusrɔ̃lawoe la ŋkubiãnyae. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ ne ame siwo si dzi nyui le la dometɔ aɖewo va subɔ mía Fofo, Yehowa. Ke hã ne ame aɖewo meva subɔ Yehowa o gɔ̃ hã la, míeyia edzi xlɔ̃a nu wo abe ale si Ezekiel xlɔ̃ nu amewo le eƒe ŋkekea me ene be: “Azɔ [miaƒe] nuwuwu la ɖo.” (Eze. 3:19, 21; 7:3) Le ɣeyiɣi ma ke me la, míeɖoe kplikpaa be míaka ɖe Yehowa dzi eye míatsɔ eƒe tadedeagu dzadzɛa aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Ps. 52:7, 8; Lod. 11:28; Mat. 6:33.

^ mm. 3 Esɔ be míaƒo nya ta be Ezekiel wɔ dzesi mawo katã be amewo nakpɔ. Nu ka tae? Elabena le wɔwɔfiawo dometɔ aɖewo, abe aboloa meme kple agbaa tsɔtsɔ ene gome la, Yehowa de se na Ezekiel kã be wòawɔe “le wo ŋkume.”Eze. 4:12; 12:7.

^ mm. 13 Esi Yehowa ɖe mɔ wotsrɔ̃ Yerusalem la, menye to eve fiaɖuƒe si nye Yuda koe wòdrɔ̃ ʋɔnui o, ke edrɔ̃ ʋɔnu to ewo fiaɖuƒe si nye Israel la hã. (Yer. 11:17; Eze. 9:9, 10) Kpɔ Insight on the Scriptures, Babla 1, axa 462, le “Chronology—From 997 B.C.E. to Desolation of Jerusalem” te. [Étude perspicace des Écritures, Babla 1, axa 467, le “Chronologie—De 997 av. n. è. à la désolation de Jérusalem” te.]

^ mm. 16 De dzesii be le Ezekiel 7:5-7 dzaa me la, Yehowa zã nya siwo nye “gbɔna,” “ava,” “egbɔna” kple “eɖo” le teƒe ade sɔŋ tsɔ te gbe ɖe gbedeasia dzi.