Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 7

Dukɔwo ‘Adze Sii Be, Nyee Nye Yehowa’

Dukɔwo ‘Adze Sii Be, Nyee Nye Yehowa’

EZEKIEL 25:17

NYA VEVITƆ: Nu si míesrɔ̃ tso Israel-viwo ƒe hadede kple dukɔ siwo do vlo Yehowa ƒe ŋkɔ la me

1, 2. (a) Mɔ ka nue Israel nɔ abe alẽ aɖe si le amegãxi geɖe dome ene le? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka ŋue Israel-viwo kple woƒe fiawo ɖe mɔ ɖo?

 ISRAEL-VIWO nɔ abe alẽ aɖe si le amegãxi geɖe dome ene hena ƒe alafa geɖe. Amonitɔwo, Moabtɔwo kple Edomtɔwo nɔ Israel-viwo ƒe ɣedzeƒeliƒo dzi eye wodo ŋɔdzi na wo. Filistitɔ siwo nye Israel-viwo ƒe futɔwo tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke la nɔ woƒe ɣetoɖoƒekpa dzi. Tiro si nye asitsadu gã aɖe si me kesinɔnuwo bɔ ɖo eye wòkpɔ ŋusẽ la nɔ dziehe. Blema Egipte dukɔa si ƒe dzi ɖulae nye Farao si wobu mawui la nɔ Israel-viwo ƒe anyiehe.

2 Esi Israel-viwo ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu la, ekpɔ wo ta tso woƒe futɔwo si me. Gake enuenu la, Mawu ƒe amewo kple woƒe fiawo ɖe mɔ dukɔ siwo ƒo xlã wo la kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi. Fia Ahab nye wo dometɔ ɖeka. Enɔ anyi le Fia Yehosafat si nye Yuda-fia ŋɔli, eye wòɖu Israel to ewo fiaɖuƒea dzi. Eɖe Sidon-fia, si ɖu Tiro du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo dzi la ƒe vinyɔnu. Nyɔnu ma si ŋkɔe nye Izebel la na Baal subɔsubɔ va xɔ aƒe ɖe Israel, eye wòkpɔ ŋusẽ ɖe srɔ̃a dzi wòdo alakpasubɔsubɔ ɖe ŋgɔ tsɔ gblẽ nu le tadedeagu dzadzɛa ŋu vevie.—1 Fia. 16:30-33; 18:4, 19.

3, 4. (a) Ame ka ŋue Ezekiel trɔ susu ɖo azɔ? (b) Biabia kawo mee míadzro?

3 Yehowa xlɔ̃ nu eƒe amewo do ŋgɔ be ne womeɖo to ye o la, woakpɔ emetsonua. Fifia edo dzi ʋuu wòglo. (Yer. 21:7, 10; Eze. 5:7-9) Le ƒe 609 D.Y. me la, Babilontɔwo ƒe aʋakɔa trɔ va Ŋugbedodonyigba la dzi zi etɔ̃lia. Anɔ abe ƒe ewo tso esime wova dze wo dzi va yi ene. Fifia ya la, woagbã Yerusalem ƒe gliawo eye woawu ame siwo dze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu la. Esi wo dzi dzedzea dze egɔme, eye nya siwo gbɔgbɔ ʋã Ezekiel wògblɔ ɖi nɔ eme vam gaglã la, nyagblɔɖilaa trɔ susu ɖe dukɔ siwo ƒo xlã Ŋugbedodonyigbaa ŋu eye wògblɔ nu si ava dzɔ ɖe wo dzi la ɖi.

Dukɔ siwo gblɔ busunya ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu la akpɔ woƒe nuwɔnawo me tsonuwo godoo

4 Yehowa ɖee fia Ezekiel be Yudatɔwo ƒe futɔwo akpɔ dzidzɔ ne wotsrɔ̃ Yerusalem, eye woado ŋɔdzi na agbetsilawo. Gake dukɔ siwo gblɔ busunya ɖe Yehowa ƒe ŋkɔa ŋu, eye woti eƒe amewo yome alo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi la, akpɔ woƒe nuwɔnawo me tsonu godoo. Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple dukɔ mawo me? Eye aleke Ezekiel ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe dukɔwo ŋu la na mɔkpɔkpɔ mí egbea?

Israel-viwo Nɔvi, Siwo ‘Ðu Fewu’ Le Wo Ŋu

5, 6. Aleke Amonitɔwo kple Israel-viwo do ƒomee?

5 Amon, Moab kple Edom nye Israel-viwo nɔvi kpakpam le mɔ aɖe nu. Togbɔ be wodo ƒome eye wo tɔgbuiwo nɔ anyi ɖekae ƒe geɖe hã la, dukɔ mawo lé fu Mawu ƒe amewo eye ‘woɖu fewu’ le wo ŋu.—Eze. 25:6.

6 Bu Amonitɔwo ŋu kpɔ. Wodzɔ tso Abraham tɔɖiyɔvi Lot vinyɔnu ɖevitɔ la me. (1 Mose 19:38) Gbe si wodona la ɖi Hebrigbe ale gbegbe be Mawu ƒe amewo tea ŋu sea egɔme. Esi wònye be wodo ƒome ta la, Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woagawɔ aʋa kple Amonitɔwo o. (5 Mose 2:19) Ke hã, le Ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli la, Amonitɔwo wɔ ɖeka kple Moab-fia Eglon wote Israel-viwo ɖe anyi. (Ʋɔn. 3:12-15, 27-30) Emegbe esi woɖo Saul fiae la, Amonitɔwo va dze Israel-viwo dzi. (1 Sam. 11:1-4) Eye le Fia Yehosafat ŋɔli la, wowɔ ɖeka kple Moabtɔwo eye wova dze Ŋugbedodonyigbaa dzi.—2 Kron. 20:1, 2.

7. Aleke Moabtɔwo wɔ nu ɖe wo nɔvi Israel-viwo ŋu?

7 Moabtɔwo hã dzɔ tso Lot vinyɔnu tsitsitɔ la me. (1 Mose 19:36, 37) Yehowa gblɔ na Israel-viwo be woagawɔ aʋa kple Moabtɔwo o. (5 Mose 2:9) Gake Moabtɔwo ya mewɔ nu ɖe wo ŋu alea o. Le esi woakpe ɖe wo nɔvi siwo nɔ sisim tso kluvinyenye me le Egipte ŋu teƒe la, woxe mɔ na wo be woagayi Ŋugbedodonyigbaa dzi o. Moab-fia Balak dɔ ame ɖo ɖe Bileam be wòava ƒo fi ade Israel-viwo, eye Bileam fia mɔ si dzi Balak ato able Israel ŋutsuwo nu woawɔ ahasi eye woasubɔ trɔ̃ lae. (4 Mose 22:1-8; 25:1-9; Nyaɖ. 2:14) Moabtɔwo te wo nɔviwo ɖe anyi ƒe gbogbowo ʋuu va se ɖe Ezekiel ŋɔli.—2 Fia. 24:1, 2.

8. Nu ka tae Yehowa gblɔ be Edomtɔwo kple Israel-viwo nye nɔviwo gake aleke Edomtɔwo wɔ nui?

8 Edomtɔwo dzɔ tso Yakob ƒe vedzɔ Esau me. Ƒomedodo si nɔ Edomtɔwo kple Israel-viwo dome nɔ kplikplikpli ale gbegbe be Yehowa gblɔ tso Edomtɔwo kple Israel-viwo ŋu be wonye nɔviwo. (5 Mose 2:1-5; 23:7, 8) Togbɔ be ele alea hã la, Edomtɔwo ti Israel-viwo yome tso esime woʋu tso Egipte va se ɖe esime wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me. (4 Mose 20:14, 18; Eze. 25:12) Ɣemaɣi la, menye ɖeko Edomtɔwo kpɔ dzidzɔ ɖe Israel-viwo ƒe fukpekpewo ŋu alo de dzi ƒo na Babilontɔwo be woatsrɔ̃ Yerusalem ko evɔ o, ke woxe mɔ na Israel-vi siwo nɔ sisim la, eye wolé wo tsɔ na woƒe futɔwo.—Ps. 137:7; Obad. 11, 14.

9, 10. (a) Nu kae dzɔ ɖe Amon, Moab kple Edom dzi? (b) Nu kae ɖee fia be menye dukɔ mawo me tɔwo katãe lé fu Israel-viwo o?

9 Yehowa bia akɔnta Israel-viwo nɔvi siawo ɖe ale si wowɔ nu ɖe eƒe amewo ŋu ta. Egblɔ be: “Matsɔ . . . Amonitɔwo . . . ana Ɣedzeƒetɔwo be woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku Amonitɔwo dzi le dukɔwo dome azɔ o.” Egagblɔ be: “Madrɔ̃ ʋɔnu le Moab, ne woadze sii be nyee nye Yehowa.” (Eze. 25:10, 11) Esi wotsrɔ̃ Yerusalem ƒe atɔ̃ megbe la, nyagblɔɖi mawo te emevava esi Babilontɔwo va tsrɔ̃ Amon kple Moab. Yehowa gblɔ tso Edomtɔwo ŋu be “[yeatsrɔ̃] amegbetɔwo kple lãwo siaa ɖa le eme,” eye yeana “wòazu aƒedo.” (Eze. 25:13) Abe ale si wogblɔe ɖi ene la, Amon, Moab kple Edom nu yi keŋkeŋ mlɔeba.—Yer. 9:25, 26; 48:42; 49:17, 18.

10 Ke hã, menye dukɔ ma me tɔwo katãe lé fu Mawu ƒe amewo o. Le kpɔɖeŋu me, Amonitɔ Zelek kple Moabtɔ Yitma nɔ Fia David ƒe aʋawɔla sesẽwo dome. (1 Kron. 11:26, 39, 46; 12:1) Eye Moabtɔ Rut, va zu Yehowa subɔla wɔnuteƒe.—Rut 1:4, 16, 17.

Mègaɖe afɔ gbegblẽ “sue” aɖeke gɔ̃ hã o

11. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple Amonitɔwo, Moabtɔwo kple Edomtɔwo me?

11 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple dukɔ mawo me? Gbãa, esi Israel-viwo megava nɔ ŋudzɔ o la, woawo hã va nɔ alakpamawu siwo nye Baal-Peor si Moabtɔwo subɔna kple Molek si Amonitɔwo subɔna la subɔm. (4 Mose 25:1-3; 1 Fia. 11:7) Nu ma tɔgbi ate ŋu adzɔ ɖe míawo hã dzi. Míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o, ate ŋu aƒoe ɖe mía nu be míana ta le nɔnɔme aɖe me. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ womese nu si tae míeɖua Easter, alo naa nu amewo, xɔa nunanawo le Kristmasɖuɣi loo alo ɖua azã nyanyɛ bubu siwo dzɔ tso alakpasubɔsubɔ me la gɔme o. Ne menye susu gbegblẽe le wo si o hã la, ate ŋu adzɔ be woable mía nu be míana ta awɔ nane si mesɔ o. Ele vevie be míakpɔ nyuie be míagana ta le nyaƒoɖeamenu mawo me o! Abe ale si Israel-viwo ƒe ŋutinyaa ɖee fia ene la, ne míeɖe afɔ gbegblẽ “sue” aɖe gɔ̃ hã la, ate ŋu agblẽ mí kple Yehowa dome.

12, 13. Yometiti kae ate ŋu ava mía dzi, gake nu kae ate ŋu ado tso eme ne míeyi edzi wɔ nuteƒe?

12 Míagate ŋu asrɔ̃ nu bubu aɖe tso Israel-viwo ƒe hadede kple Amonitɔwo, Moabtɔwo kple Edomtɔwo me. Míaƒe ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o la, ate ŋu ati mía yome vevie. Yesu xlɔ̃ nu be, gbedeasi si míeɖea gbeƒãe la ama “viŋutsu kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa” dome. (Mat. 10:35, 36) Yehowa de se na Israel-viwo be woagawɔ dzre kple woƒe ƒometɔwo o, eye míawo hã míadi be míakpe dzre kple ƒometɔ siwo menye Ðasefowo o. Gake megawɔ nuku na mí ne wotsi tsitre ɖe mía ŋu o.—2 Tim. 3:12.

13 Ne míaƒe ƒometɔwo metsi tre ɖe míaƒe Yehowa subɔsubɔ ŋu tẽe o hã la, mele be míaɖe mɔ woakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzi wu Yehowa o. Nu ka tae? Elabe Yehowae wòle be míatsɔ aɖo nɔƒe gbãtɔ. (Xlẽ Mateo 10:37.) Azɔ hã, ne míeyi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la, míaƒe ƒometɔ aɖewo ate ŋu ava wɔ nu abe Zelek, Yitma kple Rut ene, eye woava wɔ ɖeka kpli mí le tadedeagu dzadzɛa me. (1 Tim. 4:16) Esia ana woawo hã nakpɔ dzidzɔ si le Mawu vavã ɖeka la subɔsubɔ me eye Yehowa alɔ̃ woawo hã ahakpɔ wo ta.

Yehowa He To Na Eƒe Futɔwo “Le Dɔmedzoe Helĩhelĩ Me”

14, 15. Aleke Filistitɔwo wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu?

14 Filistitɔwo ʋu tso Kreta ƒukpo la dzi eye wova tsi anyigba si ƒe ŋugbe Yehowa do emegbe be yeatsɔ ana Abraham kple eƒe dzidzimeviwo la dzi. Abraham kple Isak siaa de ha kple ame siawo. (1 Mose 21:29-32; 26:1) Kaka Israel-viwo nava ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Filistitɔwo zu dukɔ sesẽ aɖe si si aʋakɔ sesẽwo nɔ. Wosubɔa alakpamawu siwo nye Baal-Zebub kple Dagon. (1 Sam. 5:1-4; 2 Fia. 1:2, 3) Ɣeaɖewoɣi la, Israel-viwo hã wɔa ɖeka kpli wo subɔa mawu mawo.—Ʋɔn. 10:6.

15 Esi Israel-viwo mewɔ nuteƒe o ta la, Yehowa ɖe mɔ Filistitɔwo te wo ɖe anyi ƒe geɖe. (Ʋɔn. 10:7, 8; Eze. 25:15) Filistitɔwo meɖe mɔ na Israel-viwo be woawɔ nanewo o * eye wowu wo dometɔ gbogbo aɖewo hã. (1 Sam. 4:10) Gake esi Israel-viwo trɔ dzi me eye wotrɔ ɖe Yehowa ŋu la, exɔ na wo. Eɖo amewo abe Samson, Saul kple David be woaxɔ na yeƒe amewo. (Ʋɔn. 13:5, 24; 1 Sam. 9:15-17; 18:6, 7) Eye abe ale si Ezekiel gblɔe ɖi ene la, esi Babilontɔwo va eye emegbe Helatɔwo hã va woƒe anyigbaa dzi la, wohe to na Filistitɔwo “le dɔmedzoe helĩhelĩ me.”—Eze. 25:15-17.

16, 17. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple Filistitɔwo me?

16 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple Filistitɔwo me? Dukɔ sesẽ siwo ɖu amewo dzi va yi la dometɔ aɖewo te Yehowa subɔla siwo li egbea la ɖe anyi. Míawo ya míelé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Yehowa, menye abe Israel ene o. Gake ɣeaɖewoɣi la, adze abe ame siwo tsi tre ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu ƒe alɔ de dzi ene. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 20 lia ƒe gɔmedzedze la, Amerika dziɖuɖua lé ame siwo nɔ ŋgɔ xɔm le habɔbɔa me la de gaxɔ me eye woka ƒe gbogbowo na wo kple susu be yewoaxe mɔ na Yehowa ƒe amewo. Le xexemeʋa evelia wɔɣi la, Nazi dziɖuɖu si nɔ Germany te kpɔ be yeabu mo na Mawu ƒe amewo, elé ame akpe geɖe de gaxɔ me eye wòwu wo dometɔ gbogbo aɖewo. Le aʋa ma megbe la, Soviet Union dziɖuɖua ho aʋa ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, eye wokplɔ mía nɔvi aɖewo yi fuwɔamesaɖawo me alo kplɔ wo yi teƒe didi aɖe ke.

17 Dziɖuɖuwo ayi edzi aɖo asi gbeƒãɖeɖedɔa dzi, ade Mawu ƒe amewo gaxɔ me eye woawu mía dometɔ aɖewo gɔ̃ hã. Ðe wòle be esia nana míavɔ̃ eye míaƒe xɔse nagbɔdzɔa? Kpao! Yehowa akpɔ esubɔla wɔnuteƒewo ta. (Xlẽ Mateo 10:28-31.) Míekpɔe be dziɖuɖu sesẽ siwo sea ŋuta la dometɔ aɖewo nu yi, evɔ Yehowa ƒe amewo ya le dzidzim ɖe edzi. Madidi o, nu si dzɔ ɖe Filistitɔwo dzi la ke adzɔ ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã dzi, azu dzizizi na wo be woadze si Yehowa. Wo nu ayi keŋkeŋ abe Filistitɔwo ene!

‘Kesinɔnu Gbogbowo’ Makpɔ Ame Ta Ðaa O

18. Du ka tɔgbie Tiro nye?

18 Blemadu si nye Tiro * nye asitsadu gã aɖe le xexea me ɣemaɣi si me amewo va tsaa asi le. Asitsamɔ vovovowo le Tiro, si nye du le Mediterranea-ƒua dzi le ɣetoɖoƒe gome la si. Eye asitsamɔ vovovowo le Tiro si ɖo ta ɣedzeƒe gome si nana wòtsaa asi yia dukɔ bubuwo me le didiƒe ʋĩi ke. Eƒo kesinɔnu gbogbo aɖewo nu ƒu tsɔ kpe ɖe esiwo nɔ esi xoxo hena ƒe geɖe la ŋu. Ame siwo tsaa asi le eme la va kpɔ kesinɔnuwo ale gbegbe be wobua wo ɖokuiwo amegãwoe.—Yes. 23:8.

19, 20. Vovototo kae le Tirotɔwo kple Gibeontɔwo dome?

19 Le Fia David kple Salomo ƒe dziɖuɣiwo la, kadodo nɔ Israel-viwo kple Tiro nɔlawo dome si na wotsɔ xɔtunuwo vɛ be woatsɔ atu David ƒe fiasã la kple emegbe Salomo ƒe gbedoxɔa, eye woɖo aɖaŋudɔwɔlawo hã ɖa. (2 Kron. 2:1, 3, 7-16) Tirotɔwo kpɔe be Israel-viwo ɖoa to Yehowa ɣemaɣi. (1 Fia. 3:10-12; 10:4-9) Bu mɔnukpɔkpɔ si gbegbe su Tirotɔ akpe gbogbo aɖewo si be woatsɔ asrɔ̃ nu tso tadedeagu dzadzɛa ŋu, adze si Yehowa eye woakpɔ yayra alo viɖe siwo le Mawu vavã la subɔsubɔ me ŋu kpɔ ko!

20 Togbɔ be mɔnukpɔkpɔ sia su wo si hã la, Tiro nɔlawo yi edzi vu ɖe kesinɔnuwo didi ŋu. Womesrɔ̃ Gibeontɔ siwo nɔ Kanaantɔwo ƒe du aɖe me, siwo va zu Yehowa subɔlawo le nya siwo wose kple eƒe ŋusẽdɔ siwo ŋu nya wose ta la ƒe nuwɔna o. (Yos. 9:2, 3, 22–10:2) Le nyateƒe me la, Tiro nɔlawo va trɔ ɖe Mawu ƒe amewo ŋu, eye wodzra wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã wozu kluviwo.—Ps. 83:2, 7; Yoel 3:4, 6; Amos 1:9.

Míadi gbeɖe be míabu kesinɔnuwo abe gli si akpɔ mía ta ene o

21, 22. Nu kae dzɔ ɖe Tiro dzi, eye nu ka tae?

21 Yehowa to Ezekiel dzi gblɔ na tsitretsiɖeŋula mawo be: “Kpɔ ɖa, matso ɖe ŋuwò, Oo Tiro, eye mana dukɔ geɖewo naho ɖe ŋuwò, abe ale si ƒutsotsoewo honae ene. Woagbã Tiro ƒe gliwo, woamu eƒe xɔ tsralawo aƒu anyi, makplɔ eƒe ke ƒiaƒiaƒia, eye mawɔe wòazu agakpe ƒeƒle.” (Eze. 26:1-5) Tiro nɔlawo ɖo ŋu ɖe woƒe kesinɔnuwo ŋu be wòakpɔ yewo ta abe ale si yewoƒe du si nɔ ƒukpo dzi si ƒe gliwo kɔkɔ meta 46 la kpɔa yewo ta ene. Ne ɖe woɖo to Salomo ƒe nuxlɔ̃amea la, anye ne ede wo dzi wu. Nuxlɔ̃ame ma gblɔ be: “Kesinɔtɔ ƒe kesinɔnuwoe nye eƒe du sesẽ; eye wòbunɛ be enye gli sesẽ si akpɔ ye ta.”—Lod. 18:11.

22 Esi Babilontɔwo kple emegbe Helatɔwo na Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo va eme la, Tiro nɔlawo va de dzesii be kesinɔnuwo kple dua ƒe gli siwo yewobu be woakpɔ yewo ta la nye dzodzro. Esi Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem vɔ megbe la, woho aʋa ɖe Tiro ŋu ƒe 13 sɔŋ. (Eze. 29:17, 18) Azɔ le ƒe 332 D.Y. me la, Aleksanda Gãtɔ na Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa vevi aɖe va eme. * Eƒe aʋawɔlawo lɔ Tiro dugã la ƒe gli gbagbãwo, kpewo kple atiwo kɔ ɖe tsia me tsɔ do mɔ yi dua ƒe akpa si nye ƒukpo la dzi. (Eze. 26:4, 12) Aleksanda gbã gliawo, lɔ dua me nuwo, wu aʋawɔla kple dumevi gbogbo aɖewo eye wòdzra wo dometɔ geɖewo hã wozu kluviwo. Eva zu dzizizi na Tiro nɔlawo be woadze si Yehowa esi wova kpɔe azɔ be ‘kesinɔnu gbogbowo’ mekpɔa ame ta ɖaa o.—Eze. 27:33, 34.

Togbɔ be Tiro dze du si nɔ dedie hã la, wotsrɔ̃e abe ale si Ezekiel gblɔe ɖi ene (Kpɔ Memama 22)

23. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Tiro nɔlawo ƒe nuwɔnaa me?

23 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso Tiro nɔlawo ƒe nuwɔnaa me? Míadi gbeɖe be míaɖe mɔ “kesinɔnuwo ƒe amebleŋusẽ” nawɔe be míava nɔ kesinɔnuwo bum abe gli si akpɔ mía ta la ene o. (Mat. 13:22) “Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” (Xlẽ Mateo 6:24.) Le nyateƒe me la, ame siwo subɔa Yehowa tso dzi blibo me koe le dedie. (Mat. 6:31-33; Yoh. 10:27-29) Nyagblɔɖi siwo ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ŋu la ava eme tsitotsito abe ale si nyagblɔɖi siwo ku ɖe Tiro ŋu la va emee ene. Ɣemaɣi la, ava zu dzizizi na ame siwo da woƒe susuwo ɖe kesinɔnuwo dzi la be woadze si Yehowa, ne ele xexe sia me asitsahabɔbɔ si nye ŋuklẽla ɖokuitɔdilawo tsrɔ̃m.

Egipte Ƒe Ŋusẽ Le Abe “Aƒla Dzro Ko” Ene

24-26. (a) Nu ka tae Yehowa yɔ Egipte be enye “aƒla dzro ko”? (b) Aleke Fia Zedekiya gbe Yehowa ƒe mɔfiame, eye nu kae do tso eme?

24 Do ŋgɔ na Yosef ƒe ɣeyiɣia va se ɖe esime Babilontɔwo ho ɖe Yerusalem ŋu la, Egipte ye nye dukɔ si kpɔ ŋusẽ wu le Ŋugbedodonyigbaa ƒe nutoa me. Esi Egipte nɔ anyi tso ɣeaɖeɣi ke ta la, edze abe eli ke abe ati gã aɖe si tsi ŋutɔ la ene. Gake ne wotsɔe sɔ kple Yehowa la, meɖi naneke kura o, ɖeko eƒe ŋusẽ le abe “aƒla dzro ko” ene.—Eze. 29:6.

25 Fia Zedekiya si zu xɔsegbela la mede dzesi esia le Egipte ŋu o. Yehowa to nyagblɔɖila Yeremiya dzi gblɔ na Zedekiya be wòabɔbɔ ɖe Babilon-fia te. (Yer. 27:12) Zedekiya ka atam le Yehowa ƒe ŋkɔ me gɔ̃ hã be yemadze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu o. Gake egbe Yehowa ƒe mɔfiamea, mewɔ ɖe atam si wòka na Nebukadnezar la dzi o, eye wòtrɔ ɖe Egipte ŋu be wòakpe ɖe ye ŋu yeawɔ aʋa kple Babilontɔwo. (2 Kron. 36:13; Eze. 17:12-20) Ke hã Israel-vi siwo ɖo ŋu ɖe Egipte ƒe ŋusẽ ŋu la he vɔ̃ gã aɖe va wo ɖokuiwo dzi. (Eze. 29:7) Egipte adze abe “ƒumelã klitsu” aɖe si ŋu ŋusẽ le ene. (Eze. 29:3, 4) Gake Yehowa gblɔ be yeatu nu kple Egipte abe ale si lãɖelawo léa Nil-tɔsisi la me lowo ene, eye yeatsɔ ƒu aƒo ɖe alɔgo me nɛ ahee adoe ahatsrɔ̃e. Yehowa wɔ esia esi wòdɔ Babilontɔwo ɖa wova tsrɔ̃ blema du ma.—Eze. 29:9-12, 19.

26 Ke nu kae dzɔ ɖe Zedekiya mawɔnuteƒea dzi? Esi wòdze aglã ɖe Yehowa ŋu ta la, Ezekiel gblɔe ɖi be woaɖe fiakuku le ta na “amegã vɔ̃ɖi” sia, eye eƒe fiaɖuɖua dome agblẽ. Gake Ezekiel gagblɔ nya bubu aɖe si na mɔkpɔkpɔ ame. (Eze. 21:25-27) Yehowa to Ezekiel dzi gblɔe ɖi be fia aɖe si tso fiaƒome ma me, “ame si tɔ wònye” la, ava xɔ fiazikpuia. Le agbalẽ sia ƒe ta si kplɔe ɖo me la, míakpɔ ame si wònye.

27. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple Egipte la me?

27 Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Israel-viwo de ha kple Egipte la me? Mele be Yehowa ƒe ame siwo li egbea nanɔ ŋu ɖom ɖe dziɖuɖuwo ŋu kple susu be woakpɔ yewo ta ɖaa o. Le míaƒe susu me gɔ̃ hã la, mele be míanye “xexea ƒe akpa aɖeke o.” (Yoh. 15:19; Yak. 4:4) Adze abe ŋusẽ le dziɖuɖuwo ŋu ene, gake abe blema Egipte ene la, ŋusẽ aɖeke kura mele wo ŋu o, ɖeko wole abe aƒla dzro ko ene. Anye nuwo ŋu mabumabu nyuie be míanɔ ŋu ɖom ɖe amegbetɔ dzro ko ŋu le esi teƒe be míaɖo ŋu ɖe xexea katã ƒe Dziɖulagã la boŋ ŋu!—Xlẽ Psalmo 146:3-6.

Mele be míade dunyaheha aɖe dzi ne míawo ɖeɖe míeli gɔ̃ hã o (Kpɔ Memama 27)

Dukɔwo ‘Adze Sii’

28-30. Vovototo kae le ale si dukɔwo ‘adze si’ Yehowa kple ale si míawo míedze si Yehowa la dome?

28 Yehowa gblɔ zi geɖe le Ezekiel ƒe agbalẽa me be dukɔwo ‘adze sii be, nyee nye Yehowa.’ (Eze. 25:17) Nya mawo va eme nyateƒe le blema esime Yehowa drɔ̃ ʋɔnu dukɔ siwo nye eƒe amewo ƒe futɔwo. Gake woagava eme le mɔ si lolo wu nu le míaƒe ŋkekea me. Le mɔ ka nu?

29 Abe ale si wònɔ le Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le blema gome ene la, dukɔ siwo bua mí be míele nuvo abe alẽ ɖeka aɖe si tsi asi ene la ƒo xlã mí godoo. (Eze. 38:10-13) Míadzro ale si madidi o dukɔwo ava dze Mawu ƒe amewo dzi vɔ̃ɖitɔe la me le agbalẽ sia ƒe Ta 17 kple 18 lia me. Gake ne wotee kpɔ la, woava dze sii be ze wu ze. Ava zu dzizizi na wo be woadze si Yehowa eye woalɔ̃ ɖe eƒe dziɖulanyenye dzi ne ele wo tsrɔ̃m le Armagedon-ʋaa me.—Nyaɖ. 16:16; 19:17-21.

30 Gake Yehowa akpɔ míawo ya mía ta eye wòayra mí. Nu ka tae? Elabena míewɔ mɔnukpɔkpɔ si su mía si fifia la ŋu dɔ tsɔ dze si Yehowa, ɖo toe eye míetsɔ subɔsubɔ dzadzɛ si wòdze na la nɛ tsɔ ɖee fia be míeka ɖe eya amea dzi.—Xlẽ Ezekiel 28:26.

^ mm. 15 Le kpɔɖeŋu me, Filistitɔwo meɖe mɔ na Israel-viwo be woawɔ gbededɔ aɖeke o. Ele be Israel-viwo nayi Filistitɔwo gbɔ hafi ate ŋu anyre agblenuwo, eye ga si woxɔna ne wonyre dɔwɔnuwo na wo la nye ŋkeke geɖe ƒe fetu.—1 Sam. 13:19-22.

^ mm. 18 Wotu Tiro du gbãtɔ ɖe agakpe aɖe si nɔ atsiaƒu me si medidi tso ƒua ta o la dzi, eye wònɔ abe kilometa 50 ene tso Karmel To la ƒe dziehe gbɔ. Emegbe wova tso dua ƒe akpa aɖe ɖe anyigba ƒuƒui dzi. Hebrigbe me ŋkɔ Sur, si woyɔna na dua gɔmee nye “Agakpe.”

^ mm. 22 Yesaya, Yeremiya, Yoel, Amos kple Zakariya hã gblɔ nya ɖi ku ɖe Tiro ŋu eye wova eme tsitotsito.—Yes. 23:1-8; Yer. 25:15, 22, 27; Yoel 3:4; Amos 1:10; Zak. 9:3, 4.