Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 10

“Miagbɔ Agbe”

“Miagbɔ Agbe”

EZEKIEL 37:5

NYA VEVITƆ: Ŋutega si ku ɖe ale si wogbɔ agbe “ƒu ƒuƒuwo” ŋu kple ale si wòva eme le mɔ si lolo wu nu

1-3. Nu kae na Yudatɔ siwo nɔ Babilon la ƒe nɔnɔme trɔ? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

 YUDATƆ siwo nɔ Babilon la ƒe nɔnɔme trɔ! Ezekiel nɔ egblɔm ƒe atɔ̃ sɔŋ be woatsrɔ̃ Yerusalem, gake womexɔe se o. Le dzesi siwo katã wòwɔ fia, kpɔɖeŋu siwo ŋu wòƒo nu tsoe kple gbedeasi siwo wògblɔ vɔ megbe gɔ̃ hã la, aboyomeawo mexɔe se be Yehowa aɖe mɔ woatsrɔ̃ Yerusalem o. Esi wose be Babilontɔwo ƒe aʋawɔlawo ɖe to ɖe Yerusalem gɔ̃ hã la, wogaka ɖe edzi kokoko be dua me nɔlawo anɔ dedie.

2 Fifia esi woɖe to ɖe Yerusalem le ƒe eve megbe la, aʋasila aɖe tso Yerusalem va ɖo Babilon eye wògblɔ be, “Wosi du la!” Nya ma ɖe dzi le aboyomeawo ƒo. Womexɔe se be: yewoƒe du lɔlɔ̃a, gbedoxɔ kɔkɔea, kple yewo denyigba lɔlɔ̃a katã nu yi o! Dziɖeleameƒo va xɔ ɖe mɔkpɔkpɔ si nɔ wo si la teƒe.—Eze. 21:7; 33:21.

3 Ke hã, le ɣeyiɣi sia si dzi ɖe le wo ƒo me la, Ezekiel kpɔ ŋutega aɖe si na mɔkpɔkpɔ ame. Gbedeasi kae le ŋutega ma me na aboyome siwo ƒo dzi ɖe le la? Aleke ŋutega la ka Mawu ƒe amewo egbea, eye vi kae wòaɖe na mía dometɔ ɖe sia ɖe? Be míakpɔ ŋuɖoɖoawo la, na míakpɔ nu si Yehowa ɖe fia Ezekiel la ɖa.

“Gblɔ Nya Ði Ðe Ƒu Siawo Ŋu” Eye “Gblɔ Nya Ði Ðo Ðe Ya”

4. Nu kawoe Ezekiel de dzesii le ŋutega si woɖe fiae la me?

4 Xlẽ Ezekiel 37:1-10. Wokplɔ Ezekiel yi bali aɖe si me ƒuwo yɔ fũu la me le ŋutega me. Ðewohĩ esi Yehowa di be yeana ŋutegaa nawɔ dɔ ɖe Ezekiel dzi bliboe ta la, egblɔ na nyagblɔɖilaa be wòato ƒu mawo siwo kaka ɖi la “ŋu godoo va kpe.” Esi Ezekiel nɔ zɔzɔm le balia me la, ede dzesi nu eve aɖewo le ƒuawo ŋu. Woawoe nye: ale si wosɔ gbɔe kple nɔnɔme si me wole. Ekpɔe be “ƒuawo sɔ gbɔ . . . fũu” eye “woƒu kplakplakpla.”

5. Nya eve kae Yehowa gblɔ na Ezekiel, eye nu kae dzɔ esi wòwɔ nu si wogblɔ nɛ be wòawɔ la?

5 Emegbe Yehowa de se na Ezekiel be wòagblɔ nya eve ɖi tso ale si agbe agaɖo ƒuawo me vivivi la ŋu. Gbã la, egblɔ nɛ be: “Gblɔ nya ɖi ɖe ƒu siawo ŋu” be ‘migbɔ agbe.’ (Eze. 37:4-6) Esi Ezekiel nya gblɔ nya ɖi ko la, ese “nane nɔ ɖiɖim xotsoxotso, eye ƒuawo nɔ tetem kpe,” emegbe “lãmeka kple lãkusi” ɖo ƒuawo ŋu “eye ayi fa ɖe wo ŋu.” (Eze. 37:7, 8) Nya evelia si wògblɔ nɛ ye nye be: “Gblɔ nya ɖi ɖo ɖe ya” be ‘wòaƒo to’ ame kukuawo dzi. Esi Ezekiel gblɔ nya ɖi vɔ la, “gbɔgbɔ ɖo wo me wogbɔ agbe hetso ɖe woƒe afɔwo dzi; aʋakɔ gã nyadri aɖee wonye.”—Eze. 37:9, 10.

“Míaƒe Ƒuwo Ƒu Kplakplakpla, Eye Mɔkpɔkpɔ Bu Ðe Mí”

6. Nya kawoe Yehowa gblɔ na Ezekiel si kpe ɖe eŋu wòse ŋutegaa gɔme?

6 Azɔ Yehowa ɖe ale si woase ŋutega gɔme la fia Ezekiel esi wògblɔ be: “Ƒu siawoe nye Israel ƒe aƒe blibo la.” Esi aboyomeawo se be wotsrɔ̃ Yerusalem la, wose le wo ɖokuiwo me abe ɖe woku ene. Eya ta wofa konyi be: “Míaƒe ƒuwo ƒu kplakplakpla, eye mɔkpɔkpɔ bu ɖe mí. Woɖe mí ɖe aga kura.” (Eze. 37:11; Yer. 34:20) Esi Yehowa kpɔ be wonɔ konyi fam la, egblɔ na wo be gbedeasi aɖe le ŋutega wɔnublanui sia si ku ɖe ƒuawo ŋu me si ana mɔkpɔkpɔ Israel.

7. Le Ezekiel 37:12-14 la, nu kae Yehowa ɖe fia Ezekiel, eye kakaɖedzi kae esia na Mawu ƒe ame siwo woɖe aboyoe la?

7 Xlẽ Ezekiel 37:12-14. Yehowa to ŋutega sia dzi ka ɖe edzi na aboyomeawo be yeagbɔ agbe wo, yeakplɔ wo ayi wo denyigba dzi eye woanɔ afi ma. Azɔ hã, Yehowa gayɔ wo be “nye dukɔ.” Nya mawo anya do ŋusẽ aboyome mawo siwo ƒo dzi ɖe le la ŋutɔ! Aleke woawɔ aka ɖe edzi be gbugbɔgaɖɔɖo si ŋugbe wodo na wo la nye nyateƒe? Elabena Yehowa ŋutɔe do ŋugbea. Egblɔ be: “Nye, Yehowa, ye ƒo nu, eye mewɔ edzi hã.”

8. (a) Mɔ ka nue “Israel ƒe aƒe blibo la” ku le? (b) Aleke Ezekiel 37:9 kpe ɖe mía ŋu míekpɔ nu si na Israel ku le kpɔɖeŋumɔ nu? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

8 Aleke ŋutega sia si nye nyagblɔɖi wɔnublanui la va eme ɖe Israel-vi siwo nɔ anyi le blema la dzi? Esi Israel to ewo fiaɖuƒea yi aboyo me le ƒe 740 D.Y. me la, ƒomedodo si nɔ wo kple Yehowa dome la gblẽ keŋkeŋ kloe. Esi wova ɖe aboyo Yuda hã le ƒe 130 megbe la, “Israel ƒe aƒe blibo la” katã yi aboyo me. (Eze. 37:11) Le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, aboyomeawo nɔ abe ɖe woku hele abe ƒu siwo Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ene ɣemaɣi. * Azɔ hã, ɖo ŋku edzi be menye ƒuwo koe Ezekiel kpɔ o, ke ekpɔ be ƒuawo “ƒu kplakplakpla,” si fia be woku eteƒe didi. Le nyateƒe me la, ne míebu Israel kple Yuda dukɔa siaa ƒe aboyomenɔnɔa tso ƒe 740 va se ɖe 537 D.Y. la, ewu ƒe 200.—Yer. 50:33.

9. Nu kawo mee nu si me blema Israel to kple nu si me “Mawu ƒe Israel” to la sɔ le?

9 Gbugbɔgaɖɔɖo ŋuti nyagblɔɖi siwo ku ɖe Israel ŋu abe esiwo Ezekiel gblɔ ɖi ene la va eme le mɔ si lolo wu nu. (Dɔw. 3:21) Abe ale si ko blema Israel ‘ku’ le kpɔɖeŋumɔ nu ɣeyiɣi didi aɖe, le esi wowu wo ta la, nenema kee wowu “Mawu ƒe Israel” si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hame la hã, eye woɖe aboyo wo le kpɔɖeŋumɔ nu ɣeyiɣi didi aɖe. (Gal. 6:16) Le nyateƒe me la, amesiaminawo ƒe hamea nɔ aboyo me eteƒe didi ale gbegbe be woate ŋu atsɔ nɔnɔme si me wonɔ le gbɔgbɔ me la asɔ kple ƒu siwo ‘ƒu kplakplakpla.’ (Eze. 37:2) Abe ale si míeɖe eme le ta si va yi me ene la, Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea yi aboyo me tso ƒe alafa evelia K.Ŋ. eye wonɔ aboyo me ƒe alafa geɖe abe ale si Yesu gblɔe le Fiaɖuƒea ƒe lododo si ku ɖe lu kple gbe vɔ̃ɖiawo ŋu me ene.—Mat. 13:24-30.

Ƒu siwo “ƒu kplakplakpla” siwo Ezekiel kpɔ le ŋutega me la fia ale si woɖe aboyo Yehowa ƒe amesiaminawo si na woku ɣeyiɣi didi aɖe (Kpɔ Memama 8, 9)

“Ƒuawo Nɔ Tetem Kpe”

10. (a) Nu siwo ava eme ɖe Mawu ƒe amewo dzi ka ŋu nyae wogblɔ le Ezekiel 37:7, 8? (b) Nu kawoe anya na mawuvɔ̃la siwo nɔ aboyo me la ƒe xɔse gava nɔ sesẽm vivivi?

10 Le blema la, Yehowa gblɔe ɖi be agbe agaɖo yeƒe amewo me vivivi. (Eze. 37:7, 8) Eya ta nu kawoe na mawuvɔ̃la siwo nɔ aboyo me la xɔe se be ale si yewonɔ mɔ kpɔm vevie be yewoatrɔ ayi Israel-nyigba dzi la ava eme? Nu si na woka ɖe edzi la ƒe ɖee nye nya siwo nyagblɔɖila siwo do ŋgɔ la gblɔ ɖi. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya gblɔe ɖi be aboyome siwo susɔ, siwo nye “dzidzime kɔkɔe” aɖe la atrɔ ayi wo de. (Yes. 6:13; Hiob 14:7-9) Azɔ hã, nyagblɔɖi gbogbo siwo Ezekiel ŋlɔ ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu la na woƒe mɔkpɔkpɔ me gasẽ. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nuteƒewɔla siwo nɔ Babilon siwo dometɔ ɖekae nye nyagblɔɖila Daniel kple ale si wotsrɔ̃ Babilon nukutɔe le ƒe 539 D.Y. na be dzi gaɖo aboyomeawo ƒo eye wonɔ mɔ kpɔm be yewoatrɔ ayi aƒe.

11, 12. (a) Aleke wogaɖo “Mawu ƒe Israel” la te vivivi? (Kpɔ aɖaka si nye “Tadedeagu Dzadzɛ Si Wogaɖo Te Vivivi.”) (b) Biabia kae nya siwo le Ezekiel 37:10 la fɔ ɖe te?

11 Aleke wogaɖo “Mawu ƒe Israel” si nye Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea hã te le mɔ ma tɔgbi nu vivivi? Esi woɖe aboyo wo si na woku ƒe alafa geɖe megbe la, wose “nane nɔ ɖiɖim xotsoxotso,” si fia be mawuvɔ̃la aɖewo te tadedeagu vavãtɔ ɖoɖo anyi. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe alafa 16 lia me la, William Tyndale ɖe Biblia gɔme ɖe Eŋlisigbe me. Ema ve dɔme na Roma Katolikoha la ƒe nunɔlawo be ame tsɛwo ate ŋu axlẽ Biblia azɔ. Esia na wowu Tyndale. Togbɔ be ele alea hã la, ame bubu siwo ƒo dzi nɔ la ɖe Biblia gɔme eye wotae ɖe gbegbɔgblɔ bubuwo me, si wɔe be gbɔgbɔmekekelia klẽ le xexe doviviti ma katã me.

12 Emegbe esi Charles T. Russell kple eƒe zɔhɛwo nɔ dɔ wɔm vevie be yewoagbugbɔ Biblia me nyateƒeawo aɖo te la, ɖeko wònɔ abe ɖe “lãmeka kple lãkusi” ɖo ƒuawo ŋu ene. Zion Gbetakpɔxɔ kple agbalẽ bubu siwo wota la kpe ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu woke ɖe Biblia me nyateƒea ŋu, eye esia ʋã wo be wova wɔ ɖeka kple mawusubɔla amesiaminawo. Le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze la, dɔwɔnu siwo nye “Xexemewɔwɔ Ƒe Foto-Drama” kple agbalẽ si nye Woɖe Nya Ɣaɣla La Ðe Go (siwo le yevugbe me) la de dzo yeye Mawu ƒe amesiaminawo me. Ema megbe kpuie la, ɣeyiɣia de na Mawu be wòana eƒe amewo ‘natso ɖe woƒe afɔwo dzi.’ (Eze. 37:10) Ɣekaɣie esia dzɔ eye aleke wòdzɔe? Nu siwo dzɔ le blema Babilon la akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋuɖoɖoa.

“Wogbɔ Agbe Hetso Ðe Woƒe Afɔwo Dzi”

13. (a) Tso ƒe 537 D.Y. dzi la, aleke nya siwo le Ezekiel 37:10, 14 va emee? (b) Ŋɔŋlɔ kawoe ɖee fia be to ewo fiaɖuƒea me tɔ aɖewo trɔ yi Israel?

13 Tso ƒe 537 D.Y. dzi la, Yudatɔ siwo nɔ Babilon la kpɔ ŋutegaa me vava teƒe. Le mɔ ka nu? Yehowa gbɔ agbe wo eye wòna ‘wotso ɖe woƒe afɔwo dzi’ esi wòɖe wo tso aboyo me eye wòna wotrɔ yi Israel. Israel-vi siwo ƒe xexlẽme nye 42,360 kple ame 7,000 siwo menye Israel-viwo o, ye dzo le Babilon be yewoagbugbɔ Yerusalem dua atso, atu gbedoxɔa eye yewoanɔ Israel-nyigba dzi. (Ezra 1:1-4; 2:64, 65; Eze. 37:14) Eye le ƒe 70 aɖewo megbe la, aboyome siwo ade 1,750 dze Ezra yome esi wòtrɔ gbɔna Yerusalem. (Ezra 8:1-20) Le ye katã me la, Yudatɔ siwo wu 44,000 ye trɔ gbɔ, wonye “aʋakɔ gã” vavã. (Eze. 37:10) Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nyaa gblɔ be to ewo fiaɖuƒea me tɔwo, ame siwo tɔgbuiwo Asiriatɔwo ɖe aboyoe le ƒe alafa enyilia D.Y. me la hã trɔ va Israel eye wokpe asi ɖe gbedoxɔa tutu ŋu.—1 Kron. 9:3; Ezra 6:17; Yer. 33:7; Eze. 36:10.

14. (a) Aleke nya siwo le Ezekiel 37:24 kpe ɖe mía ŋu míenya ɣeyiɣi si nyagblɔɖia va eme le mɔ si lolo wu nu? (b) Nu kae dzɔ le ƒe 1919 me? (Kpɔ aɖaka si nye “‘Ƒu Ƒuƒuwo’ Kple ‘Ðasefo Eveawo’—Aleke Nya Eve Siawo Do Ƒomee?”)

14 Aleke Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia va eme le mɔ si lolo wu nu? Le ŋutega bubu si Yehowa ɖe fia Ezekiel si sɔ kple esia me la, nyagblɔɖi si ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu me vava si lolo wu la adzɔ ne David Gãtɔ, Yesu Kristo dze Fiaɖuɖu gɔme megbe kpuie. * (Eze. 37:24) Le nyateƒe me la, Yehowa de eƒe gbɔgbɔa eƒe amewo me le ƒe 1919 me. Esia na ‘wogbɔ agbe’ eye woɖe wo tso Babilon Gã la ƒe aboyo me. (Yes. 66:8) Le esia megbe la, Yehowa na wotrɔ va woƒe ‘anyigba,’ si nye gbɔgbɔmeparadiso la dzi. Gake mɔ ka nue Yehowa ƒe ame siwo li egbea va zu “aʋakɔ gã” aɖe le?

15, 16. (a) Mɔ ka nue Yehowa ƒe ame siwo li egbea zu “aʋakɔ gã” aɖe le? (b) Aleke Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽ siwo míedoa goe la nu? (Kpɔ aɖaka si nye “Nu Si Akpe Ðe Mía Ŋu Míagatso Ðe Míaƒe Afɔwo Dzi.”)

15 Esi Kristo ɖo kluvi nuteƒewɔlaa le ƒe 1919 megbe kpuie la, mawusubɔlawo kpɔ nu si Zakariya, ame si nye nyagblɔɖila le aboyome siwo trɔ gbɔ dome gblɔ ɖi la teƒe. Egblɔ be: “Dukɔ geɖewo kple dukɔ sesẽwo ava di . . . Yehowa.” Nyagblɔɖilaa gblɔ tso ame siwo ava di Yehowa ŋu be wonye ‘ame ewo tso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo katã me.’ Ameawo alé “Yudatɔ ɖeka,” si fia gbɔgbɔ me Israel, eye woanɔ gbɔgblɔm be: “Míayi kpli mi, elabena míese be Mawu li kpli mi.”—Zak. 8:20-23.

16 Egbea, gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo (amesiamina susueawo) eye ne míakekee ɖe enua, ‘ame ewoawo’ (alẽ bubuawo) wɔ ɖeka zu “aʋakɔ gã nyadri” aɖe si ade ame miliɔn gbogbo aɖewo. (Eze. 37:10) Esi míenye Kristo ƒe asrafo siwo le dzidzim ɖe edzi ta la, míedzea míaƒe Fia Yesu yome tututu be yayra siwo le ŋgɔ na mí la nasu mía si.—Ps. 37:29; Eze. 37:24; Flp. 2:25; 1 Tes. 4:16, 17.

17. Nu ka mee míadzro le ta si kplɔe ɖo me?

17 Tadedeagu dzadzɛ sia si wogbugbɔ ɖo anyi la ada agba vevi aɖe ɖe Mawu ƒe amewo dzi. Agba kae? Be míaɖo nya sia ŋu la, ele be míatrɔ ayi megbe eye míade ŋugble tso dɔ aɖe si Yehowa de asi na Ezekiel do ŋgɔ hafi wova tsrɔ̃ Yerusalem la ŋu. Míadzro esia me le agbalẽ sia ƒe ta si kplɔe ɖo me.

^ mm. 8 Ƒu siwo Ezekiel kpɔ le ŋutega me la nye ‘ame kukuwo.’ (Eze. 37:9) Menye ame siawo ŋutɔwoe ku o, ke boŋ ɖe wowu wo. Le nyateƒe me la, esi Asiria ɖu Israel to ewo fiaɖuƒea dzi, ɖe aboyo wo kplɔ wo dzoe, eye emegbe Babilon hã ɖu Yuda to eve fiaɖuƒea dzi, ɖe aboyo wo eye wokplɔ wo dzoe la, wowu “Israel ƒe aƒe blibo la” le kpɔɖeŋumɔ nu.

^ mm. 14 Míeƒo nu tso Mesia Fiaɖuƒea ŋuti nyagblɔɖia ŋu le agbalẽ sia ƒe Ta 8 lia me.