Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 8

“Maɖo Kplɔla Ðeka”

“Maɖo Kplɔla Ðeka”

EZEKIEL 34:23

NYA VEVITƆ: Nyagblɔɖi ene siwo ku ɖe Mesia ŋu kple ale si wova eme ɖe Kristo dzi

1-3. Nu ka tae Ezekiel ƒe dzi gbã, eye nya kae gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ?

 EZEKIEL le aboyo me ƒe adee nye ema. * Nyagblɔɖilaa ƒe dzi gbã esi wòbu nɔnɔme wɔblanui si me dziɖula siwo le wo denyigba lɔlɔ̃a Yuda, si le adzɔge kilometa geɖe dzi le nu wɔmee ŋu. Fia gbogbo aɖewo ɖu dzi le eŋɔli.

2 Wodzi Ezekiel le Fia wɔnuteƒe Yosiya ƒe dziɖuɖu ƒe domedome lɔƒo. Dzi anya dzɔ Ezekiel esi wòse ɖoɖo si Yosiya de tome be woaɖe legbawo ɖa le Yuda eye woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. (2 Kron. 34:1-8) Gake Yosiya ƒe agbagbadzedzewo mena nuwo ɖɔ ɖo ɖaa o, elabe fia siwo va ɖe eyome la dometɔ geɖe yi edzi subɔ trɔ̃wo. Mewɔ nuku o be le dziɖula vɔ̃ɖi mawo ŋɔli la, dukɔa ƒe agbe nyui nɔnɔ kple mawusubɔsubɔ yi to kura. Ðe mɔkpɔkpɔ aɖe galia? Ɛ̃!

3 Yehowa to eƒe nyagblɔɖila wɔnuteƒe la dzi wòŋlɔ Mesia, ame si ava ɖu dzi le etsɔme kple Kplɔla si agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi tegbee, eye wòalé be na Yehowa ƒe alẽawo la ŋuti nyagblɔɖi gbogboawo ƒe gbãtɔ ɖi. Ele vevie be míade ŋugble le nyagblɔɖi mawo ŋu nyuie, elabe wo me vava ye ana míava nɔ agbe tegbee le etsɔme. Na míade ŋugble le Mesia la ŋuti nyagblɔɖi ene siwo le Ezekiel ƒe agbalẽa me la ŋu.

“Ðɔmee Aɖe” Va Zu “Sederti Gã Aɖe”

4. Nya kae Ezekiel gblɔ ɖi, eye aleke Yehowa dze nyagblɔɖia gɔme?

4 Anɔ ƒe 612 D.Y. la, “Yehowa ƒe gbe” va na Ezekiel eye wògblɔ ale si Mesia ƒe dziɖuɖua akeke tae kple ale si wòle vevie be woaka ɖe eƒe Fiaɖuƒea dzi la ŋu nya ɖi. Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Ezekiel be wòato adzo aɖe si nye nyagblɔɖi si ɖe ale si Yuda dziɖulawo mewɔ nuteƒe o kple ale si Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula si wɔa nu dzɔdzɔe la va hiãe la, na etɔ aboyomeawo tsɔ dze nyagblɔɖia gɔme.—Eze. 17:1, 2.

5. Adzoa me nya vevi aɖewo ɖe?

5 Xlẽ Ezekiel 17:3-10. Adzoa me nya vevi aɖewoe nye esi: “Hɔ̃ gã aɖe” ŋe sederti aɖe ƒe ɖɔmeɖɔmea ke, eye wòtsɔe yi “asitsalawo ƒe du aɖe me.” Azɔ hɔ̃a tsɔ “anyigba la dzi nukuwo ƒe ɖe” eye wòƒãe ɖe anyigba wɔnu aɖe dzi le “tɔ gãwo to.” Nukua tsi nyuie eye wòva zu ‘wainka si vu dranyii.’ Eyome “hɔ̃ gã bubu aɖe” do. Wainka sia ɖe ke ɖo ɖe hɔ̃ evelia ‘gbɔ’ be wòaho ye aɖado ɖe teƒe bubu si tsi le. Yehowa bu fɔ wainka sia ƒe nuwɔna, si fia be woaho eƒe kewo eye ‘wòaƒu keŋkeŋ.’

Hɔ̃ gã gbãtɔ si le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me si ŋe sederti aɖe ƒe ɖɔmeɖɔmea ke (Kpɔ Memama 6)

6. Ðe nu si adzoa fia la me.

6 Adzoa gɔme ɖe? (Xlẽ Ezekiel 17:11-15.) Le ƒe 617 D.Y. la, Babilon-fia Nebukadnezar (si nye “hɔ̃ gã” gbãtɔ) va ɖe to ɖe Yerusalem. Eŋe Yuda-fia Yehoyakin (si nye “ɖɔmeɖɔmea”) ɖa le fiazia dzi eye wòkplɔe yi Babilon (si nye “asitsalawo ƒe du aɖe me”). Nebukadnezar tsɔ Zedekiya (ame si tso fiaƒomea me si nye “anyigba la dzi nukuwo ƒe ɖe”) ɖo fiazia dzi le Yerusalem. Nebukadnezar na Yuda-fia yeyea ka atam le Mawu ƒe ŋkɔ me, eye esia ƒoe ɖe enu be wòawɔ nuteƒe na ame si tsɔe ɖo zia dzi. (2 Kron. 36:13) Gake Zedekiya mewɔ ɖe atam si wòka la dzi o; edze aglã ɖe Babilon-fia ŋu eye wòtrɔ ɖe Egipte-fia Farao (si nye “hɔ̃ gã” evelia) ŋu be wòana eƒe aʋawɔlawo nakpe ɖe ye ŋu, gake meɖe vi o. Yehowa bu fɔ Zedekiya elabe mewɔ ɖe atam si wòka la dzi o. (Eze. 17:16-21) Emegbe woɖe Zedekiya le zi dzi eye wòku ɖe gaxɔ me le Babilon.—Yer. 52:6-11.

7. Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso adzo sia si nye nyagblɔɖi la me?

7 Nu vevi kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso adzo sia si nye nyagblɔɖi la me? Gbãa, esi míenye tadeagula vavãwo ta la, ele be míawɔ ɖe míaƒe nyawo dzi. Yesu gblɔ be: “Mina miaƒe ‘Ɛ̃’ nanye ɛ̃, eye miaƒe ‘Ao’ nanye ao.” (Mat. 5:37) Ne eva hiã be míaka atam le Mawu ŋkume atsɔ ato nyateƒe le ʋɔnudrɔ̃ƒe la, míebua atamkaka sia be enye ŋkubiãnya. Evelia, ele be míakpɔ nyuie le ame si dzi míaka ɖo la ŋu. Biblia xlɔ̃ nu mí be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo ŋu loo, alo ɖe amegbetɔvi si mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.”—Ps. 146:3.

8-10. Aleke Yehowa ɖɔ Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dziɖulaa, eye aleke nyagblɔɖia va emee? (Kpɔ aɖaka si nye “Nyagblɔɖi Si Ku Ðe Mesia Ŋu—Sederti Gã La.”)

8 Ke hã, dziɖula aɖe li si dze, si dzi wòle be míaka ɖo bliboe eye míaɖo ŋu ɖe eŋu. Esi Yehowa gblɔ nya ɖi ku ɖe ɖɔme si woho do ŋu vɔ la, ehe susu yi nya sia ke si nye adzo la dzi tsɔ gblɔ nya ɖi tso Dziɖula si anye Mesia le etsɔme la ŋu.

9 Nya si nyagblɔɖia gblɔ. (Xlẽ Ezekiel 17:22-24.) Fifia ya meganye hɔ̃ gãwo ŋue nya sia ku ɖo o, ke boŋ eku ɖe afɔ si Yehowa ŋutɔ aɖe la ŋu. Aŋe “sederti kɔkɔ la ƒe ɖɔme aɖado . . . ɖe to kɔkɔ gã aɖe dzi.” Ðɔmee sia atsi ava zu “sederti gã aɖe” eye “xevi ɖe sia ɖe ƒomevi” anɔ eme. Ekema “gbemetiwo katã” adze sii be, Yehowa ŋutɔe na ati gã sia tsi.

10 Ale si nyagblɔɖia va emee. Yehowa ŋe Via Yesu Kristo tso David (si nye “sederti kɔkɔ” la) ƒe fiaƒomea me, eye wòdoe ɖe dziƒo Zion To (si nye “to kɔkɔ gã”) aɖe dzi. (Ps. 2:6; Yer. 23:5; Nyaɖ. 14:1) Yehowa tia Via, si eƒe futɔwo bu be enye “ame tsɛtɔ le amegbetɔwo dome,” eye wòtsɔ “fofoa David ƒe fiazikpui” nɛ tsɔ doe ɖe dzi. (Dan. 4:17; Luka 1:32, 33) Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia, Yesu Kristo, aɖu anyigba bliboa dzi eye wòanye yayratsoƒe na amegbetɔwo abe sederti gã ene. Dziɖula sia nye ame si dzi míate ŋu aka ɖo. Le Yesu ƒe Fiaɖuƒea te la, amegbetɔ toɖola siwo le anyigba bliboa dzi la “anɔ anyi dedie, aɖe dzi ɖi, eye vɔ̃ madzi ŋɔ [na wo] o.”—Lod. 1:33.

11. Nu vevi kae míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi si ku ɖe “ɖɔmee” si va zu “sederti gã aɖe” ŋu la me?

11 Nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi sia me. Nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi si ku ɖe “ɖɔmee” si va zu “sederti gã aɖe” ŋu la kpe ɖe mía ŋu be míate ŋu aɖo nyabiase vevi aɖe ŋu. Eyae nye: Ame ka ŋue míeɖoa ŋu ɖo? Nunya mele eme be míaɖo ŋu ɖe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo kple woƒe aʋawɔnuwo ŋu o. Ne míedi be míanɔ dedie la, anyo be míaka ɖe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia Yesu Kristo dzi eye míaɖo ŋu ɖe eŋu. Dziɖuɖu sia si le dziƒo si wotsɔ de asi na Yesu la koe nye amegbetɔwo ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia.—Nyaɖ. 11:15.

“Ame Si Tɔ Wònye Le Se Nu”

12. Aleke Yehowa na eme kɔ be yemeɖe asi le nu, si yebla kple David la ŋu o?

12 Abe ale si Mawu ɖe adzo si nye nyagblɔɖi si ku ɖe hɔ̃ eveawo ŋu me ene la, Ezekiel se egɔme be woaɖe Zedekiya, fia mawɔnuteƒe si tso David ƒe fiaƒomea me la le zi dzi eye woakplɔe ayi Babilon. Ðewohĩ anɔ wɔwɔm na nyagblɔɖilaa be, ‘Ke nu, si Mawu bla kple David si me wòdo ŋugbe nɛ le be fia aɖe atso eƒe ƒomea me si aɖu dzi tegbee ya ɖe?’ (2 Sam. 7:12, 16) Ne Ezekiel bu nya sia tɔgbi ŋua, ke mehiã be wòalala ʋuu hafi akpɔ ŋuɖoɖoa o. Anɔ ƒe 611 D.Y., si nye woƒe aboyome nɔnɔ ƒe ƒe adrelia me, esime Zedekiya ganɔ fia ɖum le Yuda la, “Yehowa ƒe gbe va” na Ezekiel. (Eze. 20:2) Yehowa na wògagblɔ nya bubu ɖi ku ɖe Mesia ŋu si na eme kɔ be Mawu meɖe asi le nu, si wòbla kple David la ŋu o. Ke boŋ nyagblɔɖia ɖee fia be ame si tɔ wònye le se nu la anye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula si ava le etsɔme, eye eyae anyi David dome.

13, 14. Nya vevi kae le nyagblɔɖi si le Ezekiel 21:25-27 la me, eye aleke nyagblɔɖi sia va emee?

13 Nya si nyagblɔɖia gblɔ. (Xlẽ Ezekiel 21:25-27.) Yehowa to Ezekiel dzi gblɔ na “Israel ƒe amegã vɔ̃ɖi” si ƒe toheɣi ɖo la be woahe to nɛ eme kɔ nɛ nyuie. Yehowa gblɔ na dziɖula vɔ̃ɖi sia be, woaxɔ eƒe “tablanu” kple “fiakuku” (si nye dziɖuŋusẽ) le esi. Ekema woado dziɖula siwo le “tsɛ” ɖe dzi eye woabɔbɔ ame siwo nye “amegã” ɖe anyi. Ame siwo wotsɔ ɖo zi dzi la anɔ dzi ɖum va se ɖe esime “ame si tɔ wònye le se nu la nava,” eye Yehowa atsɔ Fiaɖuƒea ana ame ma.

14 Ale si nyagblɔɖia va emee. Esi Babilontɔwo tsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me la, wobɔbɔ Yuda fiaɖuƒe si nɔ Yerusalem la ƒe “amegã” ɖe anyi esi woɖe Fia Zedekiya le zi dzi eye woɖe aboyoe. Emegbe esi fia aɖeke megatso David ƒe ƒomea me nɔ dzi ɖum le Yerusalem o ta la, wodo ame “tsɛ” siwo nye Trɔ̃subɔdukɔmetɔwo ɖe dzi be woakpɔ ŋusẽ ɖe anyigbaa dzi, gake hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Trɔ̃subɔlawo ƒe Ɣeyiɣia, alo “dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo” wu enu le ƒe 1914 me esime Yehowa tsɔ Yesu Kristo ɖo fiae. (Luka 21:24) Esi Yesu nye Fia David ƒe dzidzimevi ta la, edze “le se nu” be wòanye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia. * (1 Mose 49:10) Eya ta Yehowa to Yesu dzi wɔ ŋugbe si wòdo na David be yeana domenyila si ava nye Fiaɖuƒea ƒe fia tegbee la va eme.—Luka 1:32, 33.

Yesu ye dze le se nu be wòanye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia (Kpɔ Memama 15)

15. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe Yesu Kristo si nye Fia la dzi bliboe?

15 Nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi sia me. Míate ŋu aka ɖe Yesu Kristo si nye Fia la dzi bliboe. Nu ka tae? Elabe mele abe xexemedziɖula siwo amegbetɔwo tiana alo dziɖula siwo ŋutɔ va xɔa zia sesẽe la ene o. Yehowa ŋutɔe tia Yesu eye ‘wòtsɔ fiaɖuƒe’ si wòdze na le se nu la nɛ. (Dan. 7:13, 14) Ðikeke mele eme o be ele be míaka ɖe Fia si Yehowa ŋutɔ tia la dzi bliboe!

‘Nye Subɔla David Azu Wo Kplɔla’

16. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso eƒe alẽawo ŋu, eye aleke ‘Israel ƒe lãkplɔvi’ siwo nɔ anyi le Ezekiel ƒe ŋkekeawo me la nɔ nu wɔm ɖe alẽawo ŋu?

16 Yehowa, ame si nye Alẽkplɔla Gãtɔ la léa be na eƒe alẽ siwo nye esubɔla siwo le anyigba dzi la vevie ŋutɔ. (Ps. 100:3) Ne etsɔ eƒe alẽawo de asi na amegbetɔ siwo nye alẽkplɔlateviwo, ame siwo wona ŋusẽe be woakpɔ alẽawo dzi la, eléa ŋku ɖe ale si wowɔa nu ɖe alẽawo ŋui ŋu vevie. Ekema bu ale si Yehowa ase le eɖokui me tso ‘Israel ƒe lãkplɔvi’ siwo nɔ anyi le Ezekiel ƒe ŋkekeawo me ŋu kpɔ. Kplɔla mawo tsɔ “dzizizi kple ŋutasesẽ” ɖu wo dzi. Esia wɔe be alẽawo kpe fu eye wo dometɔ akpa gãtɔ trɔ megbe de tadedeagu dzadzɛa.—Eze. 34:1-6.

17. Aleke Yehowa xɔ na eƒe alẽawo?

17 Nu kae Yehowa awɔ? Egblɔ na Israel dzi ɖula amedzizila mawo be: ‘Mabia akɔnta’ mi. Eye wòdo ŋugbe kpee be: “Maɖe nye alẽwo.” (Eze. 34:10) Yehowa wɔna ɖe eƒe nya dzi ɣesiaɣi. (Yos. 21:45) Le ƒe 607 D.Y. me la, ezã Babilontɔwo woxɔ ŋusẽ le kplɔla ɖokuitɔdila mawo si, eye wòto esia dzi xɔ na eƒe alẽwo. Le ƒe 70 megbe la, exɔ na esubɔla siwo le abe alẽwo ene tso Babilontɔwo si me eye wòna wotrɔ yi wo de, ale be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le afi ma. Gake Yehowa ƒe alẽwo ƒe agbe ganɔ afɔku me kokoko elabena trɔ̃subɔdukɔwo gakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe wo dzi. “Dukɔwo ƒe ɣeyiɣi ɖoɖiawo” aganɔ anyi ƒe alafa geɖe.—Luka 21:24.

18, 19. Nya kae Ezekiel gblɔ ɖi le ƒe 606 D.Y. me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

18 Le ƒe 606 D.Y. me, si anɔ abe ƒe ɖeka ene esi wotsrɔ̃ Yerusalem, eye le ƒe geɖe megbe hafi woava ɖe Israel-viwo tso aboyo me le Babilon la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Ezekiel wògblɔ ale si Alẽkplɔla Gãtɔ la léa be na eƒe alẽwo vevie ɣesiaɣi la ɖi. Nyagblɔɖia ɖɔ ale si Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula akplɔ Yehowa ƒe alẽawo.

19 Nya si nyagblɔɖia gblɔ. (Xlẽ Ezekiel 34:22-24.) Mawu aɖo “kplɔla ɖeka” si wòyɔ be “nye subɔla David” wo nu. Nya siwo nye “kplɔla ɖeka” kple “subɔla” si wòzã wòfia ame ɖeka la ɖee fia be Dziɖula sia ana fia siwo tso David ƒe fiaƒomea me la nu natso, eye eya anye fia si ava nyi David dome tegbee. Dziɖula sia si ganye Alẽkplɔla la anyi Mawu ƒe alẽawo eye wòazu “amegã le wo dome.” Yehowa abla “ŋutifafa ƒe nu” kple eƒe alẽawo. Mawu ‘adudu yayra akɔ ɖe wo dzi abe tsidzadza ene’ eye woanɔ dedie anɔ ŋutifafa me; nu adze edzi na wo eye woaɖe dzi ɖi. Menye amegbetɔwo dome koe ŋutifafa anɔ o ke anɔ wo kple lãwo hã dome!—Eze. 34:25-28.

20, 21. (a) Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe “nye subɔla David” ŋu la va emee? (b) Nu kae Ezekiel ƒe nya si wògblɔ tso “ŋutifafa ƒe nu,” si Mawu bla kple David ŋu la fia mí ku ɖe etsɔme ŋu?

20 Ale si nyagblɔɖia va emee. Esi Mawu yɔ Dziɖula sia be “nye subɔla David” la, enɔ asi fiam Yesu le nyagblɔɖi me be eyae anye David ƒe dzidzimevi si dze le se nu be wòaɖu dzi. (Ps. 89:35, 36) Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be yee nye “alẽkplɔla nyui la” esi wòtsɔ eƒe agbe “ɖo anyi ɖe alẽawo ta.” (Yoh. 10:14, 15) Gake fifia la enye Alẽkplɔla si le dziƒo. (Heb. 13:20) Le ƒe 1914 me la, Mawu ɖo Yesu wòzu Fia eye wòde dɔ asi nɛ be wòakplɔ alẽawo eye wòanyi Mawu ƒe alẽ siwo le anyigba dzi. Emegbe kpuie le ƒe 1919 me la, Fia yeye sia si woɖo zi dzi la ɖo “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” be wòanyi “aƒemesubɔviwo,” ame siwo nye Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo si mɔkpɔkpɔ le be woayi dziƒo loo alo anɔ anyigba dzi. (Mat. 24:45-47) Le Kristo ƒe mɔfiafia te la, kluvi nuteƒewɔla la yi edzi tsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu le Mawu ƒe alẽawo nyim. Nuɖuɖu sia na be ŋutifafa le wo dome eye wole dedie le gbɔgbɔmeparadiso si le nyonyom ɖe edzi la me.

21 Nu kae Ezekiel ƒe nya si ku ɖe “ŋutifafa ƒe nu” kple yayra siwo woadudu akɔ ɖi abe tsidzadza ene la fia tso nu siwo ava dzɔ le etsɔme ŋu? Le xexe yeye si gbɔna me la, Yehowa subɔla vavã siwo le anyigba dzi la, ase vivi na yayra siwo ado tso “ŋutifafa ƒe nu,” si Mawu bla kple David la me bliboe. Le paradiso ŋutɔŋutɔ si axɔ anyigba katã dzi me la, aʋawɔwɔ, nu vlo wɔwɔ, dɔwuame, dɔléle alo lã wɔadawo magagblẽ nu le amegbetɔ wɔnuteƒewo ŋu azɔ o. (Yes. 11:6-9; 35:5, 6; 65:21-23) Ðe madzɔ dzi na wò be yeanɔ agbe tegbee le paradiso si ŋugbe Mawu do, afi si Mawu ƒe alẽwo ‘anɔ anyi bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o’ me oa?—Eze. 34:28.

Esi Yesu nye Alẽkplɔla si le dziƒo ta la, eléa ŋku ɖe ale si wowɔa nu ɖe Mawu ƒe alẽawo ŋu la ŋu (Kpɔ Memama 22)

22. Aleke Yesu sena le eɖokui me tso alẽawo ŋu, eye aleke ame siwo nye alẽkplɔlateviwo ate ŋu asrɔ̃ Yesu?

22 Nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi sia me. Yesu léa be na alẽawo abe Fofoa ene. Fia sia si ganye Alẽkplɔla la nyia Fofoa ƒe alẽawo nyuie le gbɔgbɔ me, ekpɔa egbɔ be wole ŋutifafa me eye wole dedie le gbɔgbɔmeparadisoa me. Ðe mefaa akɔ na mí be míanɔ Dziɖula sia ƒe kpɔkplɔ te oa! Ele be ame siwo nye alẽkplɔlateviwo la nalé be na alẽawo abe Yesu ene. Ele be hamemetsitsiwo nakplɔ alẽawo kple “lɔlɔ̃nu faa,” awɔe kple “dzi faa” eye woanye kpɔɖeŋu na alẽawo woasrɔ̃. (1 Pet. 5:2, 3) Mele be hamemetsitsi aɖeke nawɔ fu Yehowa ƒe alẽawo dometɔ aɖeke gbeɖe o! Ðo ŋku nya si Yehowa gblɔ na alẽkplɔla amedzizila siwo nɔ Israel le Ezekiel ƒe ŋkekea me la dzi. Egblɔ na wo be: ‘Mabia akɔnta’ mi. (Eze. 34:10) Alẽkplɔla Gãtɔ la léa ŋku ɖe ale si wole nu wɔm ɖe alẽawo ŋu la ŋu vevie, eye Via hã wɔnɛ nenema.

“Nye Subɔla David Anye Amegã Ðe Wo Nu Ðaa”

23. Ŋugbe kae Yehowa do tso ale si wòana Israel dukɔa nawɔ ɖeka ŋu, eye aleke wòna wòva emee?

23 Yehowa di be ye subɔlawo nasubɔ ye le ɖekawɔwɔ me. Mawu do ŋugbe le nyagblɔɖi si ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu me be yeaƒo yeƒe amewo—ame siwo nye Yuda to eve fiaɖuƒea kple Israel to ewo fiaɖuƒea me tɔwo—nu ƒu woazu “dukɔ ɖeka” abe ɖe wòtsiã “ati” eve ‘wozu ati ɖeka’ le eƒe asi me ene. (Eze. 37:15-23) Mawu na Israel dukɔ si wɔ ɖeka la trɔ va Ŋugbedodonyigbaa dzi le ƒe 537 D.Y. me eye esia na nyagblɔɖia va eme. * Gake ɖekawɔwɔ ma nye nu siwo ava va le etsɔme siwo anɔ anyi ɖaa ƒe sue aɖe ko. Esi Yehowa do ŋugbe be yeana Israel dukɔa nawɔ ɖeka megbe la, eto Ezekiel dzi gblɔ ale si Dziɖula si ava le etsɔme la ana Mawu subɔla vavãwo nawɔ ɖeka le anyigba bliboa dzi tegbee la ŋu nya ɖi.

24. Aleke Yehowa ɖɔ Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dziɖulae, eye aleke Fia sia ƒe dziɖuɖu anɔ?

24 Nya si nyagblɔɖia gblɔ. (Xlẽ Ezekiel 37:24-28.) Yehowa gayɔ Mesia Fiaɖuƒea ƒe Dziɖula be “nye subɔla David,” “kplɔla ɖeka” kple “amegã,” gake fifia Yehowa gayɔ Ame sia si ŋugbe wòdo la be “fia.” (Eze. 37:22) Aleke Fia sia ƒe dziɖuɖu anɔ? Aɖu dzi tegbee. Nya siwo nye “tegbee” kple “mavɔ” si wozã fia be yayra siwo míakpɔ ne Fia sia le dzi ɖum la, anɔ anyi ɖaa. * Ðekawɔwɔ anɔ anyi ne ele dzi ɖum. Le “fia ɖeka” sia ƒe dziɖuɣi la, nuteƒewɔla siwo dzi wòaɖu la ‘alé Mawu ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo me ɖe asi’ eye ‘woanɔ anyigba la dzi le ɖekawɔwɔ me.’ Fia sia ƒe dziɖuɖu ana eteviwo nate ɖe Yehowa Mawu ŋu wu tsã. Yehowa abla “ŋutifafa ƒe nu” kple Fia la tevi siawo. Yehowa anye woƒe Mawu eye woanye eƒe amewo. Eƒe kɔkɔeƒe la anɔ “wo dome tegbee.”

25. Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia ŋu va emee?

25 Ale si nyagblɔɖia va emee. Le ƒe 1919 me la, woƒo amesiamina wɔnuteƒeawo nu ƒu ɖe “kplɔla ɖeka,” Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia Yesu Kristo te. Emegbe “ameha gã” siwo “tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, ame ƒomeviwo katã kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me” va wɔ ɖeka kple wo nɔvi amesiaminawo. (Nyaɖ. 7:9) Wo katã wozu “alẽha ɖeka” le “alẽkplɔla ɖeka” te. (Yoh. 10:16) Dziƒoyiyi alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe ɖale wo si o, wo katã wowɔna ɖe Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo dzi ɖokuibɔbɔtɔe. Esia wɔe be wowɔ ɖeka le xexea me katã le nɔviwo ƒe habɔbɔa me eye wole gbɔgbɔmeparadiso me. Yehowa tsɔ ŋutifafa yra wo, eye eƒe kɔkɔeƒe si le tsitre ɖi na tadedeagu dzadzɛa le wo dome. Yehowa ye nye woƒe Mawu eye dadae wònye na wo be yewonye esubɔlawo tso fifia yi ɖe mavɔmavɔ me!

26. Mɔ ka nue nàte ŋu akpe asi ɖe ɖekawɔwɔ si le gbɔgbɔmeparadisoa me ŋu le?

26 Nu si míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi sia me. Mɔnukpɔkpɔe wònye na mí be míele xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ wɔɖeka si tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Yehowa la me. Gake mɔnukpɔkpɔ sia da agba ɖe mía dzi be míakpe asi ɖe ɖekawɔwɔa ŋu. Eya ta ele be mí katã míawɔ mía tɔ sinua be míaƒe xɔse kple nuwɔnawo nato mɔ ɖeka. (1 Kor. 1:10) Esia ta míekua kutri ɖua gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖeka, nɔa agbe ɖe Ŋɔŋlɔawo ƒe mɔfiame ɖeka nu eye mí katã míeɖea gbeƒã Fiaɖuƒea hewɔa amewo nusrɔ̃lawo. Ke hã nu vevitɔ si na míewɔ ɖekae nye lɔlɔ̃. Ne míedzea agbagba tua lɔlɔ̃ ɖo eye míeɖea eƒe akpa vovovo siwo nye veveseɖeamenu, dɔmetɔtrɔ kple tsɔtsɔke fiana la, ke míele asi kpem ɖe ɖekawɔwɔ si le mía dome la ŋu. Biblia gblɔ tso “lɔlɔ” ŋu be: “enye ɖekawɔwɔ ƒe nublanu deblibo.”—Kol. 3:12-14; 1 Kor. 13:4-7.

Yehowa tsɔ xexea me katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ si me lɔlɔ̃ le la yra esubɔlawo (Kpɔ Memama 26)

27. (a) Aleke nyagblɔɖi siwo le Ezekiel ƒe agbalẽa me ku ɖe Mesia ŋu nana nèsena le ɖokuiwò me? (b) Nu ka mee míadzro le agbalẽ sia ƒe ta siwo kplɔe ɖo la me?

27 Mesia ŋuti nyagblɔɖi siwo le Ezekiel ƒe agbalẽa me la ɖe vi na mí ŋutɔ! Ne míexlẽa nyagblɔɖi siawo eye míedea ŋugble le wo ŋu la, míeva kpɔnɛ be ele be míaka ɖe míaƒe Fia lɔlɔ̃a Yesu Kristo dzi, edze le se nu aɖu fia, egbɔa dzi ɖi kplɔa mí, eye ana míawɔ ɖeka tegbee. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖee wònye na mí be míenye Mesia Fiaɖuƒea ƒe Fia la teviwo! Nenɔ susu me na wò be Mesia ŋuti nyagblɔɖi siwo katã ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu ƒe akpa aɖe ko mee míedzro le Biblia gbalẽ si nye Ezekiel me. Yesue nye ame si dzi Yehowa to ƒo eƒe amewo nu ƒu, eye wògbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi. (Eze. 20:41) Le agbalẽ sia ƒe ta siwo akplɔe ɖo mea, míadzro gbugbɔgaɖɔɖo wɔdɔɖeamedzi vevi sia si ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel ƒe agbalẽa me la me.

^ mm. 1 Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒe gbãtɔ dze egɔme tso ƒe 617 D.Y., esime wokplɔ Yudatɔ gbãtɔ siwo woɖe aboyoe yi Babilon. Eya ta ƒe adelia dze egɔme tso ƒe 612 D.Y.

^ mm. 14 Woŋlɔ ale si Yesu dzɔ tso David ƒe ƒomea me la ŋu nya tsitotsito ɖe Nyanyuigbalẽ siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me la me.—Mat. 1:1-16; Luka 3:23-31.

^ mm. 23 Míaƒo nu tso Ezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe ati eveawo ŋu kple ale si wòva emee la ŋu, le agbalẽ sia ƒe Ta 12 lia me.

^ mm. 24 Numekugbalẽ aɖe gblɔ tso Hebrigbe me nya si gɔme woɖena be “tegbee” kple “mavɔ” ŋu be: “Tsɔ kpe ɖe ale si nya sia fia ɣeyiɣi ƒe didime ŋu la, agate ŋu afia nu si anɔ anyi ɖaa, nu si magblẽ o eye mate ŋu atrɔ o.”