Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 11

“Metsɔ Wò Ðo Gbetakpɔla”

“Metsɔ Wò Ðo Gbetakpɔla”

EZEKIEL 33:7

NYA VEVITƆ: Yehowa ɖo gbetakpɔla eye wògblɔ eƒe dɔwo nɛ

1. Ƒo nu tso dɔ si Yehowa ƒe nyagblɔɖila siwo nye gbetakpɔlawo nɔ wɔwɔm kple nu siwo va dzɔ emegbe la ŋu.

 GBETAKPƆLA aɖe tɔ ɖe Yerusalem dua ƒe gli dzi, eye wòtsɔ asi ɖo ŋku ta esime ɣe nɔ to ɖom. Enɔ adzɔge kpɔm ɖaa. Kasia etsɔ eƒe kpẽa, lɔ ya ɖe eƒe dzitodzito me, eye wòkui tsɔ xlɔ̃ nu wo be Babilontɔwo ƒe aʋakɔwo gbɔna! Gake etsi megbe akpa be dua me nɔlawo nawɔ ɖe gbetakpɔlaa ƒe kpẽkukua dzi elabe wometsɔ ɖeke le nuxlɔ̃ame siwo wona wo va yi me o. Ƒe geɖe do ŋgɔ la, gbetakpɔla alo nyagblɔɖila siwo Yehowa ɖo la nɔ nu xlɔ̃m wo be ŋkeke sia ava; gake wodo tokui. Fifia Babilontɔwo ƒe aʋakɔwo ɖe to ɖe dua. Esi aʋawɔlawo ɖe to ɖe dua ɣleti geɖe megbe la, wogbã glia ge ɖe eme, wogbã gbedoxɔa ƒu anyi eye wowu, alo lé Yerusalem dua me nɔla trɔ̃subɔla siwo si xɔse mele o la.

2, 3. (a) Nu kae ava dzɔ ɖe ame siwo katã le anyigba dzi egbea la dzi? (b) Nyabiase kawoe míadi ŋuɖoɖowo na?

2 Egbea hã Yehowa ƒe ametsrɔ̃lawo ho be yewoava kpe ŋgo kple anyigbadzinɔla siwo si xɔse mele o. (Nyaɖ. 17:12-14) Esia ahe xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o la avɛ. (Mat. 24:21) Gake metsi megbe akpa be ame geɖe nawɔ ɖe nuxlɔ̃ame si ame siwo Yehowa ɖo be woawɔ gbetakpɔla ƒe dɔa ƒe nyawo dzi o.

3 Nu kae ʋã Yehowa wòɖo gbetakpɔlawo? Gbedeasi kae gbetakpɔla gblɔna? Ame kawoe wɔ gbetakpɔla ƒe dɔ sia, eye akpa ka wɔm míawo hã míele? Na míadi nya siawo ƒe ŋuɖoɖowo.

“Nàtsɔ Nye Nyawo Axlɔ̃ Nu Wo”

4. Susu ka tae Yehowa ɖo gbetakpɔlawo? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

4 Xlẽ Ezekiel 33:7. Zi geɖe la ame siwo nye gbetakpɔlawo la tɔna ɖe dua ƒe gli dzi ale be woakpɔ egbɔ be dua me nɔlawo le dedie. Woƒe afi ma nɔnɔ fia be dua ƒe fia tsɔ ɖe le eteviwo ƒe dedienɔnɔ me. Togbɔ be gbetakpɔla ƒe kpẽkuku ate ŋu ana ame siwo le alɔ̃me nadzo haha hã, kpẽ ƒe ɖiɖi sesĩ ma ate ŋu axɔ ame siwo wɔ ɖe nuxlɔ̃amea dzi la ɖe agbe. Menye ɖe Yehowa ɖo gbetakpɔlawo be yeato woƒe gbedeasi siwo ku ɖe tsɔtsrɔ̃ ŋu la dzi ado ŋɔdzi na Israel-viwo o, ke boŋ esi wòtsɔ ɖe le eme na eƒe amewo eye wòdi be yeƒe amewo natsi agbe tae.

5, 6. Mɔ siwo nu Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye dzena le dometɔ aɖe ɖe?

5 Esi Yehowa nɔ Ezekiel ɖom gbetakpɔlae la, eƒo nu tso eƒe nɔnɔme siwo naa mɔkpɔkpɔ ame la ŋu nɛ. Na míade ŋugble tso nɔnɔme mawo dometɔ eve ŋu kpɔ.

6 Dzɔdzɔenyenye: Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe dzesi ŋutɔ elabe ewɔa nu ɖe mía dometɔ ɖe sia ɖe ŋu ameŋkumemakpɔmakpɔtɔe. Le kpɔɖeŋu me, togbɔ be ame gbogbo aɖewo se Ezekiel ƒe nuxlɔ̃amenyaa eye wogbe toɖoɖo hã, Yehowa mebu Israel-viwo katã be wonye aglãdzelawo o; ke boŋ eƒe ŋku nɔ ale si wo dometɔ ɖe sia ɖe awɔ nui la ŋu. Enuenu la, eƒo nu tso ale si woaxlɔ̃ nu “ame vɔ̃ɖi” kple “ame dzɔdzɔe” ŋu. Eya ta ale si ame ɖekaɖekawo wɔ nui dzie Yehowa nɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu.—Eze. 33:8, 18-20.

7. Nu ka dzie Yehowa nɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu amewo?

7 Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenyea gadze le ale si wòdrɔ̃a ʋɔnu amewoe me. Menye nu siwo amewo wɔ va yi dzie wònɔa te ɖo drɔ̃a ʋɔnu o, ke boŋ ale si wowɔa nu ɖe nuxlɔ̃ame si nam wole wo fifia ŋu dzie wònɔa te ɖo. Yehowa gblɔ na Ezekiel be: “Ne megblɔ na ame vɔ̃ɖi be: ‘Ku kee nàku,’ eye wòɖe asi le eƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu heva le nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe wɔm . . . la, ekema anɔ agbe godoo.” Azɔ Yehowa gblɔ nya lédziname sia kpee be: “Womagabu nu vɔ̃ siwo wòwɔ la dometɔ aɖeke nɛ o.” (Eze. 33:14-16) Nenema kee ame siwo wɔ nu nyui va yi mate ŋu anɔ ŋu ɖom ɖe ema ŋu ne wogbe toɖoɖo fifia o. Yehowa gblɔ be ne ame aɖe ɖo “dzi ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye ŋu hewɔ nu madzɔmadzɔ la, ekema womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo katã wòwɔ la dzi o, ke boŋ aku le nu madzɔmadzɔ si wòwɔ la ta.”—Eze. 33:13.

8. Nu kae nyagblɔɖilawo ƒe nuxlɔ̃amewo fia mí tso Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye ŋu?

8 Yehowa ƒe dzɔdzɔenyenye gaɖe dzesi le mɔ sia nu be exlɔ̃a nu amewo gbã hafi ɖea afɔ. Ezekiel dze eƒe dɔa gɔme anɔ ƒe ade aɖewo do ŋgɔ hafi Babilon ʋakɔwo va tsrɔ̃ Yerusalem. Gake menye Ezekiel ye nye ame gbãtɔ si xlɔ̃ nu Mawu ƒe amewo be woava drɔ̃ ʋɔnu wo o. Anɔ ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ do ŋgɔ hafi woatsrɔ̃ Yerusalem la, Yehowa dɔ nyagblɔɖila siwo nye Hosea, Yesaya, Mika, Oded kple Yeremiya be woanye gbetakpɔlawo. Yehowa na Yeremiya ɖo ŋku nya siawo dzi na Israel-viwo be: “Meɖo gbetakpɔlawo ɖe mia nu, ame siwo gblɔ be, ‘Milé to ɖe lãdzo ƒe ɖiɖi ŋu!’” (Yer. 6:17) Womate ŋu abu fɔ Yehowa alo gbetakpɔla mawo ɖe ame siwo ku esime Babilontɔwo he Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va wo dzi la ta o.

9. Aleke Yehowa ɖe lɔlɔ̃ vavã fiae?

9 Lɔlɔ̃: Yehowa ɖe lɔlɔ̃ vavã fia esi wòdɔ eƒe gbetakpɔlawo be woaxlɔ̃ nu ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖi siwo gbã dzi nɛ eye woƒo ɖi eƒe ŋkɔ la. Bu nya sia ŋu kpɔ ko—wonya Israel-viwo be wonye Yehowa ƒe amewo, gake enuenu la, wotrɔ megbe dee eye wodze alakpamawuwo yome! Woƒe nuwɔna sia ɖu dzi na Yehowa ale gbegbe be etsɔ wo sɔ kple nyɔnu ahasitɔ. (Eze. 16:32) Togbɔ be ele alea hã, Yehowa meɖe asi le wo ŋu enumake o. Edi be yeadzra ye kpli wo dome ɖo ke menye be yeabia hlɔ̃ wo o. Meɖe yi ɖe wo dzi enumake esi wogbe toɖoɖo o. Nu ka tae? Egblɔ na Ezekiel be: “Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia nunye o, ke boŋ be ame vɔ̃ɖi la natrɔ ɖa le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi, ne wòanɔ agbe.” (Eze. 33:11) Nenemae Yehowa se le eɖokui me ɣemaɣi, eye nenemae Yehowa gasena le eɖokui me egbea.—Mal. 3:6.

10, 11. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu kple eƒe amewo me?

10 Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu ɖe Israel-viwo ŋu le dzɔdzɔenyenye kple lɔlɔ̃ me la me? Ðekae nye be mele be míabu ame siwo míeɖea gbeƒã na abe ame hahoo aɖe ene ko evɔ o, ke boŋ abe ame ɖekaɖekawo ene. Anye vodada be míadrɔ̃ ʋɔnu ame aɖe be medze be míagblɔ gbedeasia nɛ o le ale si wònɔ agbe va yi ta alo le dukɔ si me wòtso, be enye gatɔ alo hiãtɔ, alo le eƒe gbegbɔgblɔ ta o! Yehowa fia nu vevi aɖe apostolo Petro si gale vevie egbea. Eyae nye be: “Mawu mekpɔa ame ŋkume o, ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.”—Dɔw. 10:34, 35.

Ðe nèbua amewo abe ale si Yehowa bua woe enea? (Kpɔ Memama 10)

11 Nu vevi bubu si míasrɔ̃e nye be míalé ŋku ɖe míawo ŋutɔwo ƒe nuwɔnawo ŋu nyuie; nu nyui siwo ame wɔ va yi mate ŋu atsyɔ nu vɔ̃ siwo wɔm wòle fifia dzi o. Ele be míaɖo ŋku edzi be gbɔdzɔgbɔdzɔwo le míawo hã ŋu abe ame siwo míeɖea gbeƒã na la ke ene. Aɖaŋu si apostolo Paulo ɖo na hame si nɔ Korinto la ka míawo hã egbea. Egblɔ be: “Ame si susu be yele tsitre la nakpɔ nyuie be wòagadze anyi o. Tetekpɔ aɖeke mevaa mia dzi o, negbe esi tɔgbi vaa amegbetɔwo dzi la ko.” (1 Kor. 10:12, 13) Míadi gbeɖe be míanye ame si ‘ɖoa dzi ɖe eƒe dzɔdzɔenyenye’ ŋu anɔ susum be míate ŋu awɔ nu gbegblẽ evɔ womahe to na mí o le esi míewɔ nu nyui aɖewo va yi ta o. (Eze. 33:13) Ɣeyiɣi didi kae míele Yehowa subɔm o, ele vevie be míayi edzi abɔbɔ mía ɖokui eye míaɖo to.

12. Ne míewɔ nu vɔ̃ aɖewo siwo nye ŋkubiãnya va yi la, nu ka dzie wòle be míaɖo ŋkui?

12 Ke ne míewɔ nu vɔ̃ aɖewo siwo nye ŋkubiãnya va yi gake míetrɔ dzi me ya ɖe? Le Ezekiel ƒe gbedeasia nu la, míekpɔe be Yehowa ahe to na nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimewo. Gake míesrɔ̃e hã be lɔlɔ̃e nye Yehowa Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ ke menye be yeabia hlɔ̃ o. (1 Yoh. 4:8) Ne míeto míaƒe nuwɔnawo dzi ɖee fia be míetrɔ dzi me la, mele be míabui gbeɖe be míaƒe nu vɔ̃wo lolo akpa be Mawu makpɔ nublanui na mí o. (Yak. 5:14, 15) Yehowa lɔ̃ faa be yeatsɔ Israel-vi siwo subɔ trɔ̃wo la ƒe nu vɔ̃wo ake wo, eye ele klalo be yeatsɔ ake míawo hã.—Ps. 86:5.

“Ƒo Nu Kple Mia Deviwo”

13, 14. (a) Gbedeasi ka tɔgbie wòle be gbetakpɔlawo naɖe gbeƒãe? (b) Gbedeasi kae Yesaya gblɔ?

13 Xlẽ Ezekiel 33:2, 3. Gbedeasi ka tɔgbie wòle be Yehowa ƒe gbetakpɔlawo naɖe gbeƒãe? Woƒe dɔa ƒe akpa vevi aɖee nye be woaxlɔ̃ nu amewo. Gake wogblɔ nya nyuiwo hã. Bu eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ŋu kpɔ.

14 Yesaya si wɔ eƒe dɔa tso ƒe 778 va ɖo 732 D.Y. lɔƒo la, xlɔ̃ nu amewo be Babilontɔwo ava xɔ Yerusalem eye woaɖe aboyo dua me nɔlawo. (Yes. 39:5-7) Gake Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋãe wòŋlɔ hã be: “Se ɖa! Wò gbetakpɔlawo ƒe gbe de dzi. Wo katã wokɔ woƒe gbewo dzi do dzidzɔɣli; elabena ne Yehowa kplɔ Zion gbɔe la, woakpɔe kple woƒe ŋkuwo.” (Yes. 52:8) Nya nyuitɔ kekeake si nye be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi lae Yesaya ɖe gbeƒãe!

15. Gbedeasi kae Yeremiya ɖe gbeƒãe?

15 Wobu Yeremiya si wɔ eƒe dɔa tso ƒe 647 va ɖo 580 D.Y. madzemadzee zi geɖe be enye “ame si ɖea gbeƒã vɔ̃ ko.” Ðikeke mele eme o be ewɔ eƒe dɔa nyuie eye wòxlɔ̃ nu Israel-vi vɔ̃ɖi mawo tso vɔ̃ siwo Yehowa ahe va wo dzi la ŋu. * Gake egblɔ nya nyuiwo hã, egblɔ ɖi be Mawu ƒe amewo atrɔ ayi wo de, eye woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le afi ma.—Yer. 29:10-14; 33:10, 11.

16. Aleke Ezekiel ƒe gbedeasia ɖe vi na aboyome siwo nɔ Babilon lae?

16 Woɖo Ezekiel gbetakpɔlae le ƒe 613 D.Y., eye wòwɔ dɔ ma kakaa va se ɖe ƒe 591 D.Y. Abe ale si woɖe eme le agbalẽ sia ƒe Ta 5 kple 6 lia me ene la, Ezekiel xlɔ̃ nu Israel-viwo vevie tso tsɔtsrɔ̃ si woahe va wo dzi la ŋu, eye esia na eŋuti kɔ tso ame siwo aku la ƒe ʋu me. Esi wònɔ dɔa wɔm la, menye ɖeko wòxlɔ̃ nu aboyomeawo be Yehowa ahe to na Yerusalem nɔla siwo gbe xɔse ko o, ke boŋ ekpe ɖe ame siwo nɔ aboyo me le Babilon la ŋu be woana wo kple Yehowa dome nanɔ nyuie atsɔ adzra ɖo ɖe dɔ si le wo ŋgɔ la ŋu. Ne ƒe 70 si Israel-viwo atsɔ anɔ aboyo me wu enu la, Yehowa akplɔ ame siwo susɔ la ayi Israel-nyigba si wogbugbɔ ɖɔ ɖo la dzi. (Eze. 36:7-11) Ame siwo ɖo to Ezekiel la ƒe viwo kple tɔgbuiyɔviwo kpakple mamayɔviwo koŋue nye ame siwo asusɔ atrɔ agbɔ. Abe ale si ta bubu siwo le agbalẽ sia ƒe Akpa 3 lia me ɖee fia ene la, Ezekiel gblɔ nya nyui geɖe tsɔ ka ɖe edzi na wo be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le Yerusalem.

17. Ɣeyiɣi kawo mee Yehowa ɖo gbetakpɔlawo?

17 Nyagblɔɖila siwo ƒo nu na Mawu ƒe amewo le ɣeyiɣi siwo me wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me koe nye gbetakpɔla siwo Yehowa zã? Ao. Le ɣeyiɣi vevi siwo me Yehowa na eƒe tameɖoɖowo nɔ eme vam la, eɖo gbetakpɔlawo be woaxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖiwo eye woaɖe gbeƒã nya nyuiwo hã.

Gbetakpɔla Siwo Nɔ Anyi Le Ƒe Alafa Gbãtɔ Me

18. Dɔ kae Yohanes Amenyrɔɖetsimela wɔ?

18 Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli la, Yohanes Amenyrɔɖetsimela wɔ gbetakpɔla ƒe dɔ. Exlɔ̃ nu Israel-viwo be eteƒe madidi o, Mawu agbe nu le wo gbɔ. (Mat. 3:1, 2, 9-11) Gake menye ema koe wòwɔ o. Yesu gblɔ be Yohanes ye nye “dɔla” si ŋu nya wogblɔ ɖi be adzra mɔ dzi ɖo na Mesia la. (Mal. 3:1; Mat. 11:7-10) Eƒe dɔa ƒe akpa aɖee nye be wòaɖe gbeƒã nya nyui si nye be—“Mawu ƒe Alẽvi,” Yesu va ɖo eye aɖe “xexea ƒe nu vɔ̃” ɖa.—Yoh. 1:29, 30.

19, 20. Aleke Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo ɖee fia be yewonye gbetakpɔlawo?

19 Le gbetakpɔla siawo katã dome la, Yesu ye nye vevitɔ. Yehowa dɔ eya hã ɖe “Israel ƒe aƒe” la gbɔ abe Ezekiel ke ene. (Eze. 3:17; Mat. 15:24) Yesu hã xlɔ̃ nu Israel-viwo be eteƒe madidi o woagbe nu le wo gbɔ eye woatsrɔ̃ Yerusalem. (Mat. 23:37, 38; 24:1, 2; Luka 21:20-24) Gake eƒe dɔ vevitɔe nye be wòaɖe gbeƒã nya nyui.—Luka 4:17-21.

20 Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo kaŋ be: “Minɔ ŋudzɔ.” (Mat. 24:42) Woɖo to eƒe sededea eye wowɔ nu abe gbetakpɔlawo ene, woxlɔ̃ nu amewo be Yehowa gbe nu le Israel ƒe aƒe la kple Yerusalem du si nɔ anyigba dzi la gbɔ. (Rom. 9:6-8; Gal. 4:25, 26) Woawo hã woɖe gbeƒã nya nyui abe ale si gbetakpɔla siwo do ŋgɔ na wo la wɔe ene. Woɖe gbeƒã nya vevi sia be ame siwo menye Yudatɔwo o hã ava nye Israel si Mawu tsɔ eƒe gbɔgbɔ si ami na la me tɔwo eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woakpe ɖe Kristo ŋu woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le anyigba dzi.—Dɔw. 15:14; Gal. 6:15, 16; Nyaɖ. 5:9, 10.

21. Kpɔɖeŋu kae Paulo ɖo?

21 Apostolo Paulo nɔ ame siwo nye gbetakpɔlawo le ƒe alafa gbãtɔ me la dome, eye wòɖo kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. Ewɔ eƒe dɔa moveviɖoɖotɔe. Abe Ezekiel ene la, enya be yeaɖi ʋufɔ ne yemewɔ yeƒe dɔdeasia nyuie o. (Dɔw. 20:26, 27) Abe gbetakpɔla bubuwo ene la, menye ɖeko Paulo xlɔ̃ nu amewo ko o, ke egblɔ nya nyui hã. (Dɔw. 15:35; Rom. 1:1-4) Le nyateƒe me la, gbɔgbɔ kɔkɔe la kpe ɖe eŋu wòyɔ nya tso nya si Yesaya gblɔ ɖi la me be: “Du nyui xɔla ƒe afɔwo nya kpɔ le towo dzi loo,” eye wògblɔ be nya siawo ku ɖe dɔ si wɔm Kristo yomedzelawo le ŋu esi wole gbeƒã ɖem Mawu Fiaɖuƒea.—Yes. 52:7, 8; Rom. 10:13-15.

22. Nu kae dzɔ le apostoloawo ƒe ku megbe?

22 Le apostoloawo ƒe ku megbe la, xɔsegbegbe si ŋu nya wogblɔ ɖi la va xɔ aƒe ɖe Kristo hamea me. (Dɔw. 20:29, 30; 2 Tes. 2:3-8) Le ɣeyiɣi didi aɖe si nukuwo nɔ tsitsim me la, yeaɖi Kristotɔ siwo nye gbe vɔ̃ɖiwo vu tsyɔ luawo, siwo nye Kristo yomedzela wɔnuteƒewo dzi, eye alakpanufiafiawo va vu tsyɔ Mawu Fiaɖuƒe ŋuti gbedeasi si me kɔ la dzi. (Mat. 13:36-43) Ke hã, esi ɣeyiɣia de na Yehowa be wòade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me la, egaɖe eƒe lɔlɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye fia esi wòɖo gbetakpɔlawo be woaxlɔ̃ nu amewo eye woaɖe gbeƒã nya nyui. Ame kawoe va nye gbetakpɔla mawo?

Yehowa Gaɖo Gbetakpɔlawo Be Woaxlɔ̃ Nu Ame Vɔ̃ɖiwo

23. Dɔ kae C. T. Russell kple eƒe zɔhɛwo wɔ?

23 Le ƒe siwo do ŋgɔ na ƒe 1914 me la, Charles Taze Russell kple eƒe zɔhɛ siwo wɔ dɔ abe “dɔla” si ‘ata mɔ’ hafi woaɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi la va ɖo. * (Mal. 3:1) Ƒuƒoƒo ma hã wɔ dɔ abe gbetakpɔla ene, esi wozã Zion Gbetakpɔxɔ Kple Kristo Ƒe Anyinɔɣi Ŋuti Gbeƒãɖela magazine la tsɔ xlɔ̃ nu tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, eye wozãe tsɔ ɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia hã.

24. (a) Mɔ ka nue kluvi nuteƒewɔlaa wɔ dɔ abe gbetakpɔla ene le? (b) Nu kae nèsrɔ̃ tso gbetakpɔla siwo nɔ anyi va yi la gbɔ? (Kpɔ nyatakakaɖaka si nye “Gbetakpɔla Kpɔɖeŋu Nyui Ðola Aɖewo.”)

24 Esi woɖo Fiaɖuƒea anyi megbe la, Yesu ɖo ƒuƒoƒo sue aɖe si nye ŋutsu amesiaminawo be woanye kluvi nuteƒewɔlaa. (Mat. 24:45-47) Tso ɣemaɣi la, kluvi nuteƒewɔlaa, si woyɔna fifia be Dɔdzikpɔha la le dɔ wɔm abe gbetakpɔla ene. Menye ɖeko wòxɔa ŋgɔ xlɔ̃a nu tso Yehowa ƒe “hlɔ̃biaŋkeke” la ŋu ko o, ke eɖea gbeƒã “Yehowa ƒe amenuveƒe” la hã.—Yes. 61:2; kpɔ 2 Kor. 6:1, 2 hã.

25, 26. (a) Dɔ kae wòle be Kristo yomedzelawo katã nawɔ, eye aleke wòle be míawɔe? (b) Nu ka ŋue míaƒo nu tsoe le ta si kplɔe ɖo me?

25 Togbɔ be kluvi nuteƒewɔlaa ye xɔa ŋgɔ le gbetakpɔla ƒe dɔa me hã la, Yesu gblɔ na eyomedzelawo ‘katã’ be ‘woanɔ ŋudzɔ.’ (Marko 13:33-37) Míenɔa ŋudzɔ le gbɔgbɔ me tsɔ ɖenɛ fiana be míewɔna ɖe sedede ma dzi, eye míedoa alɔ gbetakpɔla si li egbea la nuteƒewɔwɔtɔe. Míeɖenɛ fiana be míele ŋudzɔ ne míewɔa dɔ si wode mía si be míaɖe gbeƒã. (2 Tim. 4:2) Nu kae ʋãa mí? Wo dometɔ ɖekae nye be míedi vevie be míaxɔ amewo ɖe agbe. (1 Tim. 4:16) Eteƒe madidi o, ame gbogbo aɖewo atsrɔ̃ le esi womeɖo to nuxlɔ̃ame si nam gbetakpɔla si li egbea le o ta. (Eze. 3:19) Gake susu si koŋ ta míeɖea gbeƒã ɖoe nye be míagblɔ nya nyuitɔ kekeake—si nye be wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi! Fifia si míekpɔtɔ le ‘Yehowa ƒe amenuveƒea’ me la, mɔnukpɔkpɔ gale ʋuʋu ɖi na ame geɖe be woava wɔ ɖeka kpli mí míasubɔ mía Mawu lɔ̃ame Yehowa, si lɔ̃a dzɔdzɔenyenye la. Eteƒe madidi o, Via Kristo Yesu ƒe dziɖuɖu si akpɔ nublanui na amegbetɔwo la aɖe vi na ame siwo katã tsi agbe le nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu. Míate ŋu agbe be míakpe asi ɖe gbetakpɔla si li egbea si le gbeƒã ɖem nya nyui sia la ŋu o!—Mat. 24:14.

Dzidzɔe wònye na mí be míado alɔ gbetakpɔla si li egbea le gbeƒãɖeɖe nya nyuia me (Kpɔ Memama 25)

26 Hafi nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia nawu enu gɔ̃ hã la, Yehowa na eƒe amewo wɔ ɖeka le nukumɔ aɖe nu. Le ta si akplɔ esia ɖo me la, míaƒo nu tso nyagblɔɖi aɖe si ku ɖe ati eve siwo ɖe ale si esia dzɔe ƒe kpɔɖeŋu aɖe ŋu.

^ mm. 15 Le Yeremiya ƒe agbalẽa me la, nya “vɔ̃,” “xaxaɣi” kple “gbegblẽ” dze zi geɖe.

^ mm. 23 Be nàkpɔ nyagblɔɖi sia kple ale si wòva emee la, kpɔ agbalẽ si nye Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!, ta 2 lia, “Wodzi Fiaɖuƒea Le Dziƒo.”