Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Yehowa Subɔla Lɔlɔ̃awo:

Ƒe 1971 mee. Edzɔ dzi na ame siwo de “Mawu Ƒe Ŋkɔ” Nutome Gã Takpekpe si wowɔ le ƒe ma me be yewoxɔ agbalẽ yeye geɖe. Wogblɔ tso agbalẽawo ŋu be “woƒo nu siwo amewo nɔ mɔ kpɔm na la ta.” Nɔviŋutsu aɖe gblɔ tso agbalẽ siwo woɖe ɖe go dometɔ ɖeka ŋu be: “Nu dodzidzɔname siwo ava dzɔ le etsɔme la ƒe ɖewoe nye esi va ka mía si!” Nu ka ƒe nya gblɔmee wòle? Eyae nye agbalẽ si ƒe tanyae nye “Dukɔwo Adze Sii Be Nyee Nye Yehowa”—Alekee? (ele yevugbe me) Gake nu ka tae agbalẽ sia na dzi dzɔ amewo nenema gbegbe? Elabena wona numekɔkɔ yeyewo ku ɖe nyagblɔɖi siwo le Biblia-gbalẽ si nye Ezekiel me ŋu le eme eye nyagblɔɖi mawo ku ɖe amegbetɔwo katã ƒe etsɔme ŋu.

Tso esime woɖe ‘Adze Si Yehowa’ gbalẽa ɖe go la, Mawu ƒe amewo dzi ɖe edzi tso miliɔn ɖeka kple afã va ɖo ame siwo wu miliɔn enyi fifia. (Yes. 60:22) Yehowa subɔla gbogbo siawo doa gbegbɔgblɔ siwo wu 900 sɔŋ. (Zak. 8:23) Mɔnukpɔkpɔa mesu wo dometɔ geɖe si be woasrɔ̃ agbalẽ aɖe si ɖe nyagblɔɖi siwo gbɔgbɔ ʋã nyagblɔɖila Ezekiel wòŋlɔ si me woɖe tsitotsito o.

Azɔ hã, le ƒe siwo kplɔ ƒe 1971 ɖo me la, wotrɔ asi le ale si míese Biblia me nyateƒe aɖewo gɔme la ŋu geɖe wu esi kekelia yi edzi le kɔkɔm ɖe edzi. (Lod. 4:18) Tso ƒe 1985 me la, eme va nɔ kɔkɔm na mí be wobua ‘ale bubuawo’ be wonye ame dzɔdzɔe siwo nye Mawu xɔlɔ̃wo. (Yoh. 10:16; Rom. 5:18; Yak. 2:23) Emegbe le ƒe 1995 me la, míeva se egɔme zi gbãtɔ be “xaxa gã” si le ŋgɔ gbɔna mee woadrɔ̃ ʋɔnu mamlɛa amewo le be wonye “alẽwo” kple “gbɔ̃wo.” (Mat. 24:21; 25:31, 32) Numekɔkɔ siawo katã va kpɔ ŋusẽ ɖe ale si míese Ezekiel ƒe agbalẽa gɔmee la dzi.

“Amegbetɔvi, ke ŋku nyuie nàkpɔ nu, ke to nyuie nàse nu, eye nàlé fɔ ɖe nu siwo katã ɖe ge mala afia wò la ŋu, elabena susu sia tae wokplɔ wò va afi sia ɖo.”—EZEKIEL 40:4

Nyitsɔ laa la, kekelia gayi edzi le kɔkɔm ɖe edzi. Bu nu siwo míesrɔ̃ tso Yesu ƒe lododoawo me ŋu kpɔ. Nu siwo míesrɔ̃ la me gava kɔ ɖe edzi na mí nyuie. Lododoawo dometɔ geɖe ku ɖe nu siwo adzɔ kpuie le xaxa gã si le aƒe tum kabakaba la me ŋu. Nenema kee ale si míese nyagblɔɖi aɖewo siwo le Ezekiel ƒe agbalẽa me gɔme la me gava kɔ ɖe edzi. Nyagblɔɖi siawo ƒe ɖewo ku ɖe Gog si tso Magog (ta 38 kple 39), dɔ si ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la awɔ (ta 9), bali si me ƒu ƒuƒuwo le kple kpɔɖeŋuti eve siwo wokpe wòzu ɖeka (ta 37) la ŋu. Numekɔkɔ siawo va xɔ ɖe esiwo nɔ agbalẽ si nye ‘Adze Si Yehowa’ si nɔ anyi tsã me la teƒe.

Eya ta mewɔ nuku o be Yehowa subɔla geɖewo bia be, “Ɣekaɣie woata agbalẽ aɖe si ana numekɔkɔ yeyewo tso Ezekiel ƒe nyagblɔɖiwo ŋu?” Agbalẽ mae nye Yehowa Ƒe Tadedeagu DzadzɛaWogbugbɔe Ðo Anyi Mlɔeba! Ne èle agbalẽ sia ƒe ta 22-awo xlẽm eye nèle ŋugble dem le nutata nyui siwo le eme ŋu la, ale si woku nu me tsitotsito le eŋu la awɔ nuku na wò. Míebu nuwo ŋu nyuie eye míedo gbe ɖa be míate ŋu ase susu si ta Yehowa na woŋlɔ Biblia-gbalẽ dodzidzɔname si nye Ezekiel ɖo. Míelé ŋku ɖe biabiawo abe esiawo ene ŋu. Woawoe nye: Nufiame kawoe le Ezekiel ƒe agbalẽa me na Ezekiel ŋɔlimetɔwo kple mí ame siwo li egbea? Nyagblɔɖi kawoe ƒo nu tso nu siwo ava dzɔ le etsɔme la ŋu? Ðe wòle be míadi be míakpɔ nu siwo nye kpɔɖeŋuwo kple nu siwo kpɔɖeŋuawo le tsitre ɖi na le Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo mea? Biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo na nyagblɔɖi siwo le Biblia-gbalẽ sia me la me va kɔ nyuie.

Esi nèle Ezekiel ƒe agbalẽ bliboa xlẽm tso gɔmedzedzea va se ɖe nuwuwu la, Yehowa ƒe habɔbɔ ƒe akpa si le dziƒo la awɔ nuku na wò vevie. Ðikeke mele eme o be dzidzenu kɔkɔ siwo Yehowa na ame siwo le dziƒo kple anyigba dzi siwo di be yewoasubɔe wòadze eŋu hã awɔ nuku na wò. Tadedeagu Dzadzɛ ƒe agbalẽa akpe ɖe ŋuwò be ale si nèkpɔa ŋudzedze ɖe nu siwo Yehowa wɔ na eƒe amewo xoxo kple nu siwo wòava wɔ le etsɔme kpuie ŋu la nade to ɖe edzi. Àde dzesii be agbalẽ sia te gbe ɖe nya vevi eve aɖewo dzi enuenu. Gbã la, hafi míaƒe nu nadze Yehowa ŋu la, ele be míadze sii eye míalɔ̃ ɖe edzi be eyae nye Xexea Me Katã Dziɖulagã. Evelia, ele be míasubɔ Yehowa le mɔ si dzea eŋu nu eye míadze agbagba anɔ agbe ɖe eƒe dzidzenu kɔkɔawo nu.

Enye míaƒe didi vevie be agbalẽ sia nado ŋusẽ wò be nàsubɔ Yehowa le mɔ si ade bubu eƒe ŋkɔ gã si le kɔkɔe la ŋu nu. Azɔ hã, neva eme be agbalẽ sia nade dzi ƒo na wò be nànɔ mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si me dukɔwo katã ava dze sii be eyae nye Yehowa.—Eze. 36:23; 38:23.

Neva eme be mía Fofo lɔ̃ame Yehowa, nayra ɖe agbagba siwo dzem nèle be yease agbalẽ si wòto eƒe gbɔgbɔa dzi na Ezekiel ŋlɔ gɔme la dzi.

Mia nɔviwo,

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha