Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA ENELIA

“Maʋli Nye Ŋkɔ Kɔkɔe La Ta Vevie”—Aʋa Si Woho Ðe Tadedeagu Dzadzɛa Ŋu La Medze Edzi O

“Maʋli Nye Ŋkɔ Kɔkɔe La Ta Vevie”—Aʋa Si Woho Ðe Tadedeagu Dzadzɛa Ŋu La Medze Edzi O

EZEKIEL 39:25

NYA VEVITƆ: Yehowa akpɔ eƒe amewo ta le xaxa gã la me

Yehowa lɔ̃ mí, gake abia akɔnta mí ɖe míaƒe nuwɔnawo ta. Aleke Yehowa sena le eɖokui me tso ame siwo gblɔna be yewole esubɔm gake wotoa woƒe nuwɔnawo dzi gbea nu le egbɔ la ŋu? Aleke wòawɔ anya ame siwo ta wòakpɔ le xaxa gã la me? Eye nu ka tae Yehowa si nye Mawu lɔ̃ame la atsrɔ̃ ame miliɔn gbogbo siwo nye ame vɔ̃ɖiwo?

LE AKPA SIA

TA 15

“Matsi Wò Gbolowɔwɔ Nu”

Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso gbolo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel kple Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽawo me la gbɔ?

TA 16

“De Dzesi Ŋgonu Na Wo”

Ale si wode dzesi ŋgonu na nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Ezekiel ŋɔli hena agbetsitsi la fia nu vevi aɖewo mí.

TA 17

“Oo Gog, . . . Metso Ðe Ŋuwò”

Ame kae nye Gog si tso Magog la, eye anyigba ka ŋue wòho ɖo?

TA 18

“Nye Dɔmedzoe Afla”

Gog ƒe amedzidzedzea ana Yehowa ƒe dziku nafla, eye esia ana Mawu nakpɔ eƒe amewo ta.