Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 16

“De Dzesi Ŋgonu Na Wo”

“De Dzesi Ŋgonu Na Wo”

EZEKIEL 9:4

NYA VEVITƆ: Ale si wode dzesi ŋgonu na nuteƒewɔla siwo nɔ anyi le Ezekiel ŋɔli hena agbetsitsi kple nu si dzesidedea fia na mí egbea

1-3. (a) Nu ka tae Ezekiel ƒe nu ku, eye nu kae wòsrɔ̃ tso ale si woatsrɔ̃ Yerusalem me? (b) Biabia kawo ŋue míade ŋugble le?

 EZEKIEL ƒe nu ku! Ðeko wòkpɔ ŋunyɔnu siwo wɔm Yudatɔ xɔsegbelawo nɔ le Yerusalem gbedoxɔa me le ŋutega me teti koe nye ema. * Aglãdzela mawo to woƒe nuwɔnawo dzi ƒo ɖi teƒe si wotsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu le le Israel. Gake menye gbedoxɔa koe wòƒo ɖii o. Ŋutasẽnuwɔwɔwo va xɔ aƒe ɖe Yuda ale gbegbe be gbɔgblɔ mele eŋu o. Esi woƒe nuwɔna mawo te ɖe Yehowa dzi vevie ta la, egblɔ na Ezekiel be: “Mawɔ nu le dziku me.”—Eze. 8:17, 18.

2 Bu ale si wòate ɖe Ezekiel dzii be Yerusalem kple gbedoxɔ kɔkɔea va zu nu siwo ŋu Yehowa do dziku ɖo vevie, eye wòle etsrɔ̃ ge la ɖa le susu me! Ðewohĩ anɔ wɔwɔm na Ezekiel be: ‘Ke ame dzɔdzɔe siwo le dua me ya ɖe? Ðe woakpɔ nublanui na woa? Ne woakpɔe na wo la, ke aleke?’ Mehiã be Ezekiel nalala wòadidi hafi akpɔ ŋuɖoɖoawo o. Esi wòse ale si woadrɔ̃ ʋɔnu Yerusalem vɔ megbe kpuie la, ese gbe gã aɖe wòyɔ Mawu ƒe ametsrɔ̃lawo. (Eze. 9:1) Esi nyagblɔɖilaa nɔ ŋutega kpɔm la, eƒe dzi dze eme elabena ede dzesii be menye ame sia amee woatsrɔ̃ o, ke boŋ ame aɖewo ko. Ɛ̃, ame siwo dze la atsi agbe!

3 Esi nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum la, anɔ wɔwɔm na míawo hã be ame kawoe atsi agbe le xaxa gã si le mía ŋgɔ la me? Azɔ na míadzro biabia siawo me: (1) Nu kae Ezekiel gakpɔ le ŋutegaa me? (2) Aleke ŋutegaa va eme le eƒe ŋkekea me? eye (3) Nu kae ŋutega si nye nyagblɔɖi la fia mí egbea?

“Miyɔ Ame Siwo Le Dua Tsrɔ̃ Ge La Vɛ”

4. Ƒo nu tso nu si Ezekiel gakpɔ eye wòse le ŋutega me la ŋu.

4 Nu bubu kae Ezekiel gakpɔ eye wòse le ŋutegaa me? (Xlẽ Ezekiel 9:1-11.) Ŋutsu adre tso “dzigbegbo si dze ŋgɔ dziehe la ƒe mɔ gbɔna,” ɖewohĩ to teƒe aɖe si te ɖe afi si ŋuʋaʋã ƒe legba Tamuz, si nyɔnuwo nɔ avi fam na la nɔ. (Eze. 8:3, 14) Ŋutsu adreawo ge ɖe gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu emetɔ la me, eye wova tɔ ɖe akɔblivɔsamlekpui la gbɔ. Gake menye vɔ sa gee wova o. Meganye ɣemaɣie woasa vɔwo na Mawu o. Ŋutsuawo dometɔ ade “lé [woƒe] ametsrɔ̃nu ɖe asi.” Ŋutsu adrelia ɖe dzesi eye wòto vovo. Edo aklalawu, eye melé ametsrɔ̃nu ɖe asi o, ke boŋ elé “agbalẽŋlɔnu” alo “agbalẽŋlɔla ƒe nuŋlɔtsigoe” abe ale si etenuŋɔŋlɔa gblɔe ene la, ɖe asi.

5, 6. Nu kae dzɔ ɖe ame siwo wode dzesii la dzi? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

5 Nu kae wobia tso ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la si be wòawɔ? Yehowa ŋutɔ de dɔ sesẽ aɖe asi nɛ. Egblɔ nɛ be: “Yi ɖatsa le Yerusalem dua me, eye nàde dzesi ŋgonu na ame siwo le hũ ɖem hele nu xam ɖe ŋunyɔnu siwo katã wɔm wole le dua me la ta.” Ðewohĩ enumake Ezekiel ɖo ŋku Israel-vi siwo nye dzila siwo sisi ʋu ɖe woƒe ʋɔtruti etametɔ kple ʋɔtrutiawo ŋu be wòanye dzesi ale be wòakpɔ yewoƒe ŋgɔgbeviwo ta be woagaku o la dzi. (2 Mose 12:7, 22, 23) Le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, ɖe dzesi si ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnua ɖe asi de ŋgonu na amewo hã awɔ dɔ ma tɔgbi, si fia be ame siwo ŋu dzesia le la atsi agbe ne wotsrɔ̃ Yerusalem dua?

6 Ŋuɖoɖoa me akɔ na mí ne míebu nu si tae wode dzesi ŋgonu na amewo la ŋu. Ame siwo le “hũ ɖem hele nu xam” ɖe ŋunyɔnu siwo “wɔm wole le dua me” ƒe ŋgonue wòle be woade dzesii. Ekema nya kae míagblɔ tso ame siwo wode dzesii la ŋu? Gbãa, wole nu xam vevie menye ɖe trɔ̃subɔsubɔ si le edzi yim le gbedoxɔa me ɖeɖe ko ŋu o, ke boŋ ɖe ŋutasesẽ, gbɔdɔdɔ manɔsenu kple nu fitifiti wɔwɔ siwo xɔ aƒe ɖe Yerusalem dua me fũu la hã ta. (Eze. 22:9-12) Azɔ hã, anɔ eme be womeɣla ale si wonɔ sesem le wo ɖokuiwo me la o. Anɔ eme be ame siawo siwo si dzi nyui le la ƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo ɖo kpe edzi be wolé fu nu siwo nɔ edzi yim le dukɔa me, eye wòɖo kpe ale si wolɔ̃ tadedeagu dzadzɛae la dzi. Yehowa akpɔ nublanui na ame siawo siwo dze la eye wòave wo nu.

7, 8. Aleke ŋutsu siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la awɔ woƒe dɔae, eye nu kae ava do tso eme mlɔeba?

7 Ke aleke ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la awɔ woƒe dɔae? Ezekiel se mɔfiame siwo Yehowa na wo la be: Midze ame si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la yome, eye miawu ame sia ame, negbe ame siwo ƒe ŋgonu dzesia le la koe mele eme o. Yehowa gblɔ be: “Midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la.” (Eze. 9:6) Ele be ametsrɔ̃lawo nadze woƒe dɔa gɔme tso Yerusalem gbedoxɔ si megale kɔkɔe na Yehowa o la me. Ame gbãtɔ siwo wòle be woawue nye “ametsitsi siwo le aƒea ŋgɔ”—Israel-metsitsi 70 siwo le gbedoxɔa me, siwo le dzudzɔ ʋeʋĩ dom na alakpamawuwo la.—Eze. 8:11, 12; 9:6.

8 Nu kae va dzɔ mlɔeba? Esi Ezekiel yi edzi nɔ ŋku lém ɖe ŋutegaa ŋu eye wònɔ to ɖom la, èkpɔe be ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la trɔ va gblɔ na Yehowa be: “Mewɔ abe ale si tututu nède se nam ene.” (Eze. 9:11) Ðeko esia ana míabia be: ‘Aleke nuwo va yi na Yerusalem dua me nɔlawo? Ðe nuteƒewɔla aɖewo tsi agbe le tsɔtsrɔ̃ ma mea?’

Aleke Ŋutegaa Va Eme Le Ezekiel Ŋɔli?

9, 10. Nuteƒewɔla siwo tsi agbe esi wotsrɔ̃ Yerusalem dometɔ aɖewo ɖe, eye nya ta kae esia ana míaƒo?

9 Xlẽ 2 Kronika 36:17-20. Ezekiel ƒe nyagblɔɖia va eme le ƒe 607 D.Y. me esi Babilon-ʋakɔa va tsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa. Babilontɔwo le abe ‘kplu le Yehowa si me’ ene, elabe wonye dɔwɔnu si Yehowa zã tsɔ he to na Yerusalem nɔla mawɔnuteƒeawo. (Yer. 51:7) Ame sia amee tsrɔ̃a? Ao. Ezekiel ƒe ŋutegaa gblɔe ɖi be Babilontɔwo ana ame aɖewo natsi agbe.—1 Mose 18:22-33; 2 Pet. 2:9.

10 Nuteƒewɔla aɖewo tsi agbe. Wo dometɔ aɖewoe nye Rekab viwo, Etiopiatɔ Ebed-Melek, nyagblɔɖila Yeremiya kple Baruk si nye eƒe agbalẽŋlɔla. (Yer. 35:1-19; 39:15-18; 45:1-5) Ezekiel ƒe ŋutegaa ate ŋu ana míaƒo nya ta be ame siawo nɔ ‘hũ ɖem henɔ nu xam ɖe ŋunyɔnu siwo katã’ wɔm wonɔ le Yerusalem la ta. (Eze. 9:4) Hafi woava tsrɔ̃ dua la, anɔ eme be woɖee fia tso dzi me be yewolé fu nu vɔ̃ɖi eye yewolɔ̃ tadedeagu dzadzɛa, esiae na wokpɔ wo ta.

11. Ame kawoe ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi kple ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la le tsitre ɖi na?

11 Ðe wode dzesi nuteƒewɔla mawo ŋutɔŋutɔ na agbetsitsia? Nuŋlɔɖi aɖeke meli be Ezekiel loo alo nyagblɔɖila bubu aɖe tsa le Yerusalem dua me eye wòde dzesi ŋgonu na nuteƒewɔlawo ŋutɔŋutɔ o. Ekema edze ƒãa be Ezekiel ƒe ŋutegaa si nye nyagblɔɖi la ɖe nu si nɔ dzɔdzɔm le dziƒo si amegbetɔ mate ŋu akpɔ kple ŋku o la fia. Ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi kple ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi siwo dze le ŋutegaa me la nye Yehowa ƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔ wɔnuteƒe siwo le klalo ɣesiaɣi be yewoawɔ eƒe lɔlɔ̃nu. (Ps. 103:20, 21) Ðikeke mele eme o be Yehowa zã eƒe dɔlawo wotsrɔ̃ Yerusalem nɔla siwo mewɔ nuteƒe o la. Ðeko wòle abe ɖe wode dzesi ŋgonu na ame siwo ta woakpɔ la ene, eye esia na mawudɔlawo kpɔ egbɔ be yewometsrɔ̃ ame sia ame o.

Nu Kae Ezekiel Ƒe Ŋutegaa Fia Na Mí Egbea?

12, 13. (a) Nu ka tae Yehowa do dziku ɖe Yerusalem ŋu, eye nu ka tae míate ŋu anɔ mɔ kpɔm be ado dziku ɖe xexe sia hã ŋu? (b) Ðe Kristodukɔa nye kpɔɖeŋu na Yerusalem si mewɔ nuteƒe o la? Ðe eme. (Kpɔ aɖaka si nye “Ðe Kristodukɔa Nye Kpɔɖeŋu Na Yerusalem Dua?”)

12 Mawu ahe tsɔtsrɔ̃ aɖe si ɖeke mesɔ kpli o la avɛ le míaƒe ŋkekea me, eyae nye “xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze va se ɖe fifia o . . . eye etɔgbi megale vava ge ake o.” (Mat. 24:21) Esi míele nudzɔdzɔ vevi ma lalam la, biabia vevi aɖewo fɔ ɖe te: Ðe woakpɔ ame aɖewo ta? Ðe woade dzesi ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Yehowa le mɔ aɖe nu be woatsi agbea? Le mɔ bubu nu la, ɖe nyagblɔɖi si ku ɖe ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la ava eme le míaƒe ŋkekea mea? Biabia etɔ̃ siawo katã ƒe ŋuɖoɖoe nye ɛ̃. Nu ka tae míeƒo nya ta alea? Be míanya la, na míagatrɔ ɖe ŋutega si Ezekiel kpɔ la ŋu.

13 Èɖo ŋku nu si tae Yehowa do dziku ɖe blema Yerusalem ŋu vevie la dzia? Na míagalé ŋku ɖe Ezekiel 9:8, 9 ŋu kpɔ. (Xlẽe.) Esi Ezekiel nɔ vɔvɔ̃m be tsɔtsrɔ̃ si ava la ana ‘Israel ƒe ame susɔeawo katã’ natsrɔ̃ ta la, Yehowa ƒo nu tso susu ene siwo tae wòle ʋɔnua drɔ̃m ɖo la ŋu. Gbãa, dukɔa ƒe “vodada sɔ gbɔ ŋutɔ.” * Evelia, “ʋukɔkɔɖi yɔ” Yuda-nyigba dzi. Etɔ̃lia, “nu fitifiti wɔwɔ yɔ” Yerusalem si nye Yuda fiaɖuƒea ƒe fiadu la me fũu. Enelia, ameawo nɔ taflatse dom ɖe woƒe nuwɔnawo ta be Yehowa mele yewoƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo ‘kpɔm’ o. Ðe nya mawo meɖɔ ale si xexe sia si me agbe ƒaƒã, ŋutasesẽ, nu fitifiti wɔwɔ kple xɔsemanɔamesi bɔ ɖo wu la oa? Esi Yehowa “metrɔna” o ta la, nu si na wòdo dziku le dzɔdzɔenyenye me le Ezekiel ŋɔli la, ana wòagado dziku le míaƒe ŋkekea hã me. (Yak. 1:17; Mal. 3:6) Eya ta ele be míakpɔ mɔ be dɔ aɖe li si ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi kple ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la awɔ le míaƒe ŋkeke siawo hã me!

Eteƒe madidi o woade dɔ asi na ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la be woawɔ (Kpɔ Memama 12, 13)

14, 15. Nu kawoe ɖee fia be Yehowa xlɔ̃a nu amewo do ŋgɔ hafi hea tsɔtsrɔ̃ vanɛ?

14 Ke aleke Ezekiel ƒe ŋutega si nye nyagblɔɖi la ava eme egbea? Ne míetrɔ kpɔ ale si ŋutegaa va eme le blema la, míate ŋu anya nu si míakpɔ mɔ na fifia kple etsɔme siaa. Wo ya bu nu siwo teƒe míekpɔ kple esiwo teƒe míava kpɔ ne Ezekiel ƒe nyagblɔɖia va eme la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

15 Yehowa xlɔ̃a nu amewo do ŋgɔ hafi hea tsɔtsrɔ̃ vanɛ. Le agbalẽ sia ƒe Ta 11 lia me la, míekpɔe be Yehowa de dɔ asi na Ezekiel be wòanye ‘dzɔla ɖe Israel ƒe aƒe la nu.’ (Eze. 3:17-19) Tso ƒe 613 D.Y. dzi la, Ezekiel xlɔ̃ nu Israel-viwo eme kɔ tso tsɔtsrɔ̃ aɖe si nɔ aƒe tum la ŋu. Nyagblɔɖila bubu siwo nye Yesaya kple Yeremiya hã xlɔ̃ nu Yerusalem nɔlawo vevie tso afɔku si gbɔna la ŋu. (Yes. 39:6, 7; Yer. 25:8, 9, 11) Le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa to Kristo dzi le amesiaminawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dzi tom le nuɖuɖu nam aƒemesubɔvi siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛa naa Mawu, eye wogaxlɔ̃a nu amewo tso xaxa gã si le aƒe tum kabakaba la hã ŋu.—Mat. 24:45.

16. Mí Yehowa ƒe amewoe dea dzesi ame siwo atsi agbe la? Ðe eme.

16 Menye Yehowa subɔlawoe dea dzesi ŋgonu na ame siwo atsi agbe la o. Ðo ŋku edzi be womegblɔ na Ezekiel be eya ŋutɔ natsa le Yerusalem dua me eye wòade dzesi ame siwo atsi agbe la o. Le mɔ sia ke nu la, womede dɔ asi na Yehowa subɔla siwo li egbea be woade dzesi ame siwo dze na agbetsitsi la o. Ke boŋ míenye Kristo ƒe gbɔgbɔ me aƒemesubɔvi siwo si wode dɔe be míaɖe gbeƒã. Ne míeɖea gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia kutrikukutɔe eye míexlɔ̃a nu amewo be xexe sia le eƒe nuwuwu gogom la, ke míele eɖem fia be dɔ sia le vevie na mí. (Mat. 24:14; 28:18-20) Míetoa esia dzi kpena ɖe ame siwo si dzi nyui le la ŋu be woava tsɔ tadedeagu dzadzɛ ana Mawu.—1 Tim. 4:16.

17. Nu kae wòle be ame siwo di be yewoatsi agbe la nawɔ fifia be woade dzesi wo le etsɔme?

17 Ne ame aɖe di be yeatsi agbe le tsɔtsrɔ̃ si gbɔna me la, ke ele be wòaɖee afia fifia be xɔse le ye si. Abe ale si míekpɔe va yi ene la, ame siwo tsi agbe esi wotsrɔ̃ Yerusalem le ƒe 607 D.Y. me la, ɖee fia do ŋgɔ tso dzi me be yewolé fu nu vɔ̃ɖi eye yewolɔ̃ tadedeagu dzadzɛa. Nenemae wòle egbea hã. Hafi tsɔtsrɔ̃a nava la, ele be amewo naɖee afia tso dzi me be yewole “hũ ɖem hele nu xam” vevie le nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le xexea me la ta. Eye mele be woaɣla woƒe seselelãmewo o, ke boŋ ele be woaɖee afia le woƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me be yewolɔ̃ tadedeagu dzadzɛa. Aleke woawɔe? Ele be woawɔ ɖe gbeƒã si ɖem wole egbea la dzi, eye woayi edzi anɔ Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo ɖem fia, axɔ nyɔnyrɔ ɖe tsi me atsɔ aɖo kpe edzi be yewoɖe adzɔgbe na Yehowa, eye ele be woado alɔ Kristo nɔviwo nuteƒewɔwɔtɔe. (Eze. 9:4; Mat. 25:34-40; Ef. 4:22-24; 1 Pet. 3:21) Ame siwo nɔa agbe alea, siwo tso xaxa gã la ɖo eye wotsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu koe woade dzesii be wodze na agbetsitsi.

18. (a) Aleke Yesu ade dzesi ame siwo dze la, eye ɣekaɣie wòawɔe? (b) Ðe wòahiã be woade dzesi amesiamina wɔnuteƒewoa? Ðe eme.

18 Yesue ade dzesi amewo. Le Ezekiel ŋɔli la, wode dɔ asi na mawudɔlawo be woade dzesi nuteƒewɔlawo na agbetsitsi. Le míaƒe ŋkekea me la, ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi lae nye Yesu Kristo, ne ‘eva ɖo le eƒe ŋutikɔkɔe me’ be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã. (Mat. 25:31-33) Yesu ava le xaxa gã la me, ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo vɔ megbe. * Le ɣeyiɣi vevi sia me, hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo be wonye alẽwo alo gbɔ̃wo. Woadrɔ̃ ʋɔnu ame siwo nye “ameha gã” la me tɔwo alo ade dzesi wo be wonye alẽwo, si fia be ‘woayi ɖe agbe mavɔ me.’ (Nyaɖ. 7:9-14; Mat. 25:34-40, 46) Ke nu kae adzɔ ɖe amesiamina wɔnuteƒewo dzi? Mehiã be woade dzesi wo be woatsi agbe le Armagedon-ʋaa me o. Ke boŋ woatre wo nu zi mamlɛtɔ do ŋgɔ na woƒe ku loo alo hafi xaxa gã la nadze egɔme. Eye ɣeyiɣi aɖe hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, woafɔ wo dometɔ siwo gakpɔtɔ ɖe anyigba dzi la ɖe tsitre woayi dziƒo.—Nyaɖ. 7:1-3.

19. Ame kawoe akpe ɖe Yesu ŋu woadrɔ̃ ʋɔnu xexe sia? (Kpɔ aɖaka si nye “Hũ Ðem Hele Nu Xam, De Dzesi, Tsrɔ̃—Ɣekaɣie Eye Aleke?”)

19 Fia Yesu Kristo si le dziƒo kple eƒe dziƒoʋakɔawo adrɔ̃ ʋɔnu xexe sia. Le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, ŋutsu ade siwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la medze amewo tsɔtsrɔ̃ gɔme o va se ɖe esime ame si do aklalawu la de dzesi ŋgonu na amewo vɔ. (Eze. 9:4-7) Nenema kee Yesu adrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã me tɔwo eye wòade dzesi alẽawo na agbetsitsi. Azɔ le Armagedon-ʋaa me la, Yesu anɔ ŋgɔ na dziƒoʋakɔ siwo nye ametsrɔ̃lawo, siwo nye mawudɔla kɔkɔewo kple eƒe hatidziɖula ame 144,000 la woatsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia keŋkeŋ, eye woakpɔ ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu la ta woage ɖe xexe yeyea me.—Nyaɖ. 16:14-16; 19:11-21.

20. Nufiame dedziƒoname kawoe le ŋutega si Ezekiel kpɔ ku ɖe ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la me na mí?

20 Ðe mele be míada akpe ɖe nufiame siwo dea dzi ƒo na ame siwo le ŋutega si Ezekiel kpɔ ku ɖe ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la me ŋu ta oa! Míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa matsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kpe ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu o. (Ps. 97:10) Míeva nya nu si wòle be míawɔ fifia ale be woade dzesi mí na agbetsitsi le etsɔme. Mí Yehowa subɔlawo míeɖoe kplikpaa be míaɖe gbeƒã nya nyuia ale si míate ŋui, eye míaxlɔ̃ nu ame siwo le hũ ɖem hele nu xam ɖe nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le Satana ƒe xexea me la ta. Esia awɔe be míate ŋu akpe ɖe “ame siwo si dzi ƒe nɔnɔme nyui le hena agbe mavɔ kpɔkpɔ” la ŋu be woava wɔ ɖeka kpli mí míatsɔ tadedeagu dzadzɛ ana Mawu, eye woato esia dzi aɖee afia be yewodze be woade dzesi yewo ale be yewoava nɔ Mawu ƒe xexe yeye si le dzɔdzɔe la me.—Dɔw. 13:48.

^ mm. 1 Woƒo nu tso ŋunyɔnu siwo nɔ edzi yim le gbedoxɔa me, si dze le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la ŋu le agbalẽ sia ƒe Ta 5 lia me.

^ mm. 13 Le numekuku aɖe ƒe nya nu la, Hebrigbe me nya si gɔme woɖe be “vodada” ate ŋu afia nu si “gbɔ eme.” Numekuku bubu gblɔ be nya sia nye nya si “wozãna koŋ le subɔsubɔnyawo me, eye zi geɖe la, wozãnɛ wòfiana agbe ƒaƒã nɔnɔ alo nu si nye nu vɔ̃ le Mawu ŋkume.”

^ mm. 18 Edze ƒãa be Babilon Gã la tsɔtsrɔ̃ mefia be woatsrɔ̃ ame siwo le alakpasubɔsubɔhawo me la katã o. Ɣemaɣi la, hakplɔla aɖewo gɔ̃ hã agbe nu le alakpasubɔsubɔ gbɔ eye woagblɔ be yewomenɔ eme kpɔ o.—Zak. 13:3-6.