Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 17

“Oo Gog, . . . Metso Ðe Ŋuwò”

“Oo Gog, . . . Metso Ðe Ŋuwò”

EZEKIEL 38:3

NYA VEVITƆ: Nu si “Gog” kple “anyigba” si ŋu wòho ɖo la nye

1, 2. Aʋa gã kae le ŋgɔ gbɔna, eye biabia kawoe fɔ ɖe te ku ɖe aʋaa ŋu? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

 ƑE AKPE geɖee nye esia si wowu ame gbogbo aɖewo le aʋawɔwɔwo me si na anyigba ƒo ʋu, eye xexemeʋa eve siwo wowɔ le ƒe alafa 20 lia me la meto le eme o. Gake aʋa gãtɔ kekeake le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me ya le ŋgɔ gbɔna. Ke hã, aʋa sia manye amegbetɔwo dome ʋa siwo me dukɔwo tsia tsitre ɖe wo nɔewo ŋu le le ɖokuitɔdidi ta o. Ke boŋ aʋa sia anye “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ.” (Nyaɖ. 16:14) Nu si ahe aʋa sia vɛ ye nye be, futɔ dadala aɖe aho ɖe anyigba aɖe si Mawu buna nu vevii la ŋu; nudzɔdzɔ ma ana Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa naɖe eƒe ŋusẽ si teƒe ame aɖeke mekpɔ kpɔ o la afia eye wòatsrɔ̃ dukɔwo.

2 Nyabiase vevi aɖewo fɔ ɖe te. Woawoe nye: Ame kae nye futɔ sia? Anyigba ka ŋue wòaho ɖo? Ɣekaɣie, nu ka tae, eye aleke wòaho ɖe anyigba sia ŋu? Esi wònye be nudzɔdzɔ sia ka mí, ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Yehowa le anyigba dzi ta la, ehiã be míakpɔ ŋuɖoɖoawo. Míakpɔ ŋuɖoɖoawo le nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi si dze le Ezekiel ta 38 kple 39 lia me.

Futɔ Lae Nye Gog Si Tso Magog

3. Ƒo nu tso Ezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Gog si tso Magog la ƒe akpa vevi aɖewo ŋu.

 3 Xlẽ Ezekiel 38:1, 2, 8, 18; 39:4, 11. Nyagblɔɖia ƒe akpa vevi aɖee nye esi: “Le ƒeawo ƒe nuwuɣi la” futɔ aɖe si woyɔ be ‘Gog si tso Magog’ aho ɖe Mawu ƒe amewo ƒe ‘anyigba’ la ŋu. Gake amedzidzedze sia na Yehowa ƒe ‘dɔmedzoe fla’ wòde asi nyaa me eye wòɖu Gog dzi. * Yehowa ame si ɖu aʋaa dzi la, tsɔ futɔa kple ame siwo le eŋu la ‘na xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi kple gbemelãwo be woaɖu.’ Mlɔeba, Yehowa na “ɖiƒe” Gog. Be míase ale si nyagblɔɖi sia ava eme le etsɔme gɔme bliboe la, ahiã be míanya ame si tututu Gog nye.

4. Nya ta kae míaƒo tso Gog si tso Magog ŋu?

4 Ame ka tututue nye Gog si tso Magog? Le ale si Ezekiel ɖɔe nu la, míate ŋu aƒo nya ta be Gog nye ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu ƒe futɔ. Ðe Gog nye nyagblɔɖi ŋkɔ na Satana, ame si nye tadedeagu dzadzɛa ƒe futɔ gãtɔa? Le ƒe geɖe siwo va yi mea, nenemae míaƒe agbalẽwo gblɔ. Ke hã, esi míegbugbɔ ŋku lé ɖe Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ŋu la, ena míetrɔ asi le gɔmesesea ŋu. Gbetakpɔxɔ aɖe ɖe eme be dzesideŋkɔ si nye Gog si tso Magog mefia gbɔgbɔmenuwɔwɔ aɖe si ŋku mate ŋu akpɔ o, ke boŋ enye futɔ, amegbetɔ si ŋku ate ŋu akpɔ, si nye dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo awɔ ɖeka atso ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu. * Hafi míaƒo nu tso nu si tae míeƒo nya ta alea ŋu la, gbãa, mina míade ŋugble tso kpeɖodzi eve siwo dze le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me si fia be Gog menye gbɔgbɔmenuwɔwɔ o ŋu.

5, 6. Nu kae dze le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me si ɖee fia be menye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Gog si tso Magog la nye o?

5 “Matsɔ wò ana xe ƒonu ɖe sia ɖe ƒomevi . . . woaɖu.” (Eze. 39:4) Ŋɔŋlɔawo zãa xe ƒonu siwo ɖua nu kukuwo zi geɖe la tsɔ xlɔ̃a nu amewo tso Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu. Mawu xlɔ̃ nu Israel dukɔa kple ame siwo menye Israel-viwo o siaa. (5 Mose 28:26; Yer. 7:33; Eze. 29:3, 5) Gake de dzesii be menye gbɔgbɔmenuwɔwɔwoe woxlɔ̃ nui o, ke boŋ amegbetɔ siwo nye ŋutilã kple ʋu. Mewɔ nuku o, ʋulãe xe ƒonuwo kple gbemelãwo ɖuna, menye gbɔgbɔ o. Eya ta Mawu ƒe nuxlɔ̃ame si dze le Ezekiel ƒe nyagblɔɖia me na míekpɔe be menye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Gog nye o.

6 “Mana ɖiƒe Gog le Israel.” (Eze. 39:11) Ŋɔŋlɔawo megblɔ be woɖia gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ɖe anyigba dzi o. Ke boŋ woatsɔ Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ade aʋli me ƒe 1,000, eye emegbe woatsɔ wo aƒu gbe ɖe dzota, si nye kpɔɖeŋu na tsɔtsrɔ̃ mavɔ la me. (Luka 8:31; Nyaɖ. 20:1-3, 10) Esi wogblɔ be woana “ɖiƒe” Gog le anyigba dzi ta la, míate ŋu aƒo nya ta be menye gbɔgbɔmenuwɔwɔe o.

7, 8. Ɣekaɣie anye “dziehefia” ƒe nuwuwu, eye aleke esia sɔ kple nu si adzɔ ɖe Gog si tso Magog dzi lae?

7 Ne menye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Gog, si nye futɔ si ava dze ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu dzi la nye o ɖe, ke ame ka alo nu kae wònye? Na míade ŋugble tso Biblia me nyagblɔɖi eve siwo akpe ɖe mía ŋu míanya ame si Gog si tso Magog nye la ŋu.

8 “Dziehefia.” (Xlẽ Daniel 11:40-45.) Daniel gblɔe ɖi be xexemefiaɖuƒewo akplɔ wo nɔewo ɖo tso eŋɔli va se ɖe míaƒe ŋkekea me. Nyagblɔɖia gagblɔ be dunyaheŋusẽ siwo nye “anyiehefia” kple “dziehefia” atsi tre ɖe wo nɔewo ŋu. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, menye dukɔ ɖeka aɖe koe fia eve siawo nyena ɣesiaɣi o, elabe anyigbadzidukɔ siawo ʋlina ɣesiaɣi be yewoakpɔ ŋusẽ. Daniel gblɔ ku ɖe aʋa si dziehefia aho le “nuwuɣi la” ŋu be: ‘Aho kple dziku gã be yeagblẽ ame geɖewo ahatsrɔ̃ wo.’ Yehowa subɔlawoe nye ame siwo koŋ dziehefia la atɔ ŋkui. * Gake abe ale si wòdzɔ ɖe Gog si tso Magog dzi ene la, ne dziehefia la ƒe Mawu ƒe amewo dzi dzedze do kpo nu nu la, emae anye “eƒe nuwuwu.”

9. Nu kawoe ɖi wo nɔewo le nu si adzɔ ɖe Gog si tso Magog dzi kple “anyigbadzifiawo” dzi me?

9 “Anyigba blibo la dzi fiawo.” (Xlẽ Nyaɖeɖefia 16:14, 16; 17:14; 19:19, 20.) Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa gblɔe ɖi be “anyigbadzifiawo” atso ɖe ‘fiawo ƒe Fia,’ si nye Yesu si le dziƒo la ŋu. Gake esi wònye be woƒe asi mate ŋu ade dziƒo o ta la, aglãdzela siawo aho ɖe ame siwo de Fiaɖuƒea dzi la ŋu. Gake makpa anyigbadzifiawo le Armagedon-ʋaa me o. De dzesii be ne wodze Yehowa ƒe amewo dzi la, emae anye woƒe nuwuwu. Esia sɔ kple nu si wogblɔ be edzɔ ɖe Gog si tso Magog la dzi. *

10. Nya ta kae míaƒo tso ame si Gog si tso Magog nye la ŋu?

10 Le nu siwo me míedzro nu la, nya ta kae míaƒo tso ame si Gog nye la ŋu? Gbãa, menye gbɔgbɔmenuwɔwɔe Gog nye o. Evelia, Gog le tsitre ɖi na anyigbadzidukɔ siwo adze Mawu ƒe amewo dzi kpuie. Anɔ eme be dukɔ mawo aƒo takpli, si fia be woawɔ ɖeka le mɔ aɖe nu. Nu ka tae? Esi wònye be Mawu ƒe amewo le xexea ƒe akpa sia akpa ta la, ahiã be dukɔwo nawɔ ɖeka aɖo tame ɖeka be yewoadze wo dzi. (Mat. 24:9) Gake mègaŋlɔ be o be, Satana ŋutɔe nye ame si le megbe na amedzidzedzea. Tso ɣeaɖeɣi kea, ena dukɔwo tsi tsitre ɖe tadedeagu vavãtɔ ŋu. (1 Yoh. 5:19; Nyaɖ. 12:17) Gake Ezekiel ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Gog si tso Magog ŋu la ƒo nu tso akpa si anyigbadzidukɔ siwo adze Yehowa ƒe amewo dzi awɔ la ŋu. *

“Anyigba” La—Nu Kae Wònye?

11. Aleke Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ɖɔ “anyigba” si ŋu Gog aho ɖo lae?

11 Abe ale si míekpɔe le  memama 3 lia me ene la, ne Gog si tso Magog ho ɖe anyigba si Yehowa buna nu vevii ŋu la, ana Yehowa ƒe dɔmedzoe nafla. Anyigba kae? Na míagatrɔ ɖe Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ŋu. (Xlẽ Ezekiel 38:8-12.) Egblɔ be Gog aho ɖe “dukɔ [alo anyigba] aɖe si vo tso yi ƒe nugbegblẽ si me” eye wonye “ame siwo nu woƒo ƒu tso dukɔwo dome” la ŋu. De dzesi nya si wògblɔ tso tadeagula siwo wogbugbɔ ɖo te siwo le anyigba ma dzi la ŋu. Egblɔ be: “Woli bɔkɔɔ”; ‘wole nuvo gli mele wo ŋu o, gameti kple agbo hã mele wo nu o’; eye wole ‘kesinɔnuwo nu ƒom ƒu.’ Anyigba sia dzie ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Yehowa le anyigba bliboa dzi la le. Aleke míawɔ ade dzesii?

12. Aleke wogbugbɔ Israel-nyigbaa ɖo te le blema?

12 Anyo be míade ŋugble le ale si wogbugbɔ blema Israel, si nye anyigba si dzi Mawu ƒe ame tiatiawo nɔ, wɔ dɔ, eye wosubɔ hena ƒe alafa geɖe ɖo te la ŋu. Esi Israel-viwo meva wɔ nuteƒe o la, Yehowa gblɔ to Ezekiel dzi be woƒe anyigba la azu gbegbe. (Eze. 33:27-29) Gake Yehowa gagblɔe ɖi hã be wo dometɔ siwo trɔ dzi me le aboyo me le Babilon la, ƒe susɔeawo atrɔ ayi wo denyigba dzi agbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi. Yehowa ayra wo, eye wòana Israel-nyigbaa naɖɔ ɖo, awɔ nu “abe Eden bɔ ene.” (Eze. 36:34-36) Gbugbɔgaɖɔɖo ma dze egɔme tso ƒe 537 D.Y., esime Yudatɔ aboyomeawo trɔ yi Yerusalem be yewoagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi le wo denyigba lɔlɔ̃a dzi.

13, 14. (a) Nu kae nye gbɔgbɔmenyigba la? (b) Nu ka tae anyigba sia le vevie na Yehowa?

13 Le egbe ŋkekea hã me la, wogbugbɔ ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu la ɖo te le mɔ ma ke nu. Abe ale si míesrɔ̃e le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me ene la, kaka ƒe 1919 naɖo la, woɖe asi le Mawu ƒe ame siwo nɔ Babilon Gã la ƒe aboyo me la ŋu. Le ƒe ma me la, Yehowa kplɔ esubɔla siwo wògbugbɔ ɖo te la va gbɔgbɔmenyigba aɖe dzi. Anyigba mae nye gbɔgbɔmeparadisoa, afi si le dedie, si nye gbɔgbɔmenɔnɔme si me nu dzea edzi na mí le, afi si míesubɔa Mawu vavã la le. Le anyigba sia dzi la, míenɔa dedie, míaƒe susu kple dzi dzea eme. (Lod. 1:33) Wonaa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe mí, eye dɔ si me dzidzeme le bɔ ɖe mía si míawɔ, si nye be míaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒea. Nyateƒee, míekpɔ lododo si gblɔ be: “Yehowa ƒe yayrae wɔa ame kesinɔtɔ, eye metsɔa vevesese aɖeke kpena ɖe eŋu o” la ƒe nyateƒenyenye. (Lod. 10:22) Afi ka kee míele le anyigba dzi o, zi ale si míeyi edzi le asi kpem ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu le míaƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me ko la, ke efia be míele anyigba sia, si nye gbɔgbɔmeparadisoa dzi.

14 Gbɔgbɔmenyigba sia le vevie na Yehowa. Nu ka tae? Elabena ame siwo le anyigba sia dzi la nye “dukɔwo katã ƒe nu vevitɔwo,” ame siwo wòhe va tadedeagu dzadzɛa me. (Hag. 2:7; Yoh. 6:44) Ame siawo dzea agbagba be yewoado amenyenye yeyea, si ɖea Mawu ŋutɔ ƒe nɔnɔme vevitɔwo fiana. (Ef. 4:23, 24; 5:1, 2) Esi wotsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu ta la, wotsɔa wo ɖokuiwo nana bliboe be yewoawɔ dɔ nɛ, eye wowɔa esia le mɔ siwo kɔa eŋu nu eye woɖenɛ fiana be yewolɔ̃e. (Rom. 12:1, 2; 1 Yoh. 5:3) Ðikeke mele eme o be ne Yehowa kpɔ ale si esubɔlawo le agbagba dzem be yewoana gbɔgbɔmenyigba sia naganya kpɔ ɖe edzi la, edoa dzidzɔ nɛ ŋutɔ. Bu eŋu kpɔ ko: Ne ètsɔa tadedeagu dzadzɛa ɖoa nɔƒe gbãtɔ le agbe me la, menye ɖeko nèɖoa atsyɔ na gbɔgbɔmeparadisoa o, ke edoa dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi hã!—Lod. 27:11.

Afi ka kee míele o, zi ale si míeyi edzi le asi kpem ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu ko la, ke míele gbɔgbɔmenyigbaa dzi (Kpɔ memama 13, 14)

Ɣekaɣie Gog Aho Ðe Anyigba La Ŋu, Nu Ka Tae, Eye Aleke Wòawɔe?

15, 16. Ɣekaɣie Gog si tso Magog aho ɖe míaƒe gbɔgbɔmenyigba si wogaɖo te la ŋu?

15 Ne míebu ale si eteƒe madidi o anyigbadzidukɔwo awɔ ɖeka aho ɖe míaƒe gbɔgbɔmenyigba xɔasia ŋu la, míetsia dzi vie. Esi wònye be mí ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Yehowa dzie wogblɔ be woadze ta la, míedina be míanya nu geɖe tso eŋu. Bu biabia etɔ̃ siwo fɔna ɖe te zi geɖe ŋu kpɔ.

16 Ɣekaɣie Gog si tso Magog la aho ɖe míaƒe gbɔgbɔmenyigba si wogbugbɔ ɖo te la ŋu? Nyagblɔɖia ɖo eŋu be: “Le ƒeawo ƒe nuwuɣi la, àho ɖe dukɔ [alo anyigba] aɖe” ŋu. (Eze. 38:8) Esia na míekpɔe be anye ɣeyiɣi aɖe si gogo nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu. Ðo ŋku edzi be xaxa gã la adze egɔme ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo vɔ. Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo megbe eye hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, Gog aho zi mamlɛtɔ kple ŋusẽ katã ɖe mawusubɔla vavãwo ŋu.

17, 18. Aleke Yehowa ade asi nyaa me le xaxa gã la me?

17 Nu ka tae Gog aho ɖe ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Yehowa ƒe anyigba si wogbugbɔ ɖo te la ŋu? Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ɖe nu vevi eve ɖe go—gbãtɔ ku ɖe ale si Yehowa ƒe asi le nyaa me ŋu, eye eveliae nye tame vɔ̃ si Gog ɖo.

18 Yehowa ƒe asi le nyaa me. (Xlẽ Ezekiel 38:4, 16.) De dzesi nya si Yehowa gblɔ na Gog: “Made ga alɔgo na wò” eye “mana nàho ɖe nye anyigba ŋu.” Ðe nya mawo fia be Yehowa azi dukɔwo dzi be woadze ye subɔlawo dzia? Ao! Mana vɔ̃ nadzɔ ɖe eƒe amewo dzi o. (Hiob 34:12) Gake Yehowa nya eƒe futɔwo nyuie be woalé fu ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa ye la, eye ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na wo la woadi godoo be yewoatsrɔ̃ wo. (1 Yoh. 3:13) Ðeko wòle abe ale si woade ga alɔgo na Gog ahee ene. Yehowa ade asi nudzɔdzɔawo me ale be nudzɔdzɔawo nava wɔ ɖeka kple eƒe lɔlɔ̃nu ɖe ɣeyiɣi dzi. Le ɣeyiɣi aɖe megbe, ne wotsrɔ̃ Babilon Gã la vɔ la, ɖewohĩ Yehowa ato mɔ aɖe dzi adee dzi me na dukɔwo be woawɔ nu si woɖo ɖe dzi me xoxo la dzi. Yehowa ana nuwo nasɔ nyuie ne wodze eƒe amewo dzi si ana Armagedon-ʋa, si nye xexea ƒe aʋa gãtɔ kekeake la nafe ati. Ekema axɔ na eƒe amewo, ado eƒe dziɖulanyenye ɖe dzi, eye wòakɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu.—Eze. 38:23.

Dukɔwo adi be yewoaha tadedeagu dzadzɛa, elabe wolé fui kpe ɖe ame siwo donɛ ɖe ŋgɔ siaa ŋu

19. Nu kae ana Gog nadi be yeaha tadedeagu dzadzɛa?

19 Tame vɔ̃ si Gog ɖo. Dukɔwo ‘aɖo tame vɔ̃.’ Woadi be yewoaɖe dziku kple fuléle ƒe gbɔgbɔtsixe si yewolé ɖe ƒo ɣeyiɣi didi la ɖe Yehowa subɔla siwo dze abe wɔnamanɔŋutɔ siwo li “gli mele wo ŋu o, gameti kple agbo hã mele wo nu o” ene la ŋu. Dukɔwo adi vevie hã be ‘yewoaha aboyonu geɖe’ tso ame siwo le ‘kesinɔnuwo nu ƒom ƒu’ la gbɔ. (Eze. 38:10-12) “Kesinɔnu” kae? Gbɔgbɔmekesinɔnu gbogbo aɖe le Yehowa ƒe amewo si; míaƒe nu vevitɔe nye tadedeagu dzadzɛ si míetsɔna naa Yehowa ɖeka ko. Dukɔwo adi be yewoaha tadedeagu dzadzɛa, gake menye esi wòle vevie na wo tae o, ke boŋ wolé fu tadedeagu dzadzɛa kpe ɖe ame siwo donɛ ɖe ŋgɔ siaa ŋu.

Gog ‘aɖo tame vɔ̃’ be yeabu mo na tadedeagu dzadzɛa, gake madze edzi o (Kpɔ memama 19)

20. Aleke Gog aho ɖe gbɔgbɔ- menyigba alo gbɔgbɔme- paradisoa ŋui?

20 Aleke Gog aho ɖe gbɔgbɔmenyigba alo gbɔgbɔmeparadisoa ŋui? Dukɔwo adi be yewoagblẽ ale si míewɔa nui la me, eye yewoatɔ te míaƒe subɔsubɔa. Ðewohĩ esia awɔe be woadi be yewoagblẽ mɔ si dzi míetona xɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu la me, yewoaxe mɔ na mí be míagaƒo ƒu ɖekae o, agblẽ ɖekawɔwɔ si le mía dome la me, eye yewoana míadzudzɔ Mawu ƒe gbedeasi si míegblɔna dzonɔamemetɔe la. Nu siawo katãe ƒo ƒu wɔ gbɔgbɔmeparadisoa. Satana aƒoe ɖe dukɔwo nu be woabu mo na tadeagula vavãwo kple tadedeagu dzadzɛa siaa le anyigba dzi.

21. Nu ka tae dzi dzɔa wò be Yehowa na míenya nu si gbɔna kpuie la do ŋgɔ?

21 Gog si tso Magog ƒe amedzidzedzea alɔ Mawu vavã subɔla siwo katã le Mawu ƒe gbɔgbɔmenyigba dzi la ɖe eme. Edzɔa dzi na mí ŋutɔ be Yehowa na míenya nu si gbɔna kpuie la do ŋgɔ! Gake fifia esi míele xaxa gã la lalam la, mina míaɖoe kplikpaa alé tadedeagu dzadzɛa me ɖe asi eye wòaxɔ nɔƒe gbãtɔ na mí le agbe me. Ne míewɔe alea fifia la, ana míakpe asi ɖe anyigba si wogaɖo te la ŋu be wòanya kpɔ ɖe edzi. Eye esia awɔe be mɔnukpɔkpɔa nasu mía si be míakpɔ nu vevi aɖe si le ŋgɔ kpuie la teƒe. Eyae nye: Ale si Yehowa axɔ na eƒe amewo eye wòakɔ eƒe ŋkɔ kɔkɔea ŋu le Armagedon-ʋaa me, abe ale si ta si kplɔ esia ɖo aɖe emee ene.

^ mm. 3 Le agbalẽ sia ƒe ta si kplɔe ɖo me la, míaƒo nu tso ɣeyiɣi si Yehowa ƒe dɔmedzoe gã la afla ɖe Gog si tso Magog ŋu kple ale si wòaflae kpakple nu si esia afia na ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ nanɛ la.

^ mm. 4 Kpɔ “Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ” le May 15, 2015 ƒe Gbetakpɔxɔ axa 27-28.

^ mm. 8 Daniel 11:45 ɖee fia be Mawu ƒe amewo koŋue dziehefia la atɔ ŋkui, elabena egblɔ be fia sia “atu eƒe fiagbadɔwo ɖe ƒu gã la [Mediterranea Ƒua] kple Atsyɔ̃to kɔkɔe la [afi si Mawu ƒe gbedoxɔa nɔ tsã si Mawu ƒe amewo subɔnɛ le la] dome.”

^ mm. 9 Biblia gaƒo nu tso ale si egbegbe “Asiriatɔ la,” ava dze Mawu ƒe amewo dzi eye wòadi be yeabu mo na wo la ŋu. (Mika 5:5) Mawu ƒe amewo dzi dzedze ene siwo ŋu nya wogblɔ ɖi, siwo nye Gog si tso Magog ƒe amedzidzedze, dziehefia ƒe amedzidzedze, anyigbadzifiawo ƒe amedzidzedze kple Asiriatɔ la ƒe amedzidzedze, ate ŋu afia amedzidzedze ɖeka si woyɔ ŋkɔ vovovowo na.

^ mm. 10 Kpɔ agbalẽ sia ƒe Ta 22 lia be wòakpe ɖe ŋuwò nàse ame si “Gog kple Magog” siwo ŋu woƒo nu tsoe le Nyaɖeɖefia 20:7-9 nye la gɔme.