Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 18

“Nye Dɔmedzoe Afla”

“Nye Dɔmedzoe Afla”

EZEKIEL 38:18

NYA VEVITƆ: Gog ƒe amedzidzedzea ana Yehowa ƒe dziku nafla; Yehowa akpɔ eƒe amewo ta le Armagedon-ʋa la me

1-3. (a) Nu kae ado tso Yehowa ƒe “dɔmedzoe” si afla la me? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.) (b) Nu ka ŋue míaƒo nu tsoe azɔ?

 ŊUTSUWO, nyɔnuwo kple ɖeviwo le tsitre le Fiaɖuƒeha dzim. Emegbe hamemetsitsi aɖe do gbe ɖa tso dzi me le kuku ɖem na Yehowa be wòakpɔ yewo ta. Hamea me tɔwo ka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ yewo ta, gake wohiã na akɔfafa kple dzideƒo. Aʋaɣli de dzi bobobo le xexe. Armagedon-ʋaa dze egɔme!—Nyaɖ. 16:14, 16.

2 Le Armagedon-ʋaa me la, menye ɖeko Yehowa atsrɔ̃ amewo ko o, ke boŋ atsrɔ̃ wo le “dɔmedzoe” me. (Xlẽ Ezekiel 38:18.) Menye aʋakɔ alo dukɔ ɖeka aɖe ŋu koe wòaɖe eƒe dziku helĩhelĩ la ɖo o, ke boŋ aɖee ɖe ame gbogbo aɖewo siwo xexlẽme meli na o la ŋu le anyigba bliboa dzi. Gbe ma gbe la, ame siwo Yehowa awu la “anɔ anyi tso anyigba ƒe mlɔenu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu.”—Yer. 25:29, 33.

3 Nu kae aʋã Yehowa, Mawu lɔ̃ame, ame si woɖɔ be “nublanuikpɔla kple veveseɖeamenula” kpakple “ame si medoa dziku kabakaba o” la be wòado “dɔmedzoe” aɖe afɔ ma? (2 Mose 34:6; 1 Yoh. 4:16) Na míakpɔ ale si nya ma ƒe ŋuɖoɖo afa akɔ na mí, ana dzi naɖo mía ƒo eye wòaʋã mí míado vevie gbeƒãɖeɖedɔa egbea la ɖa.

Nu Kae Ana Yehowa Nado “Dɔmedzoe”?

4, 5. Aleke Yehowa ƒe dziku to vovo tso amegbetɔ madeblibowo tɔ gbɔe?

4 Gbã la, ele be míade dzesii be Yehowa ƒe dziku mele abe amegbetɔ madeblibowo tɔ ene o. Ne amegbetɔwo do dɔmedzoe eye wole fiefiem abe tsi ene la, zi geɖe la, emetsonuawo dzia ŋɔ. Le kpɔɖeŋu me, Adam ƒe vi gbãtɔ Kain “do dɔmedzoe helĩhelĩ” elabe Yehowa mexɔ eƒe vɔsa o, gake exɔ Abel ya tɔ. Nu kae do tso eme? Kain wu nɔvia si nye ame dzɔdzɔe la. (1 Mose 4:3-8; Heb. 11:4) Bu David, ame si ŋu wogblɔ le be eƒe nu dze Yehowa ƒe dzi ŋu, la hã ŋu kpɔ. (Dɔw. 13:22) Ame nyui sia gɔ̃ hã do hlɔ̃ kloe esi wòse be kesinɔtɔ Nabal dzu ye kple ye ŋu mewo. Esi David ƒe dziku fla la, eya kple eƒe asrafowo “dometɔ ɖe sia ɖe ta yi,” eye woɖoe be menye Nabal si mekpɔ ŋudzedze ɖe nu ŋu o la koe yewoawu o, ke yewoawu ŋutsu ɖe sia ɖe si le eƒe me. Dzidzɔtɔe la, Nabal srɔ̃ Abigail kpe ɖe David kple eŋumeawo ŋu be womedo hlɔ̃ o. (1 Sam. 25:9-14, 32, 33) Susu nyui aɖe tae Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã Yakobo wògblɔ be: “Ame ƒe dziku mewɔa nu si le dzɔdzɔe le Mawu ŋkume o.”—Yak. 1:20.

Yehowa ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi eye susu si tae wòdo dzikua ɖo la me kɔna

5 To vovo na amegbetɔ ƒe dziku si nu menya léna o la, Yehowa ya tea ŋu ɖua eɖokui dzi eye susu si tae wòdo dzikua ɖo la me kɔna. Ne Yehowa ƒe dɔmedzoe fla gɔ̃ hã la, ewɔa nu dzɔdzɔe. Ne etso ɖe eƒe futɔwo ŋu la, metsrɔ̃a ‘ame dzɔdzɔewo kpena ɖe ame vɔ̃ɖiwo ŋu’ gbeɖe o. (1 Mose 18:22-25) Azɔ hã, susu nyuiwo tae Yehowa doa dziku ɖo. Na míade ŋugble tso susu eve aɖewo siwo tae kple nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso wo me ŋu.

6. Aleke Yehowa wɔa nui ne woƒo ɖi eƒe ŋkɔ?

6 Susu si tae: Woƒo ɖi Yehowa ƒe ŋkɔ. Ame siwo gblɔna be Yehowa teƒenɔlawoe yewonye evɔ wowɔa nu vɔ̃ɖi la ƒoa ɖi eƒe ŋkɔ, eye esɔ be wòado dziku ɖe wo ŋu. (Eze. 36:23) Abe ale si míedzro eme le agbalẽ sia ƒe ta siwo do ŋgɔ me ene la, Israel-dukɔa he vlodoame gã aɖe va Yehowa ƒe ŋkɔa dzi. Mewɔ nuku o be dukɔa ƒe nɔnɔme kple nuwɔnawo do dziku na Yehowa. Ke hã, eƒe dzikua megblẽ nu o, ehe to na eƒe amewo ale si dze, mewɔe wògbɔ eme o. (Yer. 30:11) Eye ne Yehowa ƒe dziku ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ vɔ la, megaléa dziku ma ɖe dɔ me o.—Ps. 103:9.

7, 8. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ale si Yehowa wɔ nu kple Israel-viwo me?

7 Nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme: Ale si Yehowa wɔ nu kple Israel-viwoe la nye nuxlɔ̃ame sesẽ aɖe na mí. Abe blema Israel-viwo ene la, mɔnukpɔkpɔ su míawo hã si be Yehowa ƒe ŋkɔ le mía ŋu. Yehowa Ðasefowoe míenye. (Yes. 43:10) Míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo akpɔ ŋusẽ ɖe ale si amewo abu Mawui dzi. Míadi gbeɖe be míasẽ dzi me anɔ nu vɔ̃ɖi wɔm atsɔ aƒo ɖi Yehowa ƒe ŋkɔ o. Alakpanuwɔwɔ sia ana Yehowa nado dziku eye wòahe to na mí fifia loo alo le etsɔme atsɔ akɔ eƒe ŋkɔ ŋu.—Heb. 3:13, 15; 2 Pet. 2:1, 2.

8 Ðe ale si Yehowa ate ŋu ado “dɔmedzoe” la awɔe be mímadi be míate ɖe eŋu oa? Ao. Míenya be Yehowa gbɔa dzi ɖi eye wòtsɔna kena. (Yes. 55:7; Rom. 2:4) Gake míenya hã be ehea to na ame ne ehiã. Le nyateƒe me la, míedea bubu eŋu vevie, elabe míenya be eƒe dɔmedzoe afla ɖe ame siwo sẽ dzi me le nu vɔ̃ wɔm la ŋu eye maɖe mɔ be woakpɔtɔ anɔ eƒe amewo dome o. (1 Kor. 5:11-13) Yehowa na míenya nu siwo doa dziku nɛ la eme kɔ nyuie. Ele na mí be míatsri nɔnɔme kple nuwɔna siwo doa dziku nɛ.—Yoh. 3:36; Rom. 1:26-32; Yak. 4:8.

9, 10. Aleke Yehowa wɔa nu ne wodo ŋɔdzi na eƒe amewo? Gblɔ eƒe kpɔɖeŋu.

9 Susu si tae: Ne wodo ŋɔdzi na Yehowa subɔla wɔnuteƒewo. Ne futɔwo dze agbagba be yewoadze ame siwo wɔa nuteƒe na Yehowa eye wova bé ɖe egbɔ dzi la, eƒe dziku flana. Le kpɔɖeŋu me, esi Israel-viwo dzo le Egipte la, Farao kple eƒe aʋakɔ sesẽa ho ɖe Israel-vi siwo va tsi Ƒudzĩa nu eye wòdze abe ɖe wɔna mele wo ŋu o ene la ŋu. Gake esi aʋakɔ sesẽ ma ti Israel-viwo yome to ƒua me la, Yehowa na woƒe tasiaɖamfɔwo gli eye wòtutu Egiptetɔawo ƒu atsiaƒua me. “Wo dometɔ ɖeka hɔ̃ hã metsi agbe o.” (2 Mose 14:25-28) Yehowa ‘ve’ eƒe amewo nu, eye wòna eƒe dziku fla ɖe Egiptetɔawo ŋu.—Xlẽ 2 Mose 15:9-13.

Ale si ko mawudɔla aɖe kpɔ Mawu ƒe amewo ta tso Asiriatɔwo si me le Hizkiya ŋɔli la, nenema kee mawudɔlawo akpɔ míawo hã ta (Kpɔ Memama 10, 23)

10 Nenema kee lɔlɔ̃ si le Yehowa si na eƒe amewo ʋãe wòxɔ na wo le Fia Hizkiya ŋɔli. Asiriatɔwo ƒe aʋakɔ si kpɔ ŋusẽ wu ɣemaɣi eye wosẽa ŋuta la ho ɖe Yerusalem dua ŋu. Woho ɖe Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ŋu tsɔ do ŋɔdzi na wo, si awɔe be woakpe fu eye woaku nublanuitɔe. (2 Fia. 18:27) Gake ɖeko Yehowa dɔ eƒe dɔla ɖeka pɛ wòva wu asrafo 185,000 siwo nye futɔwo, le zã ɖeka ko me! (2 Fia. 19:34, 35) Wò ya bu ale si nuwo nɔ le Asiriatɔwo ƒe asaɖaa me esi ŋu ke la ŋu kpɔ ko. Akplɔwo, akpoxɔnuwo kple yiwo tsi anyi kloyii. Kpẽ ƒe ɖiɖi aɖeke mete ŋu na wonyɔ o. Ame aɖeke mate ŋu aɖe gbe aƒo wo nu ƒu o. Ðoɖoe zi toŋtoŋtoŋ le asaɖa bliboa me eye ame kukuwo sɔŋ koe le afi sia afi.

11. Ne míexlẽ nu tso Ŋɔŋlɔawo me kpɔɖeŋu siwo ku ɖe ale si Yehowa wɔ nui esi wodo ŋɔdzi na eƒe amewo ŋu la, aleke esia dea dzi ƒo na mí eye wodoa ŋusẽ mí?

11 Nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso eme: Kpɔɖeŋu mawo siwo ku ɖe ale si Yehowa wɔ nu ɖe ame siwo tso ɖe eƒe amewo ŋu la nye nuxlɔ̃ame sesẽ na míaƒe futɔwo be: “Ŋɔdzinu wònye be ame nadze Mawu gbagbe la ƒe asi me.” (Heb. 10:31) Le mía gome la, kpɔɖeŋu mawo dea dzi ƒo na mí, eye wodoa ŋusẽ mí. Enana míaƒe dzi dzea eme be míaƒe futɔ gãtɔ Satana ado kpo nu. Madidi o, “ɣeyiɣi vi” si susɔ nɛ la awu enu! (Nyaɖ. 12:12) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, míate ŋu ayi edzi asubɔ Yehowa kple dzideƒo, eye míeka ɖe edzi be ame, habɔbɔ alo dziɖuɖu aɖeke mate ŋu axe mɔ na mí be míagawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. (Xlẽ Psalmo 118:6-9.) Gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo wòɖe kakaɖedzi si le mía si gblɔ ale: “Ne Mawu le mía dzi la, ame kae atsi tsitre ɖe mía ŋu?”—Rom. 8:31.

12. Le xaxa gã si le ŋgɔ gbɔna me la, nu kae ana Yehowa ƒe dɔmedzoe nafla?

12 Le xaxa gã si le ŋgɔ gbɔna me la, Yehowa axɔ na mí, abe ale si wòxɔ na Israel-vi siwo Egiptetɔwo xaxa ɖo kple Yudatɔ siwo nɔ Yerusalem siwo Asiriatɔwo va ɖe to ɖo la ene. Ne míaƒe futɔwo te kpɔ be yewoatsrɔ̃ mí la, lɔlɔ̃ gã si le Yehowa si na mí awɔe be eƒe dziku nafla. Ame siwo mabu nuwo ŋu nyuie o, siwo aho ɖe mía ŋu la, anɔ asi kam Yehowa ƒe ŋkuvi ŋu. Esia ana wòatso kpla atsrɔ̃ wo. (Zak. 2:8, 9) Ame siwo aku la teƒe manya kpɔ o. Gake mele be esia nawɔ nuku na Mawu ƒe futɔwo ne Yehowa ɖe eƒe dziku ɖe wo ŋu o. Nu ka tae?

Nuxlɔ̃ame Kae Yehowa Na?

13. Nuxlɔ̃ame kawoe Yehowa na do ŋgɔ?

13 Yehowa “medoa dziku kabakaba o.” Exlɔ̃ nu amewo do ŋgɔ be yeatsrɔ̃ ame siwo tsi tsitre ɖe ye ŋu eye wodoa ŋɔdzi na yeƒe amewo la. (2 Mose 34:6, 7) Yehowa to nyagblɔɖilawo abe Yeremiya, Ezekiel, Daniel, Kristo Yesu kple apostolo siwo nye Petro, Paulo kple Yohanes ene dzi xlɔ̃ nu amewo tso aʋa gã si le ŋgɔ ŋu.—Kpɔ aɖaka si nye “Yehowa Xlɔ̃ Nu Tso Tsɔtsrɔ̃ Gã Si Gbɔna La Ŋu.”

14, 15. Dɔ kae Yehowa kpɔ egbɔ be wowɔ, eye nu ka tae?

14 Yehowa na woŋlɔ nuxlɔ̃amenya siawo ɖe eƒe Nya la me. Ekpɔ egbɔ hã be Biblia nye agbalẽ si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me, eye womae wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe le ŋutinya me. Le xexea me godoo la, ena lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo kpena ɖe amewo ŋu be wo kple Mawu dome nanɔ nyuie, eye woxlɔ̃a nu amewo tso “Yehowa ƒe ŋkeke gã” la ŋu. (Zef. 1:14; Ps. 2:10-12; 110:3) Eʋã eƒe amewo be woaɖe Biblia srɔ̃gbalẽwo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ gbogbo aɖewo me eye be woazã gaƒoƒo miliɔn gbogbowo ƒe sia ƒe atsɔ aƒo nu tso ŋugbe siwo wòdo kple eƒe nuxlɔ̃ame siwo le eƒe Nya la me la ŋu.

15 Yehowa na wole dɔ siawo katã wɔm elabe “medi be ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ edi be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo katã si woatrɔ dzi me.” (2 Pet. 3:9) Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye na mí be míanɔ mía Mawu lɔ̃ame, si gbɔa dzi ɖi la teƒe awɔ akpa sue aɖe aɖe gbeƒã eƒe gbedeasia! Gake eteƒe madidi o, ɣeyiɣi aɖeke magasusɔ na ame siwo do toku nuxlɔ̃ameawo o.

Ɣekaɣie Yehowa Ƒe Dziku “Afla”?

16, 17. Ðe Yehowa ɖo ŋkeke na aʋa mamlɛa? Ðe eme.

16 Yehowa ɖo ŋkeke na aʋa mamlɛa. Enya ɣeyiɣi si woadze eƒe amewo dzi do ŋgɔ. (Mat. 24:36) Aleke Yehowa wɔ nya ɣeyiɣi si eƒe futɔwo ava dze eƒe amewo dzi?

17 Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe ta si do ŋgɔ me ene la, Yehowa gblɔ na Gog be: “Made ga alɔgo na wò.” Ana dukɔwo natso be yewoawɔ aʋa. (Eze. 38:4) Esia mefia be Yehowae ɖoe be woawɔ aʋa sia alo be exɔ tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe le ame siwo tsi tsitre ɖe eŋu la si o. Ke boŋ efia be Yehowa ate ŋu anya nu si le ame ƒe dzi me, eye wònya ale si eƒe futɔwo awɔ nu le nɔnɔme vovovowo me.—Ps. 94:11; Yes. 46:9, 10; Yer. 17:10.

18. Nu ka tae amegbetɔ tsɛwo atso be yewoawɔ aʋa kple Ŋusẽkatãtɔ la?

18 Ne menye Yehowae ana woawɔ aʋaa alo aƒoe ɖe eƒe futɔwo nu be woawɔ aʋaa o ɖe, ke nu ka tae amegbetɔ tsɛwo atso be yewoawɔ aʋa kple Ŋusẽkatãtɔ la? Susu ɖekae nye be va se ɖe ɣemaɣi la, amegbetɔwo asusui be Mawu meli o, eye ne eli gɔ̃ hã la, made nu amegbetɔwo ƒe nyawo me o. Ðewohĩ woasusui alea, elabe ɖeko wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo katã le anyigba dzi teti koe nye ema. Eya ta woanɔ susum be, ne Mawu li nyateƒe la, ke axɔ na ame siwo gblɔna be eteƒee yewole la godoo. Mava susu me na wo kura be Mawue tsɔe de dzi me na yewo be yewoaɖe subɔsubɔha siwo le Mawu ƒe ŋkɔ yɔm evɔ wole nu gbegblẽwo wɔm la ɖa o.—Nyaɖ. 17:16, 17.

19. Nu kae ɖewohĩ adzɔ ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ- hawo megbe?

19 Ne wotsrɔ̃ alakpasubɔsubɔhawo megbe la, Yehowa ana eƒe amewo naɖe gbeƒã gbedeasi sesẽ aɖe si Nyaɖeɖefia ƒe agbalẽa tsɔ sɔ kple tsikpe siwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe kpekpeme anɔ abe kilogram 20 ene. (Nyaɖ. 16:21, etenuŋɔŋlɔ) Gbedeasi sia, si ɖewohĩ nye gbeƒãɖeɖe be woatsrɔ̃ dziɖuɖuwo kple asitsahabɔbɔwo kpuie la awɔ fu wo ale gbegbe be woagblɔ busunyawo ɖe Mawu ŋu. Ðewohĩ gbedeasi siae aho dzi na dukɔwo ale be woaho ɖe Mawu ƒe amewo ŋu be yewoana ɖoɖoe nazi le mía nu keŋkeŋ. Woasusu be míele nuvo, eye be yewoate ŋu atsrɔ̃ mí ɖa bɔbɔe. Gake wokui wòɖuɖu!

Aleke Yehowa Aɖe Eƒe Dzikua Afiae?

20, 21. Ame kae nye Gog, eye nu kae adzɔ ɖe edzi?

20 Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 17 lia me ene la, Ezekiel zã dzesideŋkɔ si nye nyagblɔɖi si nye “Gog, si tso Magog-nyigba dzi” tsɔ ƒo nu tso dukɔwo ƒe ƒuƒoƒo siwo aho ɖe mía ŋu la ŋu. (Eze. 38:2) Gake dukɔ siawo anɔ abe sabala ene, woawɔ ɖeka baa gake mama anɔ wo dome. Togbɔ be adze abe wowɔ ɖeka ene hã la, hoʋiʋli, dada kple dulɔlɔ̃ ayi edzi anɔ wo dome. Esia ana wòanɔ bɔbɔe na Yehowa be wòana wo dometɔ ɖe sia ɖe natsɔ “yi ɖe nɔvia ŋu.” (Eze. 38:21) Gake menye amegbetɔwo gbɔe wòatso be woatsrɔ̃ dukɔwo o.

21 Hafi woatsrɔ̃ míaƒe futɔwo la, woakpɔ Amegbetɔvi la ƒe dzesi, si ɖewohĩ anye Yehowa kple Yesu ƒe ŋusẽ si woaɖe afia wòanye nu si teƒe amegbetɔwo mekpɔ kpɔ o. Tsitretsiɖeŋulawo akpɔ nu siwo ana woƒe dɔ me naʋu dzo hɛ̃ teƒe. Abe ale si Yesu gblɔe ɖi ene la, “amewo aku ƒenyi le vɔvɔ̃ kple mɔkpɔkpɔ na nu siwo gbɔna dzɔdzɔ ge le anyigba bliboa dzi la ta.” (Luka 21:25-27) Woava kpɔe be vodada gãe yewowɔ be yewodze Yehowa ƒe amewo dzi eye esia ana ŋɔdzi nalé wo. Ava zu dzizizi na wo be woanya Wɔla, aʋakɔwo ƒe Yehowa be enye aʋafiagã. (Ps. 46:6-11; Eze. 38:23) Yehowa azã dziƒoʋakɔwo kple dzɔdzɔmenuwo atsɔ aɖe eƒe dziku afia, eye wòakpɔ esubɔla wɔnuteƒewo ta, gake wòatsrɔ̃ eƒe futɔwo ya.—Xlẽ 2 Petro 2:9.

Ne wodo ŋɔdzi na Yehowa ƒe amewo la, azã dziƒoʋakɔwo atsɔ aɖe eƒe dɔmedzoe afia (Kpɔ Memama 21)

22, 23. Ame kawoe akpɔ Mawu ƒe amewo ta, eye anɔ eme be aleke woƒe dɔdeasia ana woase le wo ɖokui me?

Nu kae nu si míenya tso Yehowa ƒe ŋkekea ŋu ʋãa mí be míawɔ?

22 Bu ale si Yesu adi vevie be yeaxɔ ŋgɔ awɔ aʋa kple Mawu ƒe futɔwo eye yeakpɔ ame siwo lɔ̃ ye Fofo eye wosubɔnɛ ta la ŋu kpɔ. Gabu ale si amesiaminawo hã ase le wo ɖokuiwo me ŋu kpɔ. Eye le ɣeyiɣi aɖe hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, woafɔ amesiamina susɔe siwo kpɔtɔ ɖe anyigba dzi la ɖe tsitre woayi dziƒo ale be wo ame 144,000 la katã nakpe ɖe Yesu ŋu woawɔ aʋa la. (Nyaɖ. 17:12-14) Esi amesiaminawo kple alẽ bubuawo le dɔ wɔm ɖekae le anyigba dzi ta la, ɖikeke mele eme o be wo dome va le kplikplikpli le ŋkeke mamlɛ siawo me. Ɣemaɣi la, ŋusẽ kple ŋutetea ava nɔ amesiaminawo ŋu be woaʋli ame siwo kpe asi ɖe wo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe le woƒe xaxawo me la ta.—Mat. 25:31-40.

23 Mawudɔlawo hã anɔ Yesu ƒe dziƒoʋakɔawo dome. (2 Tes. 1:7; Nyaɖ. 19:14) Wokpe ɖe eŋu va yi wònya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo. (Nyaɖ. 12:7-9) Eye wole asi kpem ɖe eŋu be woaƒo ame siwo le anyigba dzi siwo di be yewoasubɔ Yehowa la nu ƒu. (Nyaɖ. 14:6, 7) Eya ta esɔ be Yehowa naɖe mɔ na mawudɔlawo be woakpɔ esubɔla wɔnuteƒe siawo ta! Vevietɔ wu la, anye dada na ame siwo katã le Yehowa ƒe aʋakɔa me be yewoakpe asi ɖe eŋu woatsrɔ̃ Mawu ƒe futɔwo atsɔ akɔ eƒe ŋkɔa ŋu ahaʋli eta.—Mat. 6:9, 10.

24. Aleke ameha gã siwo nye alẽha bubuawo awɔ nui?

24 Esi aʋakɔ sesẽ sia le ame siwo nye ameha gã siwo nye alẽha bubuawo ta kpɔm ta la, mele be vɔvɔ̃ naɖo wo kura o. Le nyateƒe me la, ‘woatsi tre adzɔ kã, eye woafɔ ta dzi, elabena woƒe ɖeɖe gogo.’ (Luka 21:28) Ekema ɖe mele be hafi Yehowa ƒe ŋkekea nava la, míakpe ɖe ame geɖe ale si nu míate ŋui la ŋu be woava nya mía Fofo nublanuikpɔla kple ametakpɔla la eye woalɔ̃e oa!—Xlẽ Zefaniya 2:2, 3.

Le Armagedon-ʋaa me la, Yehowa ƒe amewo made asi aʋaa me o. Mawudɔlawo akpɔ wo ta, eye wo dzi dzelawo atrɔ ɖe wo nɔewo ŋu.—Eze. 38:21 (Kpɔ Memama 22-24)

25. Nu ka ŋue míaƒo nu tso le ta si kplɔe ɖo me?

25 Nu siwo dona tso amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔ mee nye tɔtɔ kple fukpekpe. Gake le Armagedon-ʋaa megbe ya la, nuwo anɔ ɖoɖo nu eye dzidzɔ axɔ aƒe ɖi. Nu kae adzɔ ne Yehowa ƒe dɔmedzoea nu fa, eƒe aʋawɔlawo tsɔ woƒe yiwo de aku me, eye aʋaɣliawo nu tso? Le ta si kplɔe ɖo me la, míaƒo nu tso etsɔme nyui ma ŋu.