Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 2B

Ezekiel—Eƒe Agbenɔnɔ Kple Eŋɔlimetɔwo

Ezekiel—Eƒe Agbenɔnɔ Kple Eŋɔlimetɔwo

Ezekiel gɔmee nye “Mawue Doa Ŋusẽ Ame.” Togbɔ be nyagblɔɖi siwo ŋu wòƒo nu tsoe nye nuxlɔ̃amewo hã la, gbedeasi siwo katã ŋu wòƒo nu tsoe la wɔ ɖeka kple gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu, eye gbedeasiawo do ŋusẽ ame siwo di be yeawoade ta agu na Mawu le mɔ si adze eŋu nu la ƒe xɔse.

NYAGBLƆÐILA SIWO NƆ ANYI LE EŊƆLI

  • YEREMIYA,

    etso nunɔlawo ƒe ƒome me, eye Yerusalem koŋue wòwɔ eƒe dɔa le (tso ƒe 647-580 D.Y)

  • HULDA

    esubɔ le ɣeyiɣi si me wofɔ Segbalẽa le gbedoxɔa me le ƒe 642 D.Y. me lɔƒo

  • DANIEL,

    etso Yuda to, si nye fiaƒomea me, eye wokplɔe yi Babilon le ƒe 617 D.Y.

  • HABAKUK

    anye be esubɔ le Yuda esime Yehoyakim nɔ fia ɖum

  • OBADIYA

    egblɔ nya ɖi ɖe Edom ŋu, anya wɔ esia esime wotsrɔ̃ Yerusalem

ƔEKAƔIE WOGBLƆ NYA ÐI? (ƑEAWO KATÃ DO ŊGƆ NA YESU)

NU ÐEDZESI SIWO DZƆ LE EZEKIEL ƑE AGBENƆƔI (ƑEAWO KATÃ DO ŊGƆ NA YESU)

  1. Ƒe 643 lɔƒo: Wodzii

  2. Ƒe 617: Babilontɔwo ɖe aboyoe

  3. Ƒe 613: Edze nyagblɔɖidɔa gɔme; eye wòkpɔ ŋutega siwo tso Yehowa gbɔ

  4. Ƒe 612: Ekpɔ ŋutega siwo ku ɖe xɔsegbegbe ŋu le gbedoxɔa me

  5. Ƒe 611: Edze fɔbuamenyawo gbɔgblɔ ɖe Yerusalem ŋu

  6. Ƒe 609: Srɔ̃a ku, eye toɖeɖe ɖe Yerusalem zi mamlɛtɔ dze egɔme

  7. Ƒe 607: Woɖo kpe edzi nɛ be wotsrɔ̃ Yerusalem

  8. Ƒe 593: Ekpɔ ŋutega si ku ɖe gbedoxɔa ŋu

  9. Ƒe 591: Egblɔ ale si Nebukadnezar ava dze Egipte dzi; ewu nuŋlɔɖia ŋɔŋlɔ nu

YUDA KPLE BABILON FIAWO

  1. Ƒe 659-629: Yosiya do tadedeagu dzadzɛa ɖe ŋgɔ, gake eku le aʋa si wòho ɖe Farao Neko ŋu la me

  2. Ƒe 628: Yehoahaz ɖu fia ɣleti etɔ̃ pɛ ko, evɔ mewɔ nu nyui aɖeke o, eye Farao Neko va lée dzoe

  3. Ƒe 628-618: Yehoyakim nye fia vɔ̃ɖi si Farao Neko tsɔ ɖo ameawo nu

  4. Ƒe 625: Nebukadnezar ɖu Egiptetɔwo ƒe aʋakɔa dzi

  5. Ƒe 620: Nebukadnezar va Yuda zi gbãtɔ eye wòtsɔ Yehoyakim ɖo fia le Yerusalem

  6. Ƒe 618: Yehoyakim dze aglã ɖe Nebukadnezar ŋu gake anya ku esime Babilontɔwo va Ŋugbedodonyigbaa dzi zi evelia

  7. Ƒe 617: Yehoyakin, si wogayɔna be Yekoniya, nye fia vɔ̃ɖi si ɖu dzi dzinu etɔ̃ eye wòva bɔbɔ ɖe Nebukadnezar te

  8. Ƒe 617-607: Nebukadnezar tsɔ fia vɔ̃ɖi Zedekiya, si nye vɔvɔ̃nɔtɔ ɖo fiae

  9. Ƒe 609: Zedekiya dze aglã ɖe Nebukadnezar, si va dze Yuda dzi zi etɔ̃lia la ŋu

  10. Ƒe 607: Nebukadnezar tsrɔ̃ Yerusalem, elé Zedekiya, gbã ŋku nɛ eye wòkplɔe yi Babilon