Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 20A

Ale Si Woma Anyigba Lae

Ale Si Woma Anyigba Lae

Ale si woɖɔ anyigbaa ƒe liƒowo ƒe dzidzeme tsitotsito na aboyomeawo ka ɖe edzi be woagaɖo yewo denyigba lɔlɔ̃a te godoo. Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega sia me egbea? Na míade ŋugble tso ŋutegaa ƒe akpa eve aɖewo ŋu kpɔ:

Míele teƒe si le dedie eye dɔ vevi aɖe le mía si míawɔ

Woana teƒe aboyome siwo atrɔ agbɔ la dometɔ ɖe sia ɖe le Ŋugbedodonyigba si woagaɖo te la dzi. Nenema kee egbea hã, wona teƒe Yehowa subɔlawo katã le gbɔgbɔmeparadisoa me. Ne edze abe ɖoƒe si míele le habɔbɔa me le tsɛ ene gɔ̃ hã la, míele teƒe si le dedie eye dɔ vevi aɖe le mía si míawɔ le gbɔgbɔmenyigba sia dzi. Le Yehowa gbɔ la, esubɔla ɖe sia ɖe xɔ asi nɛ.

Ame sia ame axɔe sɔsɔe

Le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, afi ka kee woɖale le Ŋugbedodonyigbaa si wogaɖo te dzi o, anyigbaa awɔ nu nyuie. Nenema kee egbea hã, Yehowa na mɔnukpɔkpɔa esubɔlawo katã sɔsɔe be míava gbɔgbɔmeparadisoa me, si nana wòyraa mí.