Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 12A

Ati Eve Siwo Wokpe

Ati Eve Siwo Wokpe

Yehowa gblɔ na Ezekiel be wòaŋlɔ ɖe atiawo dometɔ ɖeka ŋu be ‘Yuda tɔ’ eye wòaŋlɔ ɖe evelia ŋu be ‘Efrayim ƒe ati, si nye Yosef tɔ.’

‘Yuda tɔ’

LE BLEMA

Yuda-to eve fiaɖuƒea

MÍAƑE ŊKEKEA ME

Amesiaminawo

‘Efrayim ƒe ati, si nye Yosef tɔ’

LE BLEMA

Israel-to ewo fiaɖuƒea

MÍAƑE ŊKEKEA ME

Alẽ bubuawo

“woazu ati ɖeka ko le asiwò me”

LE BLEMA

Ƒe 537 D.Y. Tadeagula vavãwo trɔ tso dukɔwo dome va wo de, wogbugbɔ Yerusalem tso, eye wowɔ ɖeka subɔ Mawu abe dukɔ ɖeka ene.

MÍAƑE ŊKEKEA ME

Tso ƒe 1919 me la, Mawu ƒe amewo gbugbɔ wɔ ɖoɖo eye wogava wɔ ɖeka subɔ Mawu abe “alẽha ɖeka” ene.