Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 13A

Gbedoxɔ Vovovowo, Nufiame Vovovowo

Gbedoxɔ Vovovowo, Nufiame Vovovowo

Gbedoxɔ Si Ezekiel Kpɔ Le Ŋutega Me La:

  • Nye esi Ezekiel ɖɔ na Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon

  • Nye gbedoxɔ si me vɔsamlekpui aɖe le, si dzi wosaa vɔ vovovowo le

  • Te gbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenu deŋgɔ siwo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu dzi

  • He míaƒe susu yi ale si wogaɖo Mawu ƒe amewo te tso ƒe 1919 me la dzi

Gbɔgbɔmegbedoxɔ Gã La:

  • Nye esi ŋu Paulo ƒo nu tsoe esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm na Hebri Kristotɔwo

  • Nye gbedoxɔ si me vɔsamlekpui aɖe le, si dzi wosa vɔ le zi ɖeka ko “ɖe ɣeyiɣiawo katã nu” (Heb. 10:10)

  • Ƒo nu tso gbedoxɔ si nye ɖoɖo si Yehowa wɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu si nɔ te ɖe Kristo ƒe tafevɔsaa dzi, si avɔgbadɔa kple gbedoxɔ siwo nɔ anyi la nɔ asi fiamee

  • He míaƒe susu yi dɔ si Kristo wɔ abe Nunɔla Gãtɔ Kekeake ene tso ƒe 29 va ɖo 33 K.Ŋ. la dzi