Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 16B

Le Hũ Ðem Hele Nu Xam, De Dzesi, Tsrɔ̃—Ɣekaɣie Eye Aleke?

Le Hũ Ðem Hele Nu Xam, De Dzesi, Tsrɔ̃—Ɣekaɣie Eye Aleke?

Ŋutega si ŋu woƒo nu tsoe le Ezekiel ta 9 lia me la, agava eme le míaƒe ŋkekea me. Ne míese nu siwo ava dzɔ kple ale si woadzɔe gɔme la, akpe ɖe mía ŋu míana dzi nanɔ míaƒo ne nuɖoanyi sia le enu wum

“Le hũ ɖem hele nu xam”

ƔEKAƔIE: Le ŋkeke mamlɛawo me, hafi ne xaxa gã la nadze egɔme

ALEKEE: Ele be ame siwo si dzi nyui le naɖee afia le woƒe nuƒoƒo kple nuwɔna me be yewolé fu nu vɔ̃ɖi siwo le edzi yim le xexea me. Ame siawo wɔna ɖe gbeƒã si ɖem wole la dzi, woyia edzi ɖea Kristotɔwo ƒe nɔnɔmewo fiana, xɔa nyɔnyrɔ ɖe tsi me tsɔ ɖoa kpe edzi be yewoɖe adzɔgbe na Yehowa, eye wodoa alɔ Kristo nɔviwo nuteƒewɔwɔtɔe

“De dzesi”

ƔEKAƔIE: Le xaxa gã la me

ALEKEE: Ne Yesu Kristo va be yeadrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo katã la, ɣemaɣie wòanɔ tsitre ɖi na ŋutsu si lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi la. Adrɔ̃ ʋɔnu ame siwo nye ameha gã la me tɔwo alo ade dzesi wo be wonye alẽwo, si fia be woatsi agbe le Armagedon-ʋaa me

“Tsrɔ̃”

ƔEKAƔIE: Le Armagedon-ʋaa me

ALEKEE: Yesu Kristo kple eƒe dziƒoʋakɔawo siwo nye mawudɔla kɔkɔewo kple eƒe hatidziɖula ame 144,000 la atsrɔ̃ xexe vɔ̃ɖi sia keŋkeŋ, eye woakpɔ ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Mawu la ta woage ɖe xexe yeyea me