Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 14A

Nu Siwo Míesrɔ̃ Tso Gbedoxɔ Si Ezekiel Kpɔ Le Ŋutega Me La Me

Nu Siwo Míesrɔ̃ Tso Gbedoxɔ Si Ezekiel Kpɔ Le Ŋutega Me La Me

Wodo Tadedeagu Dzadzɛa Ðe Dzi Eye Wokpɔ Eta

Wodo gbedoxɔ si dze le ŋutega me la ɖe dzi wònɔ “to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi” (1). Ðe míedo tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi wòxɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe mea?

Gli si woɖo ƒo xlã gbadzaƒe (2), si ƒo xlã gbedoxɔ si le gbadzaƒe aɖe titina la (3), ɖoa ŋku edzi na mí be mele be míana naneke naƒo ɖi subɔsubɔ si míetsɔna naa Yehowa la o. Ne mele be amewo natsɔ nu siwo meku ɖe gbɔgbɔmenuwo ŋu o agogo tadedeagu dzadzɛa ƒe teƒe si “woɖo na amehawo” gɔ̃ hã kura o la, ke ɖe mele vevie wu be Yehowa subɔla nate eɖokui ɖa kura tso agbe ƒaƒã ƒomevi ɖe sia ɖe gbɔ oa?—Eze. 42:20.

Yayra Mavɔwo

Tsi aɖe nɔ sisim tso gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒea, eye wòva zu tɔsisi si na lãwo gbɔ agbe eye anyigba wɔ nu (4). Míaƒo nu tso yayra siawo ŋu le agbalẽ sia ƒe Ta 19 lia me.

Dzidzeme Ðeka Koe Li Na Wo Katã

Agbo gãwo (5) kple agbo emetɔwo (9) ɖoa ŋku edzi na mí be dzidzenu kɔkɔwo le Yehowa si na ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ nanɛ. De dzesii be agbo gotatɔwo kple emetɔwo siaa sɔ. Esia sɔ elabena dzidzenu dzɔdzɔe ɖeka koe Yehowa bia tso esubɔlawo katã si, metsɔ le ɖoƒe si wole subɔsubɔm le me o.

Nu Ðuɖu Le Yehowa Ƒe Kplɔ̃ Ŋu

Nuɖuxɔawo (8) ɖoa ŋku edzi na mí be le blema la, ameawo ɖua nu si wotsɔ va gbedoxɔa me be woatsɔ asa vɔe la ƒe ɖe, eye esia le abe ɖe wole nu ɖum kple Yehowa ene. Nuwo to vovo le gbɔgbɔmegbedoxɔ si me Kristotɔwo subɔna le egbea me, elabena wosa ‘vɔ ɖeka’ la xoxo. (Heb. 10:12) Ke hã míegasaa kafukafuvɔwo.—Heb. 13:15.

Mawu Ŋutɔ Ðo Kpe Edzi

Ànya de dzesii be nu siwo wodzidze tsitotsito le ŋutegaa me awu tsɔtsɔ na ame. Gake nufiame vevi siwo le emee nye esi: Woɖo kpe edzi be tame si Yehowa ɖo be yeagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi la ava eme pɛpɛpɛ naneke matrɔmatrɔe abe ale si wodzidze nuawo wode pɛpɛpɛ ene. Togbɔ be Ezekiel megblɔ be yekpɔ amegbetɔ aɖe le ŋutega me o hã la, eƒo nu tso nuxlɔ̃ame sesẽ si Yehowa na nunɔlawo, amegãwo kple dukɔ la ŋu. Ele be Mawu subɔlawo katã nawɔ ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi.