Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 4A

“Menɔ Nu Gbagbeawo Kpɔm”

“Menɔ Nu Gbagbeawo Kpɔm”

Ðikeke mele eme o be Ezekiel anya kpɔ nyitsu kple dzata toaʋala siwo ƒe tawo nye amegbetɔ ƒe ta ƒe kpetata gãwo le fiasãwo kple gbedoxɔwo ƒe mɔnu kpɔ. Kpetata siawo tɔgbi bɔ ɖe blema Asiria kple Babilonia. Anɔ eme be kpetata siawo siwo dometɔ aɖewo kɔ abe afɔ 20 ene la kpɔkpɔ wɔ nuku na Ezekiel abe ame bubuwo ke ene. Ke hã aleke kee kpetata siawo dze nu siwo ŋu ŋusẽ le o, agbe mele wo me o, kpetata koe wonye.

To vovo na kpetata siawo la, nu gbagbe ene siwo Ezekiel kpɔ le ŋutega me la nye “nu gbagbe” ŋutɔŋutɔwo. Vovototo gã kae nye esi le wo dome! Esi Ezekiel kpɔ wo la, wowɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòyɔ “nu gbagbe” zi 11 sɔŋ le eƒe nyagblɔɖia ƒe gɔmedzedze. (Eze. 1:5-22) Nu gbagbe ene siwo zɔna ɖe du si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me, siwo le anyime vie na Mawu ƒe fiazikpuia la anya na wòkpɔe kɔtɛ be Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖe nuwɔwɔwo katã dzi. Egbea hã ŋutega ma nana míekpɔa Yehowa ƒe gãnyenye kple ŋusẽ kpakple ale si eƒe dziɖulagãnyenye keke tae la dzea sii.—1 Kron. 29:11.