Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 7B

Nya Vevi Siwo Le Ezekiel Ƒe Agbalẽa Me

Nya Vevi Siwo Le Ezekiel Ƒe Agbalẽa Me

“Amegbetɔvi”

NYA SIA DZE WU ZI 90 SƆŊ

Woyɔ Ezekiel be “amegbetɔvi” wu zi 90 sɔŋ. (Eze. 2:1) Yehowa to esia dzi nɔ ŋku ɖom edzi na Ezekiel be togbɔ be wode dɔ vevi aɖewo asi nɛ hã la, amegbetɔ ko wòganye. Eɖe dzesi ŋutɔ be woyɔ Yesu le Nyanyuigbalẽawo me be “Amegbetɔvi” abe zi 80 sɔŋ ene tsɔ fia be eva zu amegbetɔ ŋutɔŋutɔ ke menye mawudɔla aɖe si trɔ eɖokui amegbetɔ o.—Mat. 8:20.

“. . . Miadze Sii Be Nyee Nye Yehowa”

NYA SIA DZE WU ZI 50 SƆŊ

Nya si Mawu gblɔ ku ɖe dukɔwo ŋu be “miadze sii be nyee nye Yehowa,” la dze le Ezekiel ƒe agbalẽa me wu zi 50 sɔŋ wònye kpeɖodzi be Yehowa ɖeɖe koe nye Ame si dze woade ta agu na.—Eze. 6:7.

“Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa”

NYA SIA DZE ZI 217 SƆŊ

Nya “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa” dze zi 217 sɔŋ, ena Mawu ƒe ŋkɔa ɖe dzesi eye wòfia kɔtɛ be nuwɔwɔwo katã bɔbɔ ɖe Yehowa te.—Eze. 2:4.