Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 9Ð

Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Aboyomeyiyi Kple Gbugbɔgaɖɔɖoa Ŋu

Nyagblɔɖi Siwo Ku Ðe Aboyomeyiyi Kple Gbugbɔgaɖɔɖoa Ŋu

Nyagblɔɖi geɖe siwo ku ɖe ale si blema Babilontɔwo ɖe aboyo Yudatɔwo ŋu la gava eme zi evelia le mɔ si lolo wu nu, esi Babilon Gã la ɖe aboyo Kristo hamea emegbe. Na míakpɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖewo ɖa.

1. NUXLƆ̃AMEWO

2. ABOYOMEYIYI

3. GBUGBƆGAÐƆÐO

EMEVAVA GBÃTƆ

Do ŋgɔ na ƒe 607 D.Y.—Yesaya, Yeremiya kple Ezekiel xlɔ̃ nu Yehowa ƒe amewo; ke hã xɔsegbegbe va dzi ɖe edzi

Ƒe 607 D.Y.—Wotsrɔ̃ Yerusalem; woɖe aboyo Mawu ƒe amewo yi Babilon

Tso ƒe 537 D.Y. dzi heyi—Nuteƒewɔla ʋɛ siwo susɔ la trɔ yi Yerusalem, wogbugbɔ gbedoxɔa tu, eye wogaɖo tadedeagu dzadzɛa anyi

EMAVAVA SI LOLO WU

Le Ƒe Alafa Gbãtɔ K.Ŋ.—Yesu, Paulo kple Yohanes xlɔ̃ nu hamea, ke hã xɔsegbegbe va dzi ɖe edzi

Tso Ƒe Alafa Evelia K.Ŋ.—Babilon Gã la ɖe aboyo Kristotɔ vavãwo

Tso ƒe 1919 K.Ŋ. dzi heyi—Esi Yesu te fiaɖuɖu la, amesiamina wɔnuteƒewo meganɔ gbɔgbɔmeboyo me o, eye wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi