Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 19A

Tɔsisi Siwo Nye Yayrawo Tso Yehowa Gbɔ

Tɔsisi Siwo Nye Yayrawo Tso Yehowa Gbɔ

De ŋugble tso Biblia ƒe akpa bubu siwo zã nya “tɔsisi” kple “tsi” tsɔ fia yayra siwo tso Yehowa gbɔ ŋu kpɔ. Ne míexlẽ eƒe akpa siawo katã la, edea dzi ƒo na mí ne míeva kpɔ ale si Yehowa yraa míi. Le mɔ ka nu?

YOEL 3:18 Nyagblɔɖi sia ɖee fia be tsi aɖe dzi tso gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒea. Tsia si eye wòde tsi “Akasiatibali” si ƒu la. Eya ta Yoel kple Ezekiel siaa kpɔ be tsi aɖe na nuwo gbɔ agbe le afi si wosi yi. Le go eve siawo me la, tɔsisia tso Yehowa ƒe aƒea alo gbedoxɔa me.

ZAKARIYA 14:8 Nyagblɔɖila Zakariya kpɔ be “tsi gbagbe” aɖe nɔ sisim tso Yerusalem dua me. Tsia ƒe afã si yi ɣedzeƒeƒu la, alo Ƒu Kukua me, eye eƒe afã si yi ɣetoɖoƒeƒu la, alo Mediterranea Ƒua me. Yerusalem ye nye “Fiagã la [Yehowa Mawu] ƒe du.” (Mat. 5:35) Esi Zakariya yɔ du ma ŋkɔ la, esia ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa ava ɖu anyigba bliboa dzi le etsɔme. Ɣeyiɣi didi aɖee nye esia míese egɔme be tsi si le nyagblɔɖi sia me fia be Yehowa ayra nuteƒewɔlawo ƒe ƒuƒoƒo eve le Paradiso me, ame siwo atso xaxa gã la kple ame siwo woava fɔ ɖe tsitre.

NYAÐEÐEFIA 22:1, 2 Apostolo Yohanes kpɔ kpɔɖeŋutɔsisi aɖe si sɔ kple esi Ezekiel kpɔ. Gake menye gbedoxɔa mee esia si tso o, ke boŋ Yehowa ƒe fiazikpuia gbɔe wòsi tso. Eya ta abe ŋutega si Zakariya kpɔ ene la, ŋutega sia hã anya te gbe ɖe ale si Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖu si tso Mawu gbɔ la ahe yayrawo vɛ na amewo la dzi.

Edze ƒãa be vovototo vi aɖe koe le yayra si tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la he vɛ kple esi Mawu ƒe dziɖuɖu ahe vɛ na amewo dome. Yayra siawo katã tso Yehowa gbɔ eye woɖe vi na ame siwo katã nye nuteƒewɔlawo.

PSALMO 46:4 De dzesi ale si kpukpui ɖeka sia ku ɖe nyaa ƒe akpa evea siaa, siwo nye subɔsubɔ kple dziɖuɖu ŋu. Le afi sia la, míekpɔe be tɔsisi aɖe he dzidzɔ vɛ na “Mawu ƒe du la,” si le tsitre ɖi na Fiaɖuƒe kple dziɖuɖu, kpakple “Dziƒoʋĩtɔ la ƒe avɔgbadɔ gã kɔkɔe la,” si le tsitre ɖi na tadedeagu dzadzɛa.

Biblia ƒe akpa siawo katã na míeka ɖe edzi be Yehowa ayra nuteƒewɔlawo le mɔ eve nu. Gbã la, eƒe dziɖuɖu aɖe vi na mí tegbee, evelia, ɖoɖo si wòwɔ ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu hã aɖe vi na mí. Eya ta mina míaɖoe kplikpaa be míayi edzi anɔ ‘agbetsi’ la biam Yehowa Mawu kple Via. Agbetsi sia nye ɖoɖo si wowɔ lɔlɔ̃tɔe hena agbe mavɔ!—Yer. 2:13; Yoh. 4:10.