Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 18A

Yehowa Xlɔ̃ Nu Tso Tsɔtsrɔ̃ Gã Si Gbɔna La Ŋu

Yehowa Xlɔ̃ Nu Tso Tsɔtsrɔ̃ Gã Si Gbɔna La Ŋu

Nyagblɔɖi geɖe le Biblia me siwo ƒo nu tso ale si Yehowa xlɔ̃ nu amewo tso aʋa aɖe si me wòatsrɔ̃ ame siwo katã tsi tre ɖe eŋu la ŋu. Nyagblɔɖi mawo dometɔ ʋɛ aɖewoe nye esi dze le ete. De dzesi nu siwo ɖi wo nɔewo le nuxlɔ̃ameawo ŋu, eye de dzesii hã be Yehowa kpɔ egbɔ be mɔnukpɔkpɔ su amewo katã si wose nu tso eŋu ale be woaɖe afɔ.

LE BLEMA ISRAEL-VIWO ŊƆLI

EZEKIEL: “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be: ‘Mayɔ yi ɖe [Gog ŋu] le nye towo katã dzi.’”—Eze. 38:18-23.

YEREMIYA: “[Yehowa] adrɔ̃ ʋɔnu amegbetɔwo katã. Atsɔ ame vɔ̃ɖiwo ade asi na yi.”—Yer. 25:31-33.

DANIEL: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi, si . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui.”—Dan. 2:44.

ƑE ALAFA GBÃTƆ K.Ŋ.

YESU: “Xaxa gã si tɔgbi meva kpɔ tso xexea ƒe gɔmedzedze . . . o la ava.”—Mat. 24:21, 22.

PAULO: ‘Yesu kple eƒe dɔla sẽŋuwo abia hlɔ̃ ame siwo menya Mawu o.’—2 Tes. 1:6-9.

PETRO: “Yehowa ƒe ŋkeke la ava abe fiafitɔ ene, . . . eye woaklo nu le anyigba kple eme dɔwɔwɔwo dzi.”—2 Pet. 3:10.

YOHANES: “Yi ɖaɖɛ legbe aɖe do tso [Yesu ƒe] nu me, be wòatsɔ adza dukɔwo.”—Nyaɖ. 19:11-18.

MÍAƑE ŊKEKEA ME

Biblia nye agbalẽ si gɔme woɖe ɖe gbegbɔgblɔ vovovowo me, eye womae wu agbalẽ bubu ɖe sia ɖe

YEHOWA SUBƆLA SIWO LI EGBEA . . .

  • Maa Biblia srɔ̃gbalẽ biliɔn gbogbowo le gbegbɔgblɔ alafa geɖe me

  • Zã gaƒoƒo miliɔn gbogbowo ƒe sia ƒe tsɔ ɖea gbeƒã na amewo