Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUFIAMEÐAKA 19B

Tsi Dzidzi Aɖe Va Zu Tɔsisi Gã Aɖe!

Tsi Dzidzi Aɖe Va Zu Tɔsisi Gã Aɖe!

Ezekiel kpɔ tsi nɔ dzidzim tso Yehowa ƒe kɔkɔeƒea eye emegbe kaka wòade kilometa eve la ezu tɔsisi gã aɖe nukutɔe! Ekpɔ ati damawo le tɔsisia ƒe gowo dzi si nye nuɖuɖu si me nunyiame le eye eƒe aŋgbawo nye dɔyɔgbewo. Nu kae nu siawo katã fia?

Tɔsisia He Yayrawo Vɛ

LE BLEMA: Esi aboyomeawo trɔ va wo denyigbaa dzi eye wokpe asi ɖe eŋu wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi la, woyra wo geɖe

MÍAƑE ŊKEKEA ME: Le ƒe 1919 me la, wogbugbɔ tadedeagu dzadzɛa ɖo anyi eye esia he gbɔgbɔmeyayra gbogbowo vɛ na Mawu subɔla wɔnuteƒewo

ETSƆME: Le Armagedon megbe la, yayra siwo atso Yehowa gbɔ la anye ŋutilã kple gbɔgbɔ me tɔ siaa

Tsi Si Naa Agbe

LE BLEMA: Yehowa yraa esubɔla siwo ɖoa toe la geɖe, ne wole agbɔ sɔm ɖe edzi gɔ̃ hã, eye esia naa nu dzea edzi na wo le gbɔgbɔ me

MÍAƑE ŊKEKEA ME: Le gbɔgbɔmeparadiso si le ta kekem ɖe edzi me la, Yehowa ƒe gbɔgbɔmeyayra siwo le agbɔ sɔm ɖe edzi la le vi ɖem na ame gbogbo siwo ƒe xexlẽme le dzidzim ɖe edzi la, si na wogbɔ agbe le gbɔgbɔ me

ETSƆME: Woafɔ ame miliɔn gbogbo aɖewo ɖe tsitre woava wɔ ɖeka kple ame siwo tsi agbe le Armagedon-ʋaa me, eye Yehowa ayra wo geɖee

Ati Siwo Nye Nuɖuɖu Eye Woyɔa Dɔ

LE BLEMA: Yehowa nyi esubɔla wɔnuteƒewo le gbɔgbɔ me le woƒe anyigba si wogbugbɔ ɖo te la dzi; azɔ hã eda gbɔgbɔmedɔ si wodze ɣeyiɣi didi aɖe la na wo

MÍAƑE ŊKEKEA ME: Gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo si li la le kpekpem ɖe amewo ŋu be gbɔgbɔmedɔléle kple gbɔgbɔmedɔwuame siwo le xexea me egbea mele nu gblẽm le wo ŋu o

ETSƆME: Kristo kple eƒe hatidziɖula ame 144,000 la akpe ɖe ame siwo nye toɖolawo ŋu be woade blibo eye woanɔ lãmesẽ me ase vivi na agbea tegbee!