Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA ATƆ̃LIA

‘Manɔ Israel-Viwo Dome’—Wogbugbɔ Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa Ðo Anyi

‘Manɔ Israel-Viwo Dome’—Wogbugbɔ Yehowa Ƒe Tadedeagu Dzadzɛa Ðo Anyi

EZEKIEL 43:7

NYA VEVITƆ: Gbedoxɔ si dze le ŋutega me ƒe akpa vovovoawo kple nu siwo wofia mí tso tadedeagu dzadzɛa ŋu

Yehowa na nyagblɔɖila Ezekiel kple apostolo Yohanes kpɔ ŋutega eye nu siwo wokpɔ la ɖi wo nɔewo hewɔ dɔ ɖe ame dzi ŋutɔ. Ŋutega ma ƒe akpa vovovoawo fia nu vevi aɖewo mí si akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa le mɔ si adze eŋu nu fifia eye wòna míekpɔ ale si agbe anɔ le Paradiso me le Mawu Fiaɖuƒea te le etsɔme.

LE AKPA SIA

TA 19

“Nu Sia Nu Agbɔ Agbe Le Afi Sia Afi Si Tɔ La De”

Nu ka tae míate ŋu agblɔ be ŋutega si Ezekiel kpɔ ku ɖe tɔ aɖe si nɔ sisim tso gbedoxɔa me la va eme va yi, ele eme vam fifia, eye aleke wòava eme le etsɔme?

TA 20

‘Mima Anyigba La Wòazu Miaƒe Domenyinu’

Le ŋutega me la, Yehowa gblɔ na Ezekiel kple etɔ aboyomeawo be woama Ŋugbedodonyigbaa na Israel-toawo.

TA 21

“Du La Ƒe Ŋkɔ Anye: Yehowa Le Afi Ma”

Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso ŋutega si Ezekiel kpɔ ku ɖe dua kple dua ƒe ŋkɔ si ŋu gɔmesese le la me?

TA 22

“De Ta Agu Na Mawu”

Toɖodzinu si le agbalẽ sia ŋue nye be wòado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míasubɔ Yehowa Mawu ɖeka ko.