Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 22

“De Ta Agu Na Mawu”

“De Ta Agu Na Mawu”

NYAÐEÐEFIA 22:9

NYA VEVITƆ: Nya vevi siwo dzi míaɖo ŋkui le Ezekiel ƒe agbalẽa me kple ale si woku ɖe míaƒe ŋkekea kple etsɔme siaa ŋu

1, 2. (a) Tiatia kae wòle be mía dometɔ ɖe sia ɖe nawɔ? (b) Aleke mawudɔla wɔnuteƒe aɖe wɔ nui esi ame aɖe di be yeade ta agu nɛ?

 ELE be mía dometɔ ɖe sia ɖe naɖo nya vevi sia ŋu. Eyae nye: Ame kae masubɔ? Ame geɖe agblɔ be biabia ma sesẽ eye ŋuɖoɖoawo mato mɔ ɖeka o. Gake le nyateƒe me la, tiatia si ame awɔ la mesesẽ o, ele bɔbɔe. Eya koe nye be míasubɔ Yehowa Mawu loo alo míasubɔ Satana Abosam.

2 Satana dina be woasubɔ ye. Esia dze ƒãa esime wòte Yesu kpɔ. Abe ale si míedzro eme le agbalẽ sia ƒe Ta 1 me ene la, Satana tsɔ nu vevi aɖe ɖo Yesu ŋkume, eyae nye be wòaɖu anyigbadzifiaɖuƒewo katã dzi. Nu kae Abosam di be Yesu nawɔ hafi yeatsɔe anɛ. Egblɔ na Yesu be: ‘Dze klo nàde ta agu nam.’ (Mat. 4:9) To vovo na esia la, mawudɔla si va ɖe nu siwo ava dzɔ la fia Yohanes la gbe be wòagade ta agu na ye o. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 22:8, 9.) Esi Yohanes di be yeade ta agu na mawudɔlaa la, Mawu ƒe gbɔgbɔmevi sia si bɔbɔ eɖokui la gblɔ nɛ be: “Mègawɔ nu ma o!” Le esi mawudɔlaa nagblɔ be ‘Subɔm’ teƒe la, egblɔ be, “De ta agu na Mawu” boŋ.

3. (a) Nu kae nye agbalẽ sia ƒe taɖodzinu? (b) Nu ka mee míadzro azɔ?

3 Toɖodzinu si le agbalẽ sia ŋue nye be wòado ŋusẽ tame si míeɖo kplikpaa be míawɔ ɖe nu si mawudɔlaa gblɔ, si nye be míasubɔ Yehowa Mawu ɖeka ko la dzi. (5 Mose 10:20; Mat. 4:10) Na míagaɖo ŋku nu siwo míesrɔ̃ tso tadedeagu dzadzɛa ŋu le Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo kple ŋutegawo me la dzi kpuie. Emegbe míazã Ŋɔŋlɔawo be wòakpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu siwo adzɔ le etsɔme esime woado ame siwo katã le anyigba dzi la akpɔ zi mamlɛtɔ—anye dodokpɔ si ana míakpɔ ame siwo anɔ agbe akpɔ eteƒe woagbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa aɖo te tegbee.

Nya Vevi Etɔ̃ Siwo Dzi Wote Gbe Ðo Le Ezekiel Ƒe Agbalẽa Me

4. Nya vevi etɔ̃ kawo dzie wote gbe ɖo le Ezekiel ƒe agbalẽa me?

4 Ezekiel ƒe agbalẽa fia mí be menye kɔnu dzro aɖe koe tadedeagu dzadzɛa nye o. Ebia be (1) míasubɔ Yehowa ɖeka ko, (2) míayi edzi awɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛa me, eye (3) míalɔ̃ amewo katã. Na míakpɔ ale si nyagblɔɖi kple ŋutega siwo ŋu woƒo nu tsoe le agbalẽ sia me te gbe ɖe nya vevi etɔ̃ siawo dzii ɖa.

Nya vevi gbãtɔ: Míasubɔ Yehowa ɖeka ko

5-9. Nu kae míesrɔ̃ tso ale si wòle be woasubɔ Yehowa ɖeka ko la me?

5 Ta 3 lia: * Ŋutega wɔnuku si me Yehowa dze le eye anyieʋɔ aɖe ƒo xlãe eye wòle gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋuwo tame la ɖoa ŋku nyateƒenya aɖe dzi na mí. Eyae nye be Ŋusẽkatãtɔ la ɖeka koe wòle be míade ta agu na.—Eze. 1:4, 15-28.

6 Ta 5 lia: Ewɔ nublanui ŋutɔ be míekpɔ be woƒo ɖi Yehowa ƒe gbedoxɔa le ŋutegaa me! Ŋutegaa ɖee fia be naneke mele ɣaɣla ɖe Yehowa o. Ekpɔa nu siwo nye nuteƒemawɔmawɔ, siwo ƒe ɖee nye ne eƒe amewo trɔ ɖe trɔ̃subɔsubɔ ŋu, eye woɣlae ɖe amegbetɔwo gɔ̃ hã. Nuwɔna siawo ɖua dzi nɛ, eye wòhea to na ame siwo wɔnɛ.—Eze. 8:1-18.

7 Ta 7 lia: Ale si Yehowa drɔ̃ ʋɔnu dukɔ siwo ƒo xlã Israel, ame siwo wɔ fu wo eye woɖu “fewu” le wo ŋu la ɖo kpe edzi be Yehowa hea to na ame siwo wɔa fu eƒe amewo. (Eze. 25:6) Gake míegasrɔ̃ nu bubu tso ale si Israel-viwo de ha kple dukɔ mawo la me be, ele be nuteƒewɔwɔ na Yehowa nanɔ vevie na mí wu nu sia nu. Míadi gbeɖe be míagbɔdzɔ Mawu ƒe dzidzenu siwo dzi míewɔna ɖo me kple susu be míaƒe nu nadze míaƒe ƒometɔ siwo mesubɔa Yehowa o la ŋu o; alo anɔ ŋu ɖom ɖe míaƒe kesinɔnuwo ŋu loo alo ava nɔ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo dzi dem si awɔe be míatsɔ nu si Yehowa ɖeɖe ko dze na la anɔ wo nam o.

8 Ta 13 kple 14 lia: Ŋutega si me gbedoxɔa nɔ to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi le la fia mí be ele be míawɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu deŋgɔwo dzi, elabe míenyae be eƒo mawu bubuwo katã ta.—Eze. 40:1–48:35.

9 Ta 15 lia: Ale si woɖɔ Israel kple Yuda le ŋutegaa me abe gbolowo ene la ɖoa ŋku edzi na mí be gbɔgbɔmehasiwɔwɔ nyɔa ŋu na Yehowa ŋutɔ.—Eze., ta 16, 23.

Nya vevi evelia: Míayi edzi awɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛa me

10-14. Aleke wote gbe ɖe ale si wòle be míayi edzi awɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛa me la dzii?

10 Ta 8 lia: Nyagblɔɖi siwo me wodo ŋugbe na mí le be Yehowa aɖo “kplɔla ɖeka” si alé be na eƒe amewo la, te gbe ɖe edzi na mí be míayi edzi awɔ dɔ le ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa me le Yesu ƒe kpɔkplɔ te.—Eze. 34:23, 24; 37:24-28.

11 Ta 9 lia: Ezekiel ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Mawu ƒe ame siwo ŋu woɖe asi le le Babilon eye wogbugbɔ wo ɖo te le wo denyigba dzi ŋu la, fiaa nu vevi aɖe ame siwo di be yewoadze Yehowa ŋu egbea. Ele be ame siwo tsɔa tadedeagu dzadzɛ naa Yehowa la nate wo ɖokuiwo ɖa tso alakpasubɔsubɔhawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo gbɔ, eye woayi edzi alé eme ɖe asi. Togbɔ be míetso subɔsubɔha vovovowo me, míaƒe ganyawo mele ɖeka o, eye míetso teƒe vovovowo hã la, ele be míayi edzi awɔ ɖeka, elabe esia nana amewo kpɔnɛ be Mawu ƒe amewoe míenye.—Eze. 11:17, 18; 12:24; Yoh. 17:20-23.

12 Ta 10 lia: Woƒo nu tso nya vevi si nye ɖekawɔwɔ ŋu le ŋutega si ku ɖe ƒu ƒuƒu siwo gbɔ agbe ŋu la me. Mɔnukpɔkpɔ gã aɖe ŋutɔe wònye na mí be míele mawusubɔla siwo wogbugbɔ ɖo te siwo ŋu wokɔ, ame siwo wɔa dɔ ɖekae abe aʋakɔ ene la dome!—Eze. 37:1-14.

13 Ta 12 lia: Wote gbe ɖe ɖekawɔwɔ dzi le ŋutega si ku ɖe ati eve siwo wotsia wòzu ɖeka ŋu la me. Míaƒe xɔse gasẽna ɖe edzi ne míekpɔ be amesiaminawo kple alẽ bubuawo na nyagblɔɖi sia le eme vam! Togbɔ be míele xexe si subɔsubɔhawo kple dunyahehe ma amewo me eye wòna wolé fu wo nɔewo me hã la, míawo ya míeyi edzi wɔ ɖeka, míelɔ̃a mía nɔewo eye míewɔa nuteƒe.—Eze. 37:15-23.

14 Ta 16 lia: Woƒo nu tso ŋutega si me ŋutsu aɖe lé agbalẽŋlɔnu ɖe asi eye ŋutsu bubuwo lé ametsrɔ̃nu ɖe asi la ŋu. Esia nye nuxlɔ̃ame si faa akɔ na mí be, ame siwo anɔ agbe atso “xaxa gã” la ɖo siwo akpɔtɔ alé tadedeagu dzadzɛa me ɖe asi koe woade dzesii na agbetsitsi.—Mat. 24:21; Eze. 9:1-11.

Nya vevi etɔ̃lia: Míalɔ̃ amewo katã

15-18. Nu ka tae wòle be míayi edzi alɔ̃ amewo katã, eye aleke míawɔe?

15 Ta 4 lia: Ŋutega si ku ɖe nu gbagbe eneawo ŋu fia nanewo mí tso Yehowa ƒe nɔnɔmewo, siwo ƒe vevitɔe nye lɔlɔ̃ la ŋu. Ne míaƒe nuƒoƒo kple nuwɔnawo ɖea lɔlɔ̃ fiana la, eɖenɛ fiana be Yehowae nye mía Mawu.—Eze. 1:5-14; 1 Yoh. 4:8.

16 Ta 6 kple 11 lia: Lɔlɔ̃ si le Mawu si la ʋãe wòɖo gbetakpɔla siwo dometɔ ɖekae nye Ezekiel. Esi Mawu nye lɔlɔ̃ ta la, medi be ame aɖeke natsrɔ̃ ne yeva be yeatsi ŋusẽ si Satana kpɔ ɖe xexe sia dzi la nu o. (2 Pet. 3:9) Mɔnukpɔkpɔ su mía si be míaɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ sia tɔgbi afia ne míewɔa míaƒe akpa dzi kpea asi ɖe dɔ si wɔm gbetakpɔla si li egbea le la ŋu.—Eze. 33:1-9.

17 Ta 17 kple 18 lia: Yehowa nya be ame geɖe agbe yeƒe nublanuikpɔkpɔ eye woate kpɔ be yewoabu mo na ye subɔla wɔnuteƒewo. Lɔlɔ̃ aʋã Yehowa wòaxɔ na eƒe amewo ne “Gog, si tso Magog-nyigba dzi” la dze ame siwo wɔa nuteƒe nɛ la dzi. Lɔlɔ̃ si le mía si na amewo ʋãa mí be míaxlɔ̃ nu ame geɖe ale si nu míate ŋui be Yehowa atsrɔ̃ ame siwo katã tea eƒe amewo ɖe to la.—Eze. 38:1–39:20; 2 Tes. 1:6, 7.

18 Ta 19, 20 kple 21 lia: Ale si Yehowa lɔ̃ amewo la dze nyuie le ŋutega siwo ku ɖe agbetsitɔsisia kple ale si woma anyigbae la me. Ŋutegaawo ɖɔ nu si ava do tso lɔlɔ̃ gãtɔ kekeake si Yehowa ɖe fia, esi wòtsɔ Via ƒe agbe na ale be woatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí be míava nɔ agbe deblibo le Mawu ƒe ƒomea me la me. Mɔ nyuitɔ siwo dzi míato alɔ̃ amewo dometɔ ɖekae nye be míaƒo nu tso etsɔme nyui si Yehowa dzra ɖo ɖi na ame siwo xɔ Via dzi se la ŋu na wo.—Eze. 45:1-7; 47:1–48:35; Nyaɖ. 21:1-4; 22:17.

Ne Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua Wu Enu La Woaɖe Ðokuibɔbɔ Ðedzesi Aɖe Afia

19. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, nu kae Yesu awɔ? (Kpɔ aɖaka si nye “Dodokpɔ Mamlɛa.”)

19 Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Yesu afɔ ame akpe teƒe akpewo ɖe tsitre eye wòaɖe vevesese si ‘futɔ si nye ku’ he vɛ la ɖa. (1 Kor. 15:26; Marko 5:38-42; Dɔw. 24:15) Dzigbãnyawo, nublanuinyawo kple kunyawo sɔŋ koe xɔ amegbetɔwo ƒe ŋutinya me. Gake ne Yesu fɔ dzidzime siwo katã ku ɖe tsitre la, ato esia dzi aɖe nu siwo doa vevesese na mí la ɖa, eye wòana mɔnukpɔkpɔ ame siwo wofɔ ɖe tsitre la be woava nɔ agbe le dzidzɔ me. Ato tafea dzi aɖe nu siwo dɔléle, aʋawɔwɔ, dɔ vɔ̃wo kple dɔwuame gblẽ le amewo ŋu la ɖa. Vevietɔ wu la, akpe ɖe mía ŋu be míaho nu si gbɔ míaƒe vevesesewo tsona, si nye nu vɔ̃ si dome míenyi tso Adam gbɔ la ɖa kple ke. (Rom. 5:18, 19) Yesu ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo me’ keŋkeŋ. (1 Yoh. 3:8) Ke nu kae akplɔe ɖo?

Mɔnukpɔkpɔa asu ame siwo woƒɔ ɖe tsitre la si be woava nɔ agbe le dzidzɔ me

20. Aleke Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 la, aɖe ɖokuibɔbɔ ɖedzesi aɖe afiae? Ðe eme. (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

20 Xlẽ 1 Korintotɔwo 15:24-28. Ne amegbetɔwo katã va de blibo, eye wotrɔ anyigba bliboa wòzu Paradiso abe ale si Mawu ɖoe le gɔmedzedzea me ene la, ekema Yesu kple eƒe hatidziɖula 144,000 la, aɖe ɖokuibɔbɔ ɖedzesi aɖe afia; woatsɔ Fiaɖuƒea ade asi na Yehowa. Woalɔ̃ faa atrɔ ŋusẽ si wotsɔ de asi na wo hena ƒe akpe ɖeka la ana kpoo. Nu siwo katã woto Fiaɖuƒea dzi wɔ la anɔ anyi tegbee.

Dodokpɔ Mamlɛa

21, 22. (a) Le ƒe akpe ɖekaa ƒe nuwuwu la, aleke xexea me anɔ? (b) Nu ka tae Yehowa aɖe asi le Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃awo ŋu?

21 Yehowa awɔ nu ɖedzesi aɖe, si me wòaɖee afia le be yeka ɖe ye subɔla siwo anɔ anyigba dzi ɣemaɣi la dzi. Aɖe gbe be woaɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tso aʋli si me wode wo hena ƒe akpe ɖeka la me. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 20:1-3.) Woakpɔe be ame siawo to vovo kura na ame siwo yewonya tsã. Hafi Armagedon-ʋaa nadze egɔme la, Satana ble amegbetɔ akpa gãtɔ si wɔe be fuléle kple nazãbubu va gblẽ ɖekawɔwɔ si le wo dome la me. (Nyaɖ. 12:9) Gake kaka ƒe akpe ɖekaa nawu enu la, amegbetɔwo katã awɔ ɖeka anɔ Yehowa subɔm abe ƒome kpɔdzidzɔ ɖeka ene. Anyigba azu Paradiso si me ɖekawɔwɔ blibo anɔ.

22 Nu ka tae Yehowa aɖe asi le nu vlo wɔla siwo nye Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu ɖe anyigba si ŋu wokɔ la dzi? Elabena womedo Yehowa subɔla wɔnuteƒe akpa gãtɔ siwo anɔ agbe le ƒe akpe ɖekaa megbe la kpɔ nenye be woayi edzi awɔ nuteƒe o. Ame siawo dometɔ geɖe ku esime womenya Yehowa o, eye fifia wofɔ wo ɖe tsitre le Paradisoa me. Menye agbe koe Yehowa na wo o, ke boŋ ekpɔa woƒe ŋutilãme kple gbɔgbɔme nuhiahiãwo hã gbɔ na wo. Ame aɖeke meƒo nya ɖe wo nu be woawɔ nu gbegblẽ kpɔ o. Ame siwo lɔ̃ Yehowa eye wosubɔnɛ sɔŋ domee wokpɔ wo ɖokuiwo le. Eya ta Satana ate ŋu agblɔ nya si wògblɔ tso Hiob ŋu la ke ɖe ame siawo ŋu be, esi Mawu le wo ta kpɔm eye wòle wo yram ta koe wole esubɔm ɖo. (Hiob 1:9, 10) Le esia ta, hafi Yehowa naŋlɔ míaƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me tegbee la, aɖe mɔ na mí be míaɖo kpe edzi le go sia go me be yee nye mía Fofo kple Dziɖulagã, eye be míawɔ nuteƒe na ye.—Nyaɖ. 20:12, 15.

23. Nya kae adze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe?

23 Woaɖe mɔ na Satana ɣeyiɣi kpui aɖe wòatee kpɔ be yeable amewo nu woadzudzɔ Mawu subɔsubɔ. Aleke dodokpɔ ma anɔ? Ðikeke mele eme o be, nya si dze ŋgɔ Adam kple Xawa la adze ŋgɔ mía dometɔ ɖe sia ɖe be, míawɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo dzi, anɔ eƒe dziɖuɖua ƒe akpa dzi eye míasubɔe loo alo adze aglã ɖe Mawu ŋu eye míava de Satana dzi.

24. Nu ka tae woyɔ ame siwo adze aglã la be Gog kple Magog?

24 Xlẽ Nyaɖeɖefia 20:7-10. Eɖe dzesi be woyɔ ame siwo adze aglã le ƒe akpe ɖekaa ƒe nuwuwu be Gog kple Magog. Woaɖe nɔnɔme si ɖi esi ame siwo dze aglã siwo ŋu Ezekiel ƒo nu tsoe le ŋutegaa me, siwo va dze Mawu ƒe amewo dzi le xaxa gãa me ɖe fia la tɔgbi afia. “Gog, si tso Magog-nyigba dzi” si nɔ anyi va yi la nye dukɔ vovovo siwo ho ɖe Yehowa ƒe dziɖuɖu ŋu. (Eze. 38:2) Nenema kee woɖɔ ame siwo adze aglã le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu be wonye “dukɔwo.” Nya dukɔ si wozã la ɖe dzesi. Nu ka tae? Elabena le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, ale si dukɔwo dea mama amewo me ƒe nya aɖeke megali o; ame sia ame va le dziɖuɖu ɖeka si nye Mawu Fiaɖuƒea te. Mí katã míanye gbɔgbɔmedukɔ ɖeka. Esi woyɔ aglãdzela siawo be Gog kple Magog, eye be wonye “dukɔwo” ta la, nyagblɔɖia ɖee fia be Satana akpɔ dzidzedze le mɔ sia nu be ade mama Mawu ƒe amewo dome. Womazii ɖe ame aɖeke dzi be wòade Satana dzi o. Amegbetɔ deblibo ɖe sia ɖe ŋutɔe atia nu si wòawɔ ɣemaɣi.

Woyɔ ame siwo dze aglã la be Gog kple Magog (Kpɔ Memama 24)

25, 26. Ame nenie adze Satana yome, eye nu kae adzɔ ɖe wo dzi?

25 Ame nenie adze Satana yome? Ame siwo dze aglã la le “abe ƒutake ene.” Nya mawo mefia kokoko be ame gbogbo aɖewoe adze aglã o. Aleke míewɔ nya? Bu ŋugbe si wodo na Abraham ŋu kpɔ. Yehowa gblɔ na Abraham be eƒe dzidzimevi anɔ abe “ƒutake ene.” (1 Mose 22:17, 18) Ke hã, eƒe dzidzimevia ƒe xexlẽme va nye ame 144,001 pɛ ko. (Gal. 3:16, 29) Togbɔ be xexlẽme ma sɔ gbɔ hã, ne míetsɔe sɔ kple amegbetɔwo katã la, mede naneke o. Nenema kee togbɔ be ame siwo adze Satana yome ƒe xexlẽme aɖe dzesi hã la, womasɔ gbɔ boo o. Aglãdzela mawo magblẽ nu le Yehowa subɔla wɔnuteƒewo ŋu o.

26 Woabu mo na aglãdzelaawo zi ɖeka piãm. Woatsrɔ̃ wo kpe ɖe Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo ŋu, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke maganɔ anyi na wo be woagbɔ agbe o. Woƒe tiatia gbegblẽa kple nu siwo do tso tiatia mawo me dzi koe míaɖo ŋkui ɖaa tegbee.—Nyaɖ. 20:10.

27-29. Nu kae woawɔ na ame siwo to dodokpɔ mamlɛa me do la?

27 Gake woaŋlɔ ame siwo to dodokpɔ mamlɛa me la ƒe ŋkɔwo ɖe “agbegbalẽa” me tegbee. (Nyaɖ. 20:15) Ekema Yehowa viŋutsu kple vinyɔnu siwo wɔ ɖeka abe ƒome ene la atsɔ subɔsubɔ si wòdze na la anɛ.

28 Wò ya bu nu si le ŋgɔ ŋu kpɔ ko. Dɔ si me dzidzeme le anɔ anyi na wò eye àdze xɔlɔ̃ nyuiwo hã. Wò ŋutɔ loo alo wò ame veviwo magakpe fu azɔ o. Ekema màgahiã Yesu ƒe tafevɔsaa o, elabe nu vɔ̃ megale ŋuwò le Yehowa ŋkume o. Ame sia ame kple Mawu dome anɔ nyuie. Eye vevietɔ wue nye be ame siwo de blibo le dziƒo kple anyigba dzi la ate ŋu atsɔ tadedeagu dzadzɛ ana Yehowa. Esiae anye tadedeagu dzadzɛ si wogbugbɔ ɖo te le mɔ si ƒo ɖe sia ɖe ta la nu!

Ne èva de blibo la, màgahiã Yesu ƒe tafevɔsaa o, elabe nu vɔ̃ megale ŋuwò le Yehowa ŋkume o (Kpɔ Memama 28)

29 Ànɔ afi ma akpɔ nu nyui siawo teƒea? Àte ŋui ne èyi edzi wɔ nu vevi etɔ̃ siwo dze le Ezekiel ƒe agbalẽa me. Woawoe nye, be míasubɔ Yehowa ɖeka ko, míayi edzi awɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛa me, eye míalɔ̃ amewo katã. Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo katã te gbe ɖe nya vevi ɖeka aɖe si nye mamlɛa dzi. Eyae nye ka?

Bu dzidzɔ si wòanye ne nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple anyigba dzi la va wɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛa me la ŋu kpɔ (Kpɔ Memama 27-29)

“Woadze Sii Be, Nyee Nye Yehowa”

30, 31. Nu kae nya ne “woadze sii be, nyee nye Yehowa” afia na (a) Mawu ƒe futɔwo? (b) Mawu ƒe amewo?

30 Le Ezekiel ƒe agbalẽ bliboa me la, nya ne “woadze sii be, nyee nye Yehowa” dze le eme zi geɖe. (Eze. 6:10; 39:28) Le ame siwo nye Mawu ƒe futɔwo gome la, nya ma fia be awɔ aʋa kpli wo eye wòatsrɔ̃ wo. Menye ɖeko woazi wo dzi woalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa li ko o. Ava zu dzizizi na wo be woava se Mawu ƒe ŋkɔ gã si gɔmee nye “Enana Wòvaa Eme” la gɔme. “Aʋakɔwo ƒe Yehowa” ava zu “aʋakalẽtɔ,” si awɔ aʋa kpli wo. (1 Sam. 17:45; 2 Mose 15:3) Woava se nyateƒenya vevi si nye: Naneke mate ŋu axe mɔ na Yehowa be wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme o la gɔme, gake atsi megbe akpa.

31 Le ame siwo nye Mawu ƒe amewo gome la, nya ne “woadze sii be, nyee nye Yehowa” afia ŋutifafa kple agbe na wo. Yehowa ana míava zu nu si ƒe tame wòɖo le gɔmedzedzea me, si nye be míanye ye viŋutsu kple ye vinyɔnu siwo aɖe yeƒe nɔnɔmewo afia bliboe. (1 Mose 1:26) Yehowa va zu mía Fofo lɔ̃ame kple Alẽkplɔla si kpɔa mía ta xoxo. Madidi o, ava zu míaƒe Fia aʋadziɖula. Hafi ɣemaɣi naɖo la, mina Ezekiel ƒe gbedeasia nade dzi ƒo na mí. Mina míato míaƒe nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dzi gbe sia gbe aɖee afia be míenya ame si Yehowa nye eye míese eƒe ŋkɔa gɔme. Ekema ne woɖe asi le tsɔtsrɔ̃ ƒe yawo ŋu la, míavɔ̃ o. Ke boŋ míafɔ ta dzi eye míadzɔ kã elabe míakpɔe be míaƒe ɖeɖe gogo. (Luka 21:28) Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, mina míakpe ɖe amewo ŋu le afi sia afi be woanya Mawu ɖeka kolia si dze be míade ta agu na, ame si ŋkɔe nye Yehowa, si ƒe ŋkɔ ƒo ɖe sia ɖe ta la.—Eze. 28:26.

^ mm. 5 Xexlẽdzesi si le memamaawo ƒe gɔmedzedze fia ta siwo le agbalẽ sia me.