Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 19

“Nu Sia Nu Agbɔ Agbe Le Afi Sia Afi Si Tɔ La De”

“Nu Sia Nu Agbɔ Agbe Le Afi Sia Afi Si Tɔ La De”

EZEKIEL 47:9

NYA VEVITƆ: Ale si ŋutega si ku ɖe tɔ aɖe si nɔ sisim tso gbedoxɔa me la va eme le blema, le míaƒe ŋkekea me kple ale si wòava eme le etsɔme

1, 2. Le Ezekiel 47:1-12 ƒe nya nu la, nu kae Ezekiel kpɔ eye nu kae wòva de dzesii? (Kpɔ foto si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

 EZEKIEL gakpɔ nu wɔnuku aɖe ku ɖe gbedoxɔ si wòkpɔ le ŋutega me la ŋu. Ekpɔ be: Tɔ aɖe nɔ sisim tso gbedoxɔ kɔkɔe la me! Kpɔe ɖa le susu me be Ezekiel ye nye ema le agbagba dzem be yeakpɔ afi si tsi si me kɔ tseŋtseŋ la dzɔ tso. (Xlẽ Ezekiel 47:1-12.) Tsi la le dzidzim tso kɔkɔeƒe la ƒe kpui te; eye wòle sisim tso gbedoxɔa ƒe ɣedzeƒegbo la gbɔ lɔƒo gbɔna. Mawudɔla si kplɔ Ezekiel nɔ tsa ɖim la kplɔe dzoe le gbedoxɔa gbɔ, eye wònɔ tɔsisi la dzidzem esi wonɔ yiyim. Ɣesiaɣi si mawudɔlaa dzidze tsia la, enana Ezekiel tsonɛ, eye nyagblɔɖilaa kpɔe be tsia nɔ goglom ɖe edzi eye eteƒe medidi o tsia va goglo ale gbegbe be ɖeko wòadzo adze eme aƒui!

2 Ezekiel va kpɔe be tɔa si yi Ƒu Kukua me eye wòda gbe le emetsi si zu dze ɖeɖe sɔŋ si me agbe mele o la ŋu le afi sia afi si tɔa de, eye wònana tɔmelãwo dzina ɖe eme fũu. Ekpɔ hã be ati vovovowo mie ɖe tɔa ƒe goawo dzi. Atiawo tsea ku yeyewo ɣleti sia ɣleti eye wotoa aŋgba siwo nye dɔyɔgbewo. Nu siawo katã kpɔkpɔ na Ezekiel ƒe dzi dze eme eye wona mɔkpɔkpɔe. Gake nu kae gbedoxɔ si dze le ŋutega me ƒe akpa sia fia na eya kple etɔ aboyomeawo? Eye nu kae wòfia na míawo hã egbea?

Nu Kae Tɔsisi Si Ezekiel Kpɔ Le Ŋutega Me La Fia Na Aboyomeawo?

3. Nu ka tae Yudatɔ siwo nɔ anyi le blema mebu tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me la be enye nu ŋutɔŋutɔ o?

3 Yudatɔ siwo nɔ anyi le blema mebu tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutega me la be enye nu ŋutɔŋutɔ o. Ke boŋ Ŋɔŋlɔa ƒe akpa sia anya ɖo ŋku nyagblɔɖi bubu si ku ɖe nuwo gbugbɔgaɖɔɖo si nyagblɔɖila Yoel ŋlɔ ƒe alafa eve aɖewo do ŋgɔ la dzi na wo. (Xlẽ Yoel 3:18.) Ne Yudatɔ aboyomeawo xlẽ nya si gbɔgbɔ ʋã Yoel wòŋlɔ la, womekpɔa mɔ be towo “atsyɔ wain vivi” alo “togbɛwo aɖuɖu notsi” o; alo kpɔa mɔ be tsi adzi “tso Yehowa ƒe aƒe la me” ŋutɔŋutɔ o. Ðewohĩ nenema kee Ezekiel nɔvi Yudatɔwo se egɔme be menye tɔsisi ŋutɔŋutɔ ŋue gbedeasi si le ŋutegaa me la ku ɖo o. * Ke gbedeasi kae Yehowa di be yeagblɔ na wo? Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míese nudzɔdzɔ sia ƒe akpa aɖewo gɔme. Gake le ye katã me la, míaƒo nu tso nu etɔ̃ siwo me kɔ siwo ŋu kakaɖedzi le siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖi sia me la ŋu.

4. (a) Yayra kawoe Yudatɔwo nɔ mɔ kpɔm na tso Yehowa gbɔ le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me? (b) Aleke ale si Biblia ƒoa nu tso “tɔsisi” kple “tsi” ŋu na míeka ɖe edzi be Yehowa ayra eƒe amewo? (Kpɔ aɖaka si nye “Tɔsisi Siwo Nye Yayrawo Tso Yehowa Gbɔ.”)

4 Tɔsisi si ahe yayrawo vɛ. Woƒoa nu tso tɔsisiwo kple tsi ŋu zi geɖe le Biblia me tsɔ wɔa kpɔɖeŋu na Yehowa ƒe yayra si naa agbe. Ezekiel kpɔ tɔsisi ma tɔgbi wònɔ sisim tso gbedoxɔa me, eya ta ŋutegaa ana Mawu ƒe amewo nanɔ mɔ kpɔm be ne yewoyi edzi lé tadedeagu dzadzɛa me ɖe asi ko la, Yehowa adudu gbɔgbɔmeyayrawo ɖe yewo dzi. Yayra kawoe? Nunɔlawo agafia nu wo tso Mawu ŋu. Eye ne wogava le vɔwo sam le gbedoxɔa me la, ana woagaka ɖe edzi geɖe wu be woava lé avu ɖe yewoƒe nu vɔ̃wo ta. (Eze. 44:15, 23; 45:17) Ema ana be wo ŋu nagakɔ abe ɖe wole tsi dzadzɛ si le sisim tso gbedoxɔa me la na wo ene.

5. Aleke tsi si le ŋutegaa me na woka ɖe edzi be Yehowa ayi edzi anɔ yewo yram?

5 Ðe Mawu ayi edzi anɔ wo yrama? Ŋutegaa ɖo nya ma ŋu elabe tsia nɔ agbɔ sɔm ɖe edzi nukutɔe; edze egɔme nɔ dzidzim eye emegbe kaka wòade kilometa eve la ezu tɔsisi gã! (Eze. 47:3-5) Ðewohĩ Yudatɔ siwo atrɔ ayi wo denyigba si wogaɖo te dzi la anɔ dzidzim ɖe edzi; ke hã Yehowa ƒe yayra ayi edzi anɔ agbɔ sɔm be wòakpɔ woƒe hiahiãwo gbɔ. Tɔsisia nye kpɔɖeŋu na agbɔsɔsɔ kple dzidziɖedzi!

6. (a) Kakaɖedzi kae nyagblɔɖia na wo? (b) Gake aleke woxlɔ̃ nu woe? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.)

6 Tsi si naa agbe. Le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, tɔa si yi Ƒu Kukua me si na eƒe akpa gãtɔ gbɔ agbe. De dzesii be, tsia na tɔmelã siwo gbɔ agbe la sɔ gbɔ ale gbegbe be wotsɔ emelãwo sɔ kple Ƒu Gã La alo Mediterranea Ƒua me tɔwo. Lãɖeɖedɔ nɔ edzi yim vevie le Ƒu Kukua to le du eve siwo le adzɔge tso wo nɔewo gbɔ la dome. Mawudɔlaa gblɔ be: “Nu sia nu agbɔ agbe le afi sia afi si tɔ la de.” Gake ɖe esia fia be tsi si tso Yehowa ƒe aƒea me la de Ƒu Kukua ƒe akpa sia akpaa? Ao. Mawudɔlaa gblɔ be tɔba aɖewo tsi anyi afi si tsi si naa agbe la mede o. “Woagblẽ wo ɖi na dze.” * (Eze. 47:8-11) Eya ta nyagblɔɖi sia na wokpɔe be tadedeagu dzadzɛa ana aboyome siwo trɔ gbɔ la nagbɔ agbe eye nu adze edzi na wo. Gake woxlɔ̃ nu wo hã be: Menye ame sia amee alɔ̃ axɔ Yehowa ƒe yayrawo o; eye menye ame sia ame ŋue woada gbe le o.

7. Kakaɖedzi kae ati siwo le tɔa ƒe gowo dzi le ŋutegaa me la na Yudatɔ aboyomeawo?

7 Ati siwo nye nuɖuɖu eye woyɔa dɔ. Ke ati mawo siwo le tɔa ƒe gowo dzi ya ɖe? Wona teƒe bliboa nya kpɔ, alo? Wona míegase nuwo gɔme ɖe edzi hã. Dzi anya dzɔ Ezekiel kple wo de tɔwo godoo esi wobu kutsetse vivi siwo ati mawo ana wo ɣleti sia ɣleti la ŋu! Nu bliboa na kakaɖedzi gasu wo si be Yehowa anyi wo le gbɔgbɔ me. Nu bubu ka hã? De dzesii be atiawo ƒe aŋgbawo “anye dɔyɔgbe.” (Eze. 47:12) Yehowa nyae be le ye katã me la, aboyome siwo trɔ gbɔ la ahiã gbɔgbɔmedɔyɔyɔ eye edo ŋugbe be yeayɔ dɔ wo. Woƒo nu tso ale si wòyɔ dɔ wo la ŋu le nyagblɔɖi bubu siwo ku ɖe gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 9 lia me ene.

8. Nu kae ɖee fia be Ezekiel ƒe ŋutegaa ava eme le mɔ si lolo wu nu?

8 Ke hã, abe ale si míekpɔe le Ta 9 lia me ene la, mɔ sue aɖe nu koe nyagblɔɖia va eme na aboyome siwo trɔ gbɔ va wo de la le. Ameawo ŋutɔ gbɔe wòtso be nyagblɔɖia meva eme na wo keŋkeŋ o. Ðe Yehowa ate ŋu ayra wo bliboe esi wotrɔ ɖe woƒe nu baɖa wɔwɔwo ŋu, gbe toɖoɖoe eye woɖea asi le tadedeagu dzadzɛa ŋu enuenua? Yudatɔ mawɔnuteƒeawo ƒe nuwɔna tena ɖe wo dometɔ siwo wɔa nuteƒe la dzi. Ke hã Yehowa subɔla wɔnuteƒewo nyae be eƒe ŋugbedodowo metsia akpo dzi o, wovaa eme godoo. (Xlẽ Yosua 23:14.) Eya ta ŋutega si Ezekiel kpɔ la ava eme le mɔ si lolo wu nu gbe ɖeka. Gake ɣekaɣie?

Tɔa Gale Sisim Egbea!

9. Ɣekaɣie gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ la ava eme le mɔ si lolo wu nu?

9 Abe ale si míekpɔe le agbalẽ sia ƒe Ta 14 lia me ene la, Gbedoxɔ ŋuti ŋutega si Ezekiel kpɔ la agava eme le mɔ si lolo wu nu “le ŋkeke mlɔeawo” si nye ɣeyiɣi si me wodo tadedeagu dzadzɛa ɖe dzi wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe la me. (Yes. 2:2) Mɔ ka nue Ezekiel ƒe ŋutegaa ƒe akpa sia le eme vam le fifia?

10, 11. (a) Yayra kawoe gbagba ɖe mía dzi egbea abe tɔsisi ene? (b) Aleke yayra siwo tso Yehowa gbɔ la sɔ gbɔ ɖe edzi si na be wokpɔ míaƒe hiahiãwo gbɔ le ŋkeke mamlɛawo me?

10 Tɔsisi si ahe yayrawo vɛ. Yayra kawo dzie tsi si nɔ sisim tso Yehowa ƒe aƒea me la ɖoa ŋkui na mí egbea? Le nyateƒe me la, eɖoa ŋku nu sia nu si nana míenɔa lãmesẽ me le gbɔgbɔ me la dzi na mí. Vevietɔ wue nye ale si Kristo ƒe tafevɔsaa kɔa mía ŋu si wɔnɛ be woate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí. Wotsɔ nyateƒenya siwo le Mawu ƒe Nya la me hã sɔ kple tsi si naa agbe eye wòklɔa ame ŋu. (Ef. 5:25-27) Mɔ ka nue yayra mawo gbagba ɖi le le míaƒe ɣeyiɣia me?

11 Le ƒe 1919 me la, Yehowa subɔla akpe ʋɛ aɖewo koe nɔ anyi, eye edzɔa dzi na wo be yewoaxɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu siwo yewo hiã. Le ƒe siwo va kplɔe ɖo me la, wova nɔ dzidzim ɖe edzi. Egbea, Mawu ƒe amewo wu miliɔn enyi. Ðe nyateƒea ƒe tsi si le sisim la hã le agbɔ sɔm ɖe edzia? Ɛ̃! Gbɔgbɔmenyateƒeawo do agbogbo ɖe mía dzi. Ne míagblɔe ŋutɔŋutɔ la, Mawu ƒe amewo xɔ Bibliawo, agbalẽwo, magazinewo, agbalẽ gbadzawo kple trakt biliɔn gbogbo aɖewo. Abe tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me ene la, nyateƒea kaka kabakaba be wòakpɔ ame siwo le dzidzim ɖe edzi le xexea me godoo, siwo di be yewoanya Mawu la ƒe nuhiahiãwo gbɔ. Wodze Biblia-srɔ̃gbalẽwo tata gɔme tso ɣeyiɣi didi aɖe. Eye fifia to jw.org dzi la, agbalẽ siawo le gbegbɔgblɔ siwo wu 900 me le internet dzi! Aleke nyateƒea ƒe tsi gbogbo mawo ɖe vi na ame siwo si dzi nyui le?

12. (a) Mɔ ka nue nyateƒea ƒe gbedeasia na amewo gbɔ agbe eye wova le gbɔgbɔmelãmesẽ me le? (b) Nuxlɔ̃ame aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi kae le ŋutegaa me na mí egbea? (Kpɔ etenuŋɔŋlɔa hã.)

12 Tsi si naa agbe. Wogblɔ na Ezekiel be: “Nu sia nu agbɔ agbe le afi sia afi si tɔ la de.” Bu ale si nyateƒea ƒe gbedeasia ɖo ame siwo katã va míaƒe gbɔgbɔmenyigba si wogbugbɔ ɖo te dzi gbɔ ŋu kpɔ. Biblia me nyateƒea na ame miliɔn gbogbo siwo si dzi nyui le la gbɔ agbe eye wole gbɔgbɔmelãmesẽ me. Ke hã, nuxlɔ̃ame aɖe si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi la le ŋutegaa me: Menye ame sia amee xɔ nyateƒe sia o. Abe ale si ko wogblẽ teƒe aɖewo ɖi le Ƒu Kukua me wonye tawo kple tɔbawo le ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, ame aɖewo ƒe dzi me asẽ, eye womaɖo to nyateƒea ʋuu keke ahayi edzi wɔ ge o. * Esia negadzɔ le mía gome gbeɖe o!—Xlẽ 5 Mose 10:16-18.

13. Nufiame kawoe le ati siwo le ŋutegaa me le tɔa ƒe gowo dzi la me na mí egbea?

13 Ati siwo nye nuɖuɖu eye woyɔa dɔ. Ðe nufiame dedziƒoname aɖewo le ati siwo le ŋutegaa me le tɔa ƒe gowo dzi la me na mí egbea? Ɛ̃! Ðo ŋku edzi be ati mawo tsea ku yeye viviwo ɣleti sia ɣleti eye woƒe aŋgbawo yɔa dɔ. (Eze. 47:12) Ati siawo ɖoa ŋku edzi na mí be Mawu si nyia mí eye woyɔa dɔ mí dɔmenyotɔe, vevietɔ le gbɔgbɔ me la subɔmee míele. Egbea amewo dze dɔ eye gbɔgbɔmedɔ le wo wum. Gake bu nu siwo Yehowa naa míawo ya ŋu kpɔ. Ðe nèxlẽ míaƒe agbalẽ aɖe vɔ kpɔ, dzi ha mamlɛa le takpekpe sue alo takpekpe gã aɖe me, kpɔ video alo nyakakadɔwɔƒea ƒe wɔna aɖe vɔ, eye nèse le ɖokuiwò me be wotsɔ gbɔgbɔmenuɖuɖu yra yea? Wole mía nyim nyuie nyateƒe. (Yes. 65:13, 14) Ðe gbɔgbɔmenuɖuɖuawo nana míenɔa lãmesẽ me le gbɔgbɔ mea? Aɖaŋu nyui siwo wonɔa te ɖe Mawu ƒe Nyaa dzi ɖona na mí la kpena ɖe mía ŋu be míewɔa avu kple nuwo abe agbe gbegblẽ nɔnɔ, ŋukeklẽ kple xɔsemanɔamesi ene. Azɔ hã, Yehowa wɔ ɖoɖo be woakpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woahaya le gbɔgbɔ me ne edzɔ be wowɔ nu vɔ̃ gã aɖe. (Xlẽ Yakobo 5:14.) Abe ale si ati siwo Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me ɖee fia ene la, woyra mí nyateƒe.

14, 15. (a) Nu kawoe míate ŋu asrɔ̃ tso teƒe siwo nye tɔba siwo wogblẽ ɖi siwo ŋu womeda gbe le o le ŋutega si Ezekiel kpɔ la me? (b) Aleke tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me la ɖea vi na mí egbea?

14 Gake míagate ŋu asrɔ̃ nu tso teƒe siwo nye tɔba siwo wogblẽ ɖi siwo ŋu womeda gbe le o la me. Míadi gbeɖe be míaxe mɔ na Yehowa be wòagayra mí le agbe me o. Anye afɔku na mí be míagbe be woagayɔ dɔ mí, abe ale si wòle le ame akpa gãtɔ gome le xexea me ene o. (Mat. 13:15) Ke boŋ dzidzɔe wònye na mí be tɔsisia le vi ɖem na mí. Ne míelɔ̃ faa no tsi dzadzɛ si tso Mawu ƒe Nyaa me, ne míeto gbeƒãɖeɖedɔa dzi ƒo nu tso nyateƒenyawo ŋu na amewo, ne wona mɔfiame nyuiwo mí, de dzi ƒo na mí, eye ne hamemetsitsi siwo kluvi nuteƒewɔlaa na hehee kpe ɖe mía ŋu la, ɖeko míeɖoa ŋku tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me la dzi. Afi sia afi si tɔsisia de la, enana nuwo gbɔa agbe eye wòyɔa dɔ wo!

15 Gake mɔ ka nue ŋutega sia ava eme le le etsɔme? Abe ale si míava kpɔe ene la, tɔa asi le mɔ si lolo wu nu le Paradiso si ava la me.

Nu Si Ŋutegaa Afia Na Mí Le Paradisoa Me

16, 17. (a) Mɔ ka nue agbetsitɔsisia akeke ɖe enu le le Paradisoa me? (b) Aleke tɔsisi ma ahe yayrawo vɛ na mí le Paradisoa me?

16 Ðe nèkpɔa ɖokuiwò le Paradiso me be yele xɔlɔ̃wo kple ƒometɔwo dome le vivi sem na agbea bliboea? Ne èsrɔ̃ nu tso tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me ŋu la, akpe ɖe ŋuwò nàbui nu ŋutɔŋutɔ. Le mɔ ka nu? Na míagabu ŋutegaa ƒe akpa vevi etɔ̃ lédzinameawo ŋu kpɔ.

17 Tɔsisi si ahe yayrawo vɛ. Kpɔɖeŋutɔsisia akeke ɖe enu le Paradisoa me, elabe menye gbɔgbɔmeyayrawo koe wòahe vɛ o, ke boŋ ŋutilãme tɔwo hã. Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Mawu Fiaɖuƒea akpe ɖe nuteƒewɔlawo ŋu be tafea naɖe vi na wo le mɔ si lolo wu nu. Vivivi la woana woava de blibo! Dɔlélewo, ɖɔktawo, dɔnɔdzikpɔlawo, dɔnɔkɔdziwo kple nugblẽfexeɖoɖo si wowɔ na dɔnɔwo maganɔ anyi o! Agbetsi ma asi ayi ame miliɔn gbogbo siwo atso Armagedon siwo nye “ameha gã” siwo do go tso “xaxa gã” me la gbɔ. (Nyaɖ. 7:9, 14) Ke hã, yayra si tɔsisi ma ahe vɛ le gɔmedzedzea, adze nu gã aɖe, gake ne míetsɔe sɔ kple yayra siwo le ŋgɔ la, ke nu sue aɖe koe wònye. Abe ale si Ezekiel kpɔe le ŋutegaa me ene la, tɔsisia me tsi anɔ agbɔ sɔm ɖe edzi be wòakpɔ hiahiãwo katã gbɔ.

Le Paradisoa me la, yayra siwo tɔsisia ahe vɛ ana ame sia ame nazu ɖekakpui kple ɖetugbui eye woanɔ lãmesẽ me (Kpɔ Memama 17)

18. Mɔ ka nue ‘agbetsitɔsisia’ azu tɔ gã aɖe le le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me?

18 Tsi si naa agbe. Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, “agbetsitɔsisi” la azu tɔ gã. (Nyaɖ. 22:1) Woafɔ ame akpe teƒe akpe gbogbo aɖewo ɖe tsitre eye woana mɔnukpɔkpɔa wo be woanɔ agbe le Paradiso me tegbee! Yayra siwo Yehowa ato Fiaɖuƒea dzi ahe vɛ ƒe ɖee nye be agbɔ agbe ame gbogbo aɖewo, siwo ku ɣeyiɣi didi aɖe eye wozu ke le anyigba tume la. (Yes. 26:19) Ke hã, ɖe ame siwo woafɔ ɖe tsitre la ayi edzi anɔ agbe ɖaa?

19. (a) Nu kae ɖee fia be tsi siwo nye nyateƒe yeye siwo tso Mawu gbɔ la anɔ anyi le Paradisoa me? (b) Nu kae wòfia be ‘woagblẽ ame aɖewo ɖi na dze’ le etsɔme?

19 Ame ŋutɔe atiae. Ènyaa, woaʋu agbalẽ xatsaxatsa yeyewo ɣemaɣi. Eya ta tsi nyui siwo atso Yehowa gbɔ dometɔ aɖewo anye nyateƒenya yeye, siwo nye gbɔgbɔmemɔfiame yeye siwo woaɖe ɖe go. Ðe dzi medzɔa mí ne míebu nu si le ŋgɔ ŋu oa? Gake ame aɖewo agbe yayra mawo, eye woatiae be yewomaɖo to Yehowa o. Ame aɖewo adze aglã le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, gake womaɖe mɔ na wo be woagblẽ Paradisoa me o. (Yes. 65:20) Ðewohĩ esia ana míaɖo ŋku teƒe siwo nye tɔba siwo ‘wogblẽ ɖi na dze’ siwo mewɔa nu o si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me la dzi. Gake ame siwo asẽ dzi me agbe be yewomano agbetsi xɔasi ma o la, ate nu wo ɖokuiwo ŋutɔ! Le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua megbe la, aglãdzela aɖewo ava de Satana dzi. Ame siwo katã agbe Yehowa ƒe dziɖuɖu dzɔdzɔea, atsrɔ̃ tegbee abe Satana ke ene.—Nyaɖ. 20:7-12.

20. Ðoɖo kae wowɔ be wòaɖe vi na mí le Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, eye aleke esia ɖoa ŋku ati siwo Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me la dzi na mí?

20 Ati siwo nye nuɖuɖu eye woyɔa dɔ. Yehowa medi be agbe mavɔ nato mía dometɔ aɖeke ŋu o. Be wòakpe ɖe mía ŋu míalé mɔnukpɔkpɔ si wòtsɔ ɖo mía ŋkume la me ɖe asi la, agakpɔ egbɔ be yewɔ ɖoɖo aɖe si le abe ati siwo Ezekiel kpɔ la tɔgbi ene. Gake le Paradisoa me la, yayra siwo Yehowa ahe vɛ la aɖe vi na mí le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa. Yesu Kristo kple eƒe hatidziɖula ame 144,000 la aɖu dzi tso dziƒo hena ƒe Akpe Ðeka. Ame 144,000 siwo ganye nunɔlawo la awɔ Kristo ƒe tafevɔsaa ŋu dɔ, atsɔ akpe ɖe nuteƒewɔlawo ŋu be woava de blibo. (Nyaɖ. 20:6) Ðoɖo sia si wowɔ be woayɔ dɔ mí le ŋutilã kple gbɔgbɔ me la ɖoa ŋku ati siwo Ezekiel kpɔ le tɔa ƒe gowo dzi la dzi na mí, ati mawo tsea ku nyuiwo eye woƒe aŋgbawo yɔa dɔ. Ŋutega si Ezekiel kpɔ la sɔ kple nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi bubu aɖe si ŋu apostolo Yohanes ŋlɔ nu tsoe. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 22:1, 2.) Ati siwo Yohanes kpɔ la ƒe “aŋgbawo nye dɔyɔgbe na dukɔwo.” Dɔ si ame 144,000 la awɔ abe nunɔlawo ene la aɖe vi na ame miliɔn gbogbo aɖewo siwo nye nuteƒewɔlawo.

21. Ne ède ŋugble le tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me ŋu la, dɔ kae wòwɔna ɖe dziwò, eye nu ka mee míadzro? (Kpɔ aɖaka si nye “Tsi Dzidzi Aɖe Va Zu Tɔsisi Gã Aɖe!”)

21 Ne ède ŋugble le tɔsisi si Ezekiel kpɔ le ŋutegaa me ŋu la, ɖe menana wò dzi dzea eme eye wònaa mɔkpɔkpɔ wò oa? Nu nyui kawo gbegbee nye esi le mía lalam! Wò ya bu eŋu kpɔ ko—Yehowa ɖe nu mawo fia ƒe gbogbo aɖewoe nye esi va yi, eye wògbɔ dzi ɖi le asi miam mí be míava kpɔ ale si nu siwo ŋu woƒo nu tsoe la ava eme ŋutɔŋutɔ la teƒe. Ànɔ afi maa? Ðewohĩ anɔ wɔwɔm na wò be ɖe ye hã yeate ŋu ava nɔ agbe le Paradiso me hã. Azɔ na míakpɔ ale si Ezekiel ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa mamlɛawo na kakaɖedzi ma míi ɖa.

^ mm. 3 Azɔ hã, Yudatɔ aboyome siwo ɖo ŋku ale si wo denyigba ƒe nɔnɔme le dzi la, anya kpɔe be tɔsisi sia menye nu ŋutɔŋutɔ o, elabe tɔa nɔ sisim tso gbedoxɔ aɖe si nɔ to kɔkɔ aɖe dzi la gbɔ, evɔ gbedoxɔ aɖeke menɔ afi si woɖɔe be wònɔ la gɔ̃ hã o. Tsɔ kpe ɖe eŋua, ŋutegaa ate ŋu afia be tɔa si tẽe yi Ƒu Kukua me eye naneke mexe mɔ nɛ o, evɔ esia manya wɔ hafi o.

^ mm. 6 Biblia nyala aɖewo gblɔna be susu nyui aɖe tae wogblẽ teƒe mawo ɖi, elabe wode dzesii be tso ɣeaɖeɣi ke la, amewo ɖea dze le Ƒu Kukua ƒe nutowo me wònye dɔwɔɖui si me wokpɔa ga le. Gake de dzesii be nuŋlɔɖia gblɔ tso teƒe mawo ŋu be “womada gbe le wo ŋu o.” Woatsi anyi, agbe manɔ wo me o, womada gbe le wo ŋu o elabe tsi si naa agbe si tso Yehowa ƒe aƒea me la made wo gbɔ o. Eya ta anɔ eme be le afi sia la, menye susu nyui aɖeke tae wogblẽ tɔba mawo ɖi na dze ɖo o.—Ps. 107:33, 34; Yer. 17:6.

^ mm. 12 Le mɔ sia ke nu la, de ŋugble le kpɔɖeŋu si Yesu wɔ ku ɖe ɖɔ ŋu la ŋu kpɔ. Ðɔa ɖe tɔmelã vovovowo, gake menye wo katãe ‘nyo’ o. Ele be woatsɔ manyomanyoawo aƒu gbe. Eya ta Yesu xlɔ̃ nu be ame siwo ava Yehowa ƒe habɔbɔa me dometɔ geɖe mayi edzi awɔ nuteƒe ne ɣeyiɣiawo va le yiyim o.—Mat. 13:47-50; 2 Tim. 2:20, 21.