Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 1

“Yehowa Wò Mawue Nàde Ta Agu Na”

“Yehowa Wò Mawue Nàde Ta Agu Na”

MATEO 4:10

NYA VEVITƆ: Nu si ta wòhiã be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi

1, 2. Aleke Yesu wɔ va do ɖe Yudea-gbedzi le ƒe 29 K.Ŋ. ƒe kele me, eye nu kae dzɔ ɖe edzi le afi ma? (Kpɔ nɔnɔmetata si le nyati sia ƒe gɔmedzedze.)

 ƑE 29 K.Ŋ. ƒe kele mee, eye Yesu le Yudea-gbedzi, le Ƒu Kukua ƒe dziehe gome. Esi wonyrɔe eye wosi ami nɛ megbe la, gbɔgbɔ kɔkɔea kplɔe yi nuto sia me. Yesu nɔ teƒe sia si agakpewo kple baliwo ƒo xlã la ŋkeke 40, eye wòtsi nu dɔ, do gbe ɖa hede ŋugble le ɖoɖoezizi me. Ðewohĩ le ɣeyiɣi sia me la, Yehowa ɖo dze kple Via tsɔ dzrae ɖo ɖe nu siwo le ŋgɔ la ŋu.

2 Fifia, esi dɔ wu Yesu eye wògbɔdzɔ la, Satana te ɖe eŋu. Nu si gadzɔ kplɔe ɖo la ɖe nya vevi aɖe ɖe go, si ka ame siwo katã lɔ̃ tadedeagu dzadzɛa. Wò hã èle eme.

“Ne Mawu Ƒe Vie Nènye La . . .”

3, 4. (a) Nya kawoe Satana gblɔ tsɔ dze tetekpɔ eve gbãtɔawo gɔme, eye nu kae Satana di be Yesu nake ɖii? (b) Aleke Satana gazãa ayemɔ mawo ke egbea?

3 Xlẽ Mateo 4:1-7. Satana dze eƒe tetekpɔ eveawo gɔme kple ayemenya siawo be, “Ne Mawu ƒe vie nènye la.” Ðe Satana ke ɖi be menye Mawu ƒe Vie Yesu nye oa? Ao. Mawudɔla gege ma nya nyuie be Yesue nye Mawu ƒe Ŋgɔgbevi. (Kol. 1:15) Ðikeke mele eme o be Satana nya nya siwo Yehowa gblɔ tso dziƒo le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔɣi be, “Ame siae nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o, si ƒe nu dzea ŋunye” la hã. (Mat. 3:17) Ðewohĩ Satana di be yeana Yesu nake ɖi nenye be Fofoa nye ame si dzi wòate ŋu aka ɖo, eye wòtsɔa ɖe le eme nɛ vavã. Le tetekpɔ gbãtɔ si nye be Yesu natrɔ kpe wòazu abolo me la, nu si Satana nɔ biabiam ye nye be: ‘Esi wònye Mawu ƒe Vie nènye ɖe, nu ka tae Fofowòa mena nuɖuɖu wò le gbedadaƒo sia, afi si nuku aɖeke mewɔna le o la o?’ Le tetekpɔ evelia si nye be wòati kpo tso gbedoxɔa tame me la, Satana nɔ Yesu biam be: ‘Esi Mawu ƒe Vie nènye ɖe, èka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be Fofowòa akpɔ tawòa?’

4 Satana gazãa ayemɔ mawo ke egbea hã. (2 Kor. 2:11) Zi geɖe la, Tela la lalana va se ɖe esime mawusubɔla vavãwo gbɔdzɔ alo dzi ɖe le wo ƒo hafi wòdzea wo dzi le ayeme. (2 Kor. 11:14) Edzea agbagba be yeana míase le mía ɖokuiwo me be Yehowa mate ŋu alɔ̃ mí alo akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu gbeɖe o. Tela la dina hã be míaxɔe ase be míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi o, eye be mawɔ ŋugbe siwo wòdo le eƒe Nya la me la dzi o. Gake alakpanya vɔ̃ɖiwoe nya mawo nye. (Yoh. 8:44) Aleke míawɔ agbe alakpanya mawo?

5. Aleke Yesu wɔ nu le tetekpɔ eve gbãtɔawo mee?

5 Bu ale si Yesu wɔ nu le tetekpɔ eve gbãtɔawo me la ŋu kpɔ. Yesu ka ɖe edzi be ye Fofo lɔ̃ ye, eye wòɖo ŋu ɖe eŋu bliboe. Yesu mehe ɖe megbe kura o, eyɔ nya tso Fofoa ƒe Nya la me tsɔ gbe Satana ƒe nyawo. Esɔ ŋutɔ be Yesu yɔ nya tso ŋɔŋlɔ siwo me Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa dze le la me. (5 Mose 6:16; 8:3) Mɔ bubu aɖeke meganyo wu ale si Mawu ƒe Vi la yɔ Fofoa ƒe ŋkɔ tɔxɛ la o. Esia nye kpeɖodzi be Yesu ka ɖe edzi be Yehowa awɔ ŋugbe siwo katã wòdo la dzi. *

6, 7. Aleke míate ŋu agbe Satana ƒe ayemɔwoe?

6 Míate ŋu agbe Satana ƒe ayemɔwo ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe Nya la ŋu eye míede ŋugble le gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu la ŋu. Ne míebua Ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso ale si Yehowa lɔ̃ esubɔlawo, vevietɔ ame siwo ƒo dzi ɖe le kple ame siwo dzi nu te ɖo be woyi na mí tẽe la, míate ŋu agbe Satana ƒe aʋatsonya, si nye be Yehowa mate ŋu alɔ̃ mí alo akpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu gbeɖe o la. (Ps. 34:18; 1 Pet. 5:8) Eye ne míeɖoa ŋku edzi be Yehowa wɔa nu wòsɔna ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu nu ɣesiaɣi la, míaka ɖe edzi be ŋugbedodowo dzi wɔla la awɔ eƒe ŋugbedodowo dzi bliboe.—Lod. 3:5, 6.

7 Nu ka koŋue nye Satana ƒe taɖodzinu? Nu ka tututue wòdi be míawɔ? Nya siawo ƒe ŋuɖoɖo va dze ƒãa esime Satana te Yesu kpɔ zi etɔ̃lia.

‘Dze Klo Nàde Ta Agu Nam’

8. Le tetekpɔ etɔ̃lia me la, aleke Satana ɖe nu si dim wònɔ la fia tẽe?

8 Xlẽ Mateo 4:8-11. Le tetekpɔ etɔ̃lia me la, Satana ɖe asi le ayemɔwo zazã ŋu, eye wòɖe nu si dim wònɔ la fia tẽe. Satana ɖe “xexemefiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe” (anye le ŋutega me) fia Yesu, gake meɖe nu si gblẽ le wo ŋu ya fiae o. Eyome egblɔ na Yesu be: “Matsɔ nu siawo katã ana wò ne èdze klo de ta agu nam.” * Tadedeagu koŋ ŋue nyaa ku ɖo! Satana di be Yesu nagbe nu le Fofoa gbɔ eye wòabu ye si nye Tela la eƒe mawui. Mɔ kpuitɔe nye ema Satana tsɔ ɖo Yesu ŋkume. Satana ƒe nyaa fia be mehiã be Yesu nakpe fu, woaɖɔ ŋùkuku nɛ, woaƒoe eye woahee ɖe fuwɔameti ŋu hafi woatsɔ dziɖuɖu kple xexe sia me kesinɔnuwo nɛ o. Satana te Yesu kpɔ ŋutɔŋutɔ. Yesu meke ɖi be menye Satana ye kpɔ ŋusẽ ɖe xexea dzi o! (Yoh. 12:31; 1 Yoh. 5:19) Edze ƒãa be Satana awɔ nu sia nu si wòate ŋui be yeana Yesu nagbe nu le Fofoa ƒe tadedeagu dzadzɛa gbɔ.

9. (a) Nu kae Satana di be mawusubɔla vavãwo nawɔ, eye aleke wòdzea agbagba be yeate mí kpɔe? (b) Nu kae míaƒe subɔsubɔ bia? (Kpɔ aɖaka si nye “Nu Kae Nye Tadedeagu?”)

9 Egbea hãa, Satana di be míasubɔ ye tẽe alo asubɔ ye le manyamanya me. Esi Satana ye nye “nuɖoanyi sia ƒe mawu” ta la, eyae subɔsubɔha siwo ƒo ƒu nye Babilon Gã la ƒe alakpasubɔsubɔwo ɖea vi na. (2 Kor. 4:4) Gake esi ame gbogbo siawo ƒe alakpasubɔsubɔ mesu eme nɛ o ta la, edi be yeate mawusubɔla vavãwo kpɔ be woagawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu o. Edzea agbagba be yeable mía nu ne kesinɔnuwo kple ŋusẽ nasu mía si le yeƒe xexea me, wu be ɖewohĩ ‘míakpe fu le dzɔdzɔenyenye ta’ le esi míenye Kristotɔwo ta. (1 Pet. 3:14) Ne míena ta le tetekpɔa me la, ke efia be míegbe tadedeagu dzadzɛa, eye míeva zu Satana ƒe xexea ƒe akpa aɖe hedze klo le ta dem agu na Satana eye wòva zu míaƒe mawu. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míanɔ te ɖe tetekpɔ sia nu?

10. Aleke Yesu wɔ nu le tetekpɔ etɔ̃lia me, eye nu ka tae?

10 De dzesi ale si Yesu wɔ nu le tetekpɔ etɔ̃lia me. Esi Yesu di be yeawɔ nuteƒe na Yehowa ta la, enya Tela la enumake esi wògblɔ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” Abe ale si Yesu wɔe le tetekpɔ eve gbãtɔwo me ene la, eyɔ nya tso Mose Ƒe Agbalẽ Atɔ̃lia si me Mawu ƒe ŋkɔ dze le la me, eye wògblɔ be: “Woŋlɔ ɖi be: ‘Yehowa wò Mawue nàde ta agu na, eye eya ɖeka koe nàsubɔ.’” (Mat. 4:10; 5 Mose 6:13) Eya ta Yesu mena xexea ƒe ŋkɔxɔxɔ si anɔ anyi vie ko kple agbe bɔbɔe nɔnɔ si me fukpekpe mele o la biã ŋu nɛ o. Enya be ye Fofo koe dze woasubɔ, eya ta ne ‘yede ta agu’ na Satana zi ɖeka pɛ gɔ̃ hã la, efia be yebɔbɔ ɖe ete. Yesu gbe gbidii be yemana Tela vɔ̃ɖi sia nanye yeƒe mawu o. Eya ta “Abosam dzo le egbɔ” esi Yesu gbe eƒe nyawo. *

“TE ÐA LE GBƆNYE, SATANA!” (Kpɔ memama 10)

11. Aleke míawɔ agbe Satana kple eƒe tetekpɔwo?

11 Míate ŋu agbe Satana kple eƒe xexea ƒe tetekpɔwo abe Yesu ene, elabe míate ŋu atia nu si míawɔ. Yehowa na nunana nyui si nye tiatiawɔwɔ ƒe ablɔɖe mí. Eya ta ame aɖeke mate ŋu azi mía dzi míagbe tadedeagu dzadzɛa o—Tela ŋusẽtɔ vɔ̃ɖi la gɔ̃ hã mate ŋui o. Ne ‘míetsi tsitre ɖe Satana ŋu sesĩe le xɔse me’ nuteƒewɔwɔtɔe la, ke ɖeko wòle abe míele gbɔgblɔm be “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” ene. (1 Pet. 5:9) Ðo ŋku edzi be, Satana dzo le Yesu gbɔ esi Yesu tsi tre ɖe eŋu vevie. Biblia na míawo hã míenya be: “Mitsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye asi le mia gbɔ.”—Yak. 4:7.

Míate ŋu atiae be míagbe Satana ƒe xexea ƒe tetekpɔwo (Kpɔ Memama 11, 19)

Tadedeagu Dzadzɛa Ƒe Futɔ

12. Aleke Satana ɖee fia le Eden-bɔa me be yee nye tadedeagu dzadzɛa ƒe futɔ?

12 Le tetekpɔ etɔ̃lia me la, Satana ɖee fia kɔtɛ be yee nye tadedeagu dzadzɛa ƒe futɔ gbãtɔ. Ƒe akpewo do ŋgɔ le Eden-bɔa me la, Satana ɖe ale si wòlé fu Yehowa subɔsubɔ fia zi gbãtɔ. Esi Satana ble Xawa eye eya hã ble Adam wogbe toɖoɖo Yehowa ƒe sedede ta la, ewɔe be wova le Satana ƒe kpɔkplɔ te. (Xlẽ 1 Mose 3:1-5; 2 Kor. 11:3; Nyaɖ. 12:9) Eto esia me va zu woƒe mawu eye woawo hã wozu esubɔlawo, togbɔ be ɖewohĩ womenya ame si tututu nɔ wo blem o hã. Azɔ hã, esi Satana na wodze aglã le Eden-bɔa me ta la, menye ɖeko wòtsi tre ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye, alo eƒe dzedze be wòaɖu dzi ŋu ko o, ke etso ɖe tadedeagu dzadzɛa hã ŋu. Aleke wòwɔe?

13. Mɔ ka nue dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te la ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu le?

13 Dziɖulanyenye ƒe nya si fɔ ɖe te la ku ɖe tadedeagu dzadzɛa hã ŋu. Dziɖulagã la, Ame si “wɔ nuwo katã” koe dze woasubɔ. (Nyaɖ. 4:11) Esi Yehowa wɔ ame deblibo Adam kple Xawa eye wòda wo ɖe Eden-bɔa me la, eɖoe be amegbetɔ deblibowo nayɔ anyigba dzi, eye woalɔ̃ faa atsɔ tadedeagu dzadzɛ si tso dzi me ana ye. (1 Mose 1:28) Satana tsɔ nya ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu elabe subɔsubɔ si Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa ɖeɖeko dze na la biã ŋu nɛ.—Yak. 1:14, 15.

14. Ðe ale si Satana tso ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu dze edzia? Ðe eme.

14 Ðe ale si Satana tso ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu dze edzi nɛa? Ete ŋu ɖe Adam kple Xawa ɖa le Mawu ŋu. Tso ɣemaɣia, Satana ho aʋa ɖe nyateƒe tadedeagua ŋu, eye wòle agbagba dzem be yeaɖe ame agbɔsɔsɔme si yeate ŋui la ɖa le Yehowa Mawu ŋu. Do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia gɔ̃ hã la, Satana yi edzi te Yehowa subɔlawo kpɔ. Le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) la, vɔ̃ɖitɔ sia na amewo gbe xɔse, eye esia gblẽ nu le Kristo hamea ŋu si na wòdze abe tadedeagu dzadzɛa bu ene. (Mat. 13:24-30, 36-43; Dɔw. 20:29, 30) Le ƒe alafa evelia K.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la, Babilon Gã la, si nye alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo la ɖe aboyo mawusubɔlawo hena ɣeyiɣi didi aɖe. Gake tame vɔ̃ si Satana ɖo be yeagblẽ Mawu ƒe tameɖoɖo ku ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu me la medze edzi o. Naneke mate ŋu ana Mawu nado kpo eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ o. (Yes. 46:10; 55:8-11) Mawu ƒe ŋkɔ ge ɖe nya si fɔ ɖe te la me, eya ta awɔ nu wòasɔ ɖe gɔmesese si le eƒe ŋkɔa ŋu nu ɣesiaɣi. Yehowa, Tameɖoɖodziwɔla la awɔ eƒe tameɖoɖoa dzi godoo!

Ame Si Ʋli Tadedeagu Dzadzɛa Ta

15. Afɔ kae Yehowa ɖe le Eden-bɔa me tsɔ he to na aglãdzelawo ale be eƒe tameɖoɖoa nate ŋu ava eme?

15 Yehowa ɖe afɔ enumake le Eden-bɔa me tsɔ he to na aglãdzelawo ale be eƒe tameɖoɖoa nate ŋu ava eme. (Xlẽ 1 Mose 3:14-19.) Yehowa tso kufia na Adam kple Xawa esime wokpɔtɔ nɔ abɔa me. Ame si wɔ nu vɔ̃ gbã si nye Satana ye wòtso kufia na gbã, eyome etso kufia na Xawa, emegbe Adam hã. Esime Yehowa nɔ nu ƒom na Satana si nɔ megbe na aglãdzedzea la, egblɔ nya ɖi tso “dzidzimevi” aɖe si ava ɖɔ nu siwo aglãdzedzea gblẽ ɖo la ŋu. “Dzidzimevi” ma si ŋugbe wodo la awɔ akpa vevi aɖe ale be tame si Yehowa ɖo ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu la nava eme.

16. Le aglã si wodze le Eden-bɔa me megbe la, nu kawo wɔwɔ gɔmee Yehowa dze be eƒe tameɖoɖoa nava eme?

16 Le aglã si wodze le Eden-bɔa me megbe la, Yehowa dze nu siwo ana eƒe tameɖoɖoa nava eme la wɔwɔ gɔme. Ewɔ ɖoɖo na amegbetɔ madeblibowo be woasubɔ ye le mɔ si adze ye ŋu nu, abe ale si míava kpɔe le ta si kplɔe ɖo me ene. (Heb. 11:4–12:1) Azɔ hã, ena eƒe gbɔgbɔ ʋã Biblia ŋlɔla siwo dometɔ aɖewoe nye Yesaya, Yeremiya kple Ezekiel woŋlɔ nu tso nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi siwo ku ɖe ale si woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi la ŋu. Tadedeagu dzadzɛa gbugbɔɖoanyi la nye nyati vevi aɖe le Biblia me. “Dzidzimevi” ma ƒe akpa vevitɔ si nye Yesu Kristo, ana nyagblɔɖi mawo katã nava eme. (Gal. 3:16) Yesue nye Ame si ʋli tadedeagu dzadzɛa ta, abe ale si wòdze le eƒe nyaŋuɖoɖo na Satana le tetekpɔ etɔ̃lia me ene. Edze ƒãa be Yesue Yehowa tia be yeato edzi ana nuwo gbugbɔgaɖɔɖo ƒe nyagblɔɖiawo nava eme. (Nyaɖ. 19:10) Aɖe Mawu ƒe amewo tso gbɔgbɔmeboyo me eye wòagbugbɔ tadedeagu dzadzɛa aɖo anyi.

Nu Kae Nàwɔ?

17. Nu ka tae Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe nuwo gbugbɔgaɖɔɖoa ŋu dzɔa dzi na mí?

17 Biblia me nyagblɔɖi siwo ku ɖe ale si woagbugbɔ aɖɔ nuwo ɖo ŋu me dzodzro naa dzi dzɔa ame eye wòdoa ŋusẽ ame ƒe xɔse. Nyagblɔɖi mawo le vevie na mí elabe míele mɔ kpɔm na ɣeyiɣi si nuwɔwɔ siwo le dziƒo kple anyigba dzi awɔ ɖeka le tadedeagu dzadzɛa me asubɔ Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa. Azɔ hã, nyagblɔɖi mawo naa mɔkpɔkpɔ mí elabena nya siwo faa akɔ na mí la dze le Mawu ƒe Nya la me. Mía dometɔ kae madi vevie be yeakpɔ ale si Yehowa ƒe ŋugbedodo siwo ƒe ɖewoe nye míaƒe ame vevi siwo ku la fɔfɔ ɖe tsitre, ale si anyigba katã azu paradiso kple agbe tegbee nɔnɔ le lãmesẽ deblibo me la me vava teƒe o?—Yes. 33:24; 35:5, 6; Nyaɖ. 20:12, 13; 21:3, 4.

18. Nu ka ŋue míaƒo nu tsoe le agbalẽ sia me?

18 Míadzro nyagblɔɖi wɔdɔɖeamedzi siwo le Biblia-gbalẽ si nye Ezekiel me le agbalẽ sia me. Nyagblɔɖi mawo dometɔ geɖe ƒo nu tso tadedeagu dzadzɛa gbugbɔɖoanyi ŋu. Míaƒo nu tso ale si Ezekiel ƒe nyagblɔɖiawo wɔ ɖeka kple nyagblɔɖi bubuwo, ale si woava eme to Kristo dzi kple ale si woka míi la ŋu.—Kpɔ aɖaka si nye “Ezekiel Ƒe Agbalẽa Me Nya Veviwo.”

19. Nu kae nèɖo kplikpaa be yeawɔ, eye nu ka tae?

19 Agbagba si Satana dze le Yudea-gbedzi le ƒe 29 K.Ŋ. be yeate Yesu kpɔ ne wòatrɔ megbe ade tadedeagu dzadzɛa medze edzi nɛ o. Ke míawo ya ɖe? Satana ɖoe fifia wu ɣeyiɣi ɖe sia ɖe be yeaɖe mí ɖa le nyateƒe tadedeagua ŋu. (Nyaɖ. 12:12, 17) Neva eme be agbalẽ sia nakpe ɖe mía ŋu be tame si míeɖo kplikpaa be míagbe nu le Tela vɔ̃ɖi la gbɔ nadze edzi. Eye mina míato míaƒe nya kple nuwɔnawo dzi aɖee afia be míelɔ̃ ɖe nya si nye “Yehowa wò Mawue nàde ta agu na” la dzi tso dzi me. Ekema míanɔ agbe akpɔ ale si Yehowa ƒe tameɖoɖo wɔnukua ava emee la teƒe, esime ame siwo le dziƒo kple anyigba dzi awɔ ɖeka atsɔ tadedeagu dzadzɛ si tso dzi me si Yehowa ɖeka ko dze na la anɛ!

^ mm. 5 Ame aɖewo se ŋkɔ Yehowa gɔme be efia be “Enana Wòvaa Eme.” Esia sɔ nyuie na Yehowa elabe eyae nye Wɔla la kple Ame si wɔa eƒe ŋugbedodowo dzi.

^ mm. 8 Biblia ŋuti numekugbalẽ aɖe gblɔ le Satana ƒe nyawo ŋu be: “Le tetekpɔ gbãtɔ si me Adam kple Xawa do kpo nu le me la, . . . , nya si le toa me la ku ɖe Satana ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ alo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu, si fia be woade ta agu na ame eve siawo dometɔ ɖeka. Le nyateƒe me la, Satana di dadatɔe be yeazu mawu ɖe Mawu ɖeka kolia la teƒe.”

^ mm. 10 Luka ƒe Nyanyuigbalẽa meƒo nu tso tetekpɔawo ŋu le ɖoɖo si nu wodzɔ le nu o, gake ewɔ abe Mateo ya ƒo nu tso wo ŋu le ɖoɖoa nu ene. Na míade ŋugble le susu etɔ̃ siwo tae ŋu kpɔ. (1) Nya “azɔ” si Mateo zã hafi ƒo nu tso tetekpɔ evelia ŋu fia be ɖeka do ŋgɔ na ema. (2) Edze ƒãa be ayemɔ si Satana zã le tetekpɔ eve gbãtɔawo me siwo dze egɔme kple nyagbɔgblɔ “Ne Mawu ƒe vie nènye la,” fia be tetekpɔ si akplɔ emawo ɖo la anɔ tẽe be wòada le sedede gbãtɔa dzi. (2 Mose 20:2, 3) (3) Anɔ eme be Yesu gblɔ nya si nye “Te ɖa le gbɔnye, Satana!” la le tetekpɔ etɔ̃lia si nye mamlɛtɔ megbe.—Mat. 4:5, 10, 11.