Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 6

Nutsrɔ̃ŋusẽ—“Yehowa Nye Aʋakalẽtɔ”

Nutsrɔ̃ŋusẽ—“Yehowa Nye Aʋakalẽtɔ”

1-3. (a) Ŋɔdzi ka mee Israel-viwo ɖo le Egiptetɔwo si me? (b) Aleke Yehowa wɔ aʋa na eƒe amewoe?

 WOXAXA Israel-viwo ɖo—womimi wo ɖe to siwo dzɔ ka siwo manya lia o kple atsiaƒu si womate ŋu atso o dome. Egipte-ʋakɔ siwo nye amewula nublanuimakpɔlawo la kplɔ wo ɖo kple ŋkubiã heɖoe kplikpaa be yewoatsrɔ̃ wo gbidii. a Ke hã Mose de dzi ƒo na Mawu ƒe amewo be woagabu mɔkpɔkpɔ o. Ena kakaɖedzi wo be: “Yehowa ŋutɔ awɔ aʋa na mi.”—2 Mose 14:14.

2 Togbɔ be nɔnɔmea nɔ alea hã la, anye be Mose do ɣli yɔ Yehowa, eye Mawu ɖo eŋu nɛ be: “Nu ka ŋuti nèle ɣli dom nam? . . . Tsɔ wò atikplɔ la, eye nàdo wò asi ɖe atsiaƒu la dzi ne wòama ɖe eve.” (2 Mose 14:15, 16) Bu nu siwo dzɔ kplɔe ɖo ŋu kpɔ. Yehowa ɖe gbe na eƒe dɔla enumake, ale be alilikpo dodo la dzo va yi Israel-viwo megbe, ɖewohĩ ekeke ɖe enu abe gli ene va xe Egipte-ʋakɔa ŋgɔ be womate ŋu aho ɖe wo ŋu o. (2 Mose 14:19, 20; Psalmo 105:39) Mose do eƒe asi ɖa. Ya sesẽ aɖe ƒo to atsiaƒua dzi wòma ɖe eve. To mɔ aɖe nu la, tsiawo te ƒo ƒu hebla eye wòdzɔ kã abe gli ene, ale be mɔ ʋu ɖi si keke ŋutɔ be dukɔ bliboa te ŋu to edzi!—2 Mose 14:21; 15:8.

3 Ðe wòle be esi Farao kpɔ ŋusẽ ɖeɖe fia sia gbegbe teƒe la, wòaɖe gbe na eƒe asrafowo woatrɔ ayi aƒe hafi. Gake Farao dadala la ɖe gbe be woadze wo dzi. (2 Mose 14:23) Egiptetɔawo tsɔ du ge ɖe ƒubalia me kplɔ wo ɖo, gake du si wotsɔ yina hafi la va zu dɔ elabena woƒe tasiaɖamfɔwo nɔ ɖeɖem. Esi Israel-viawo nya ɖo go kemɛ dzi dedie ko la, Yehowa gblɔ na Mose be: “Do asi ɖe atsiaƒu la dzi, ne tsia natrɔ ava ahatsyɔ Egiptetɔwo, woƒe aʋatasiaɖamwo kple woƒe sɔdolawo dzi.” Tsi siwo bla abe gli ene la mu dze Farao kple eƒe aʋakɔwo dzi wotsi eme!—2 Mose 14:24-28; Psalmo 136:15.

4. (a) Ame ka ƒomevie Yehowa ɖee fia be yenye le Ƒudzĩa gbɔ? (b) Aleke ame aɖewo awɔ nui esi woyɔ Yehowa nenema?

4 Ale si woxɔ na Israel-dukɔa le Ƒudzĩa me nye nudzɔdzɔ ɖedzesi aɖe le Mawu ƒe nuwɔwɔ kple ameƒomea ƒe ŋutinya me. Yehowa ɖee fia le afi ma be yenye “aʋakalẽtɔ.” (2 Mose 15:3) Gake aleke nèse le ɖokuiwò me esi woyɔ Yehowa alea? Nyateƒe wònye be aʋawɔwɔ na amegbetɔƒomea se veve hekpe fu geɖe. Ðe wòanye be ale si Mawu zãa nutsrɔ̃ŋusẽe la nye mɔxenu be nàgbe tete ɖe eŋu le esi wòaʋã wò be nàte ɖe eŋu teƒea?

Yehowa ɖee fia le Ƒudzĩa to be yenye “aʋakalẽtɔ”

Vovototo Si Le Mawu Ƒe Aʋawɔwɔ Kple Amegbetɔwo Tɔ Dome

5, 6. (a) Nu ka tae wòsɔ be woyɔa Mawu be “aʋakɔwo ƒe Yehowa” ɖo? (b) Aleke Mawu ƒe aʋawɔwɔ to vovo na amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔ?

5 Woyɔ dzesideŋkɔ “aʋakɔwo ƒe Yehowa” na Mawu abe zi alafa eve blaade ene le Hebri Ŋɔŋlɔawo me, kple zi eve le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. (1 Samuel 1:11) Abe Dziɖulagã ene la, mawudɔlawo ƒe aʋakɔ gã aɖe le Yehowa te. (Yosua 5:13-15; 1 Fiawo 22:19) Nutsrɔ̃ŋutete si gbegbe le aʋakɔ sia si la tri akɔ ale gbegbe. (Yesaya 37:36) Amegbetɔwo tsɔtsrɔ̃ menye nu si ŋu míabu kple dzidzɔ o. Gake ele be míaɖo ŋku edzi be Mawu ƒe aʋawɔwɔwo mele abe amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔ kukluiwo ene o. Aʋafiawo kple dunyahelawo ate ŋu agblɔ be susu ɖɔʋuwoe le yewoƒe amedzidzedzewo ŋu. Gake ŋukeklẽ kple ɖokuitɔdidi megbea amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me nɔnɔ o.

6 Gake Yehowa ya mewɔa nu ɖe seselelãme nu nuwo ŋu mabumabui o. Le 5 Mose 32:4 la, Biblia gblɔ be: “Agakpe la, eƒe dɔwɔwɔ de blibo, elabena eƒe mɔwo katã dzɔ. Mawu nyateƒetɔ, ame si mewɔa nu madzɔmadzɔ gbeɖe o; dzɔdzɔetɔ kple nuteƒewɔla wònye.” Mawu ƒe Nyaa tsi tre ɖe dzikudodo ameɖokuidzimaɖumaɖui, anyrawɔwɔ, kple ŋutasesẽ ŋu. (1 Mose 49:7; Psalmo 11:5) Eya ta Yehowa mewɔa nu ne menye nane tae o. Ɣeyiɣi ʋɛ aɖewo koe wòzãa eƒe nutsrɔ̃ŋusẽ, eye ne eva glo ko hafi wòzãnɛ. Ðeko wòsɔ kple nya si wògblɔ to eƒe nyagblɔɖila Ezekiel dzi be: “Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa be, ‘Ðe ame vɔ̃ɖi ƒe ku vivia nunyea? Menye ɖe medina be wòatrɔ tso eƒe mɔwo dzi ne wòanɔ agbe boŋ oa?’”—Ezekiel 18:23.

7, 8. (a) Aleke Hiob ƒo nya ta vodadatɔe tso eƒe fukpekpewo ŋu? (b) Aleke Elihu ɖɔ Hiob ƒe nuŋububu ɖoe le nya sia ŋu? (d) Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nu si dzɔ ɖe Hiob dzi me?

7 Ke nu ka tae Yehowa zãa nutsrɔ̃ŋusẽ ɖo? Hafi míaɖo nya sia ŋu la, mina míaƒe susu nayi ame dzɔdzɔe Hiob dzi. Satana he nya nenye be Hiob—le nyateƒe me la, amegbetɔ ɖe sia ɖe—ate ŋu awɔ nuteƒe le dodokpɔ me. Yehowa ɖo gbetɔame ma ŋu esi wòɖe mɔ na Satana wòdo Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ kpɔ. Ewɔe be Hiob va dze dɔ, eƒe kesinɔnuwo dome gblẽ, eye viawo ku. (Hiob 1:1–2:8) Esi Hiob menya nya si nɔ dzɔdzɔm o ta la, eƒo nya ta vodadatɔe be Mawue nɔ to hem na ye madzemadzee. Ebia Mawu nu si ta wòɖe ‘ŋku tɔ ye’ eye wòbu ye “futɔe.”—Hiob 7:20; 13:24.

8 Ðekakpui aɖe si ŋkɔe nye Elihu va ɖe vodada si nɔ Hiob ƒe nuŋububua me fiae be: “Èka ɖe edzi tututu be wò nya dzɔ esi nèle gbɔgblɔm be, ‘Tɔnye dzɔ wu Mawu tɔa?’” (Hiob 35:2) Ɛ̃, nunya mele eme be míabu be míenya nu wu Mawu alo asusu be ewɔ nu si mesɔ o. Elihu gblɔ be: “Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!” Egblɔ emegbe be: “Ŋusẽkatãtɔ la gɔme sese gbɔ míaƒe ŋutete ŋu; eƒe ŋusẽ tri akɔ, eye eléa ʋɔnu dzɔdzɔe dɔdrɔ̃ kple dzɔdzɔenyenye blibo me ɖe asi ɣeawokatãɣi.” (Hiob 34:10; 36:22, 23; 37:23) Míate ŋu aka ɖe edzi be ne Mawu awɔ aʋa la, susu nyui aɖe tae wòawɔe ɖo. Esi míenyae alea la, mina míakpɔ susu siwo ta ŋutifafa Mawu la zua aʋawɔla ɣeaɖewoɣi dometɔ aɖewo ɖa.—1 Korintotɔwo 14:33.

Nu Si Zia Ŋutifafa Mawu La Dzi Wòwɔa Aʋa

9. Nu ka tae kɔkɔenyenye Mawu la wɔa aʋa ɖo?

9 Esi Mose kafu Mawu be enye “aʋakalẽtɔ” vɔ la, egblɔ be: “Oo Yehowa, mawu kae le abe wò ene le mawuwo dome? Ame kae le abe wò, ame si ƒe kɔkɔenyenye teƒe mekɔ o la, ene?” (2 Mose 15:11) Nya ma tɔgbie nyagblɔɖila Habakuk hã ŋlɔ be: “Wò ŋkuwo dza ale gbegbe be màte ŋu anɔ nu gbegblẽ wɔwɔ kpɔm o, eye màte ŋu anɔ vɔ̃ɖinyenye teƒe kpɔm o.” (Habakuk 1:13) Togbɔ be Yehowa nye lɔlɔ̃ Mawu hã la, eganye kɔkɔenyenye kple dzɔdzɔenyenye Mawu. Nɔnɔme siawo zia edzi ɣeaɖewoɣi be wòzãa nutsrɔ̃ŋusẽ si le esi. (Yesaya 59:15-19; Luka 18:7) Eya ta Mawu meƒoa ɖi eƒe kɔkɔenyenye ne ele aʋa wɔm o. Ke esi wòle kɔkɔe boŋ tae wòwɔa aʋa ɖo.—2 Mose 39:30.

10. Mɔ ɖeka hɔ̃ ka ko nue woato akpɔ fuléle si wogblɔ ɖi le 1 Mose 3:15 la gbɔ, eye vi kawoe wòaɖe na ameƒomea me tɔ siwo nye ame dzɔdzɔewo?

10 Bu nɔnɔme si do mo ɖa esi atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, dze aglã ɖe Mawu ŋu kpɔ. (1 Mose 3:1-6) Ne ɖe Yehowa ŋe aɖaba ƒu woƒe nu madzɔmadzɔ wɔwɔa dzi la, anye ne eklo bubu le Xexea Me Katã Ƒe Dziɖulagã si wònye ŋu. Esi wònye Mawu dzɔdzɔetɔ ta la, nɔnɔmea bia be wòatso kufia na wo. (Romatɔwo 6:23) Egblɔe ɖi le Biblia ƒe nyagblɔɖi gbãtɔ me be fuléle anɔ ye ŋutɔ ye subɔlawo kple “da,” si le tsitre ɖi na Satana, yomedzelawo dome. (Nyaɖeɖefia 12:9; 1 Mose 3:15) Mlɔeba la, Satana tsɔtsrɔ̃ ɖa koe ate ŋu akpɔ fulélenya sia gbɔ. (Romatɔwo 16:20) Gake ʋɔnudɔdrɔ̃ ma anye yayra gbogbo aɖe na ameƒomea me tɔ siwo nye ame dzɔdzɔewo, eye wòaɖe Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ɖa ahaʋu mɔ be anyigba bliboa nazu paradiso. (Mateo 19:28) Va se ɖe esime ɣeyiɣi ma naɖo la, ame siwo le Satana dzi akpɔtɔ anɔ nu gblẽm le Mawu ƒe amewo ƒe ŋutilã kple gbɔgbɔ me dedienɔnɔ ŋu. Yehowa dea nu eme ɣeaɖewoɣi.

Mawu Ðe Afɔ Be Yeaɖe Vɔ̃ɖinyenye Ða

11. Nu ka tae Mawu kpɔe be ezu dzizizi na ye be yeana tsi naɖɔ aɖe xexea me katã?

11 Noa ŋɔli me Tsiɖɔɖɔa nye ale si Mawu de nu nyaawo me ƒe kpɔɖeŋu ɖeka. Le 1 Mose 6:11, 12 la, Biblia gblɔ be: “Anyigba la gblẽ le Mawu vavã la ŋkume, eye ŋutasesẽ yɔ anyigba la dzi. Ɛ̃, Mawu kpɔ anyigba la, eye wòkpɔ be wogblẽe; amegbetɔwo katã ƒe zɔzɔme gblẽ le anyigba la dzi.” Ðe Mawu aɖe mɔ na ame vɔ̃ɖiwo be woatsi nyuiwɔwɔ sue si susɔ ɖe anyigba dzi la nu keŋkeŋua? Kura o. Yehowa kpɔe be ezu dzizizi na ye be yeana tsi naɖɔ axɔ xexea me katã ale be wòaɖe ame siwo be ŋutasesẽ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ dzi ko yewoanɔ la ɖa le anyigbaa dzi.

12. (a) Nu kae Yehowa gblɔ ɖi le Abraham ƒe “dzidzimevi” ŋu? (b) Nu ka tae woɖoe be woatsrɔ̃ Amoritɔwo?

12 Nenemae nyaa nɔ le ʋɔnu si Mawu drɔ̃ Kanaantɔwo gome. Yehowa ɖee fia be Abraham mee dzidzimevi si dzi anyigba dzi ƒomeawo katã ato akpɔ yayra la adzɔ tsoe. Le ɖekawɔwɔ me kple tameɖoɖo ma la, Mawu ɖoe be yeatsɔ Kanaan-nyigba si dzi ame siwo woyɔna be Amoritɔwo nɔ la ana Abraham ƒe dzidzimeviwo. Aleke Mawu tɔ adzɔ ne wònya ame siawo ɖa sesẽe le woƒe anyigba dzi? Yehowa gblɔe ɖi be yemanya wo o negbe ƒe siwo ade 400 va yi hafi—va se ɖe esime ‘Amoritɔwo ƒe vodadawo sɔ gbɔ na tohehe.’ b (1 Mose 12:1-3; 13:14, 15; 15:13, 16; 22:18) Esi ɣeyiɣi ma va nɔ yiyim la, gbegblẽm koe Amoritɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒaƒã la nɔ ɖe edzi. Kanaan va zu anyigba si dzi trɔ̃subɔsubɔ, ʋukɔkɔɖi kple gbɔdɔdɔnuwɔna nyɔŋuwo bɔ ɖo. (2 Mose 23:24; 34:12, 13; 4 Mose 33:52) Anyigbaa dzi nɔlawo tɔa dzo ɖeviwo tsɔ saa vɔe gɔ̃ hã. Ðe Mawu si le kɔkɔe ana eƒe amewo nava nɔ vɔ̃ɖivɔ̃ɖi sia tɔgbi teƒe kpɔma? Gbeɖe! Egblɔ be: “Anyigba la ƒo ɖi, eya ta maɖo woƒe vodada teƒe na wo, eye anyigba la atu edzinɔlawo aƒu gbe.” (3 Mose 18:21-25) Gake menye ame sia ame koe Yehowa tsrɔ̃ o. Womewɔ naneke Kanaantɔ siwo si nɔnɔme nyui nɔ, abe Rahab kple Gibeontɔwo, ene o.—Yosua 6:25; 9:3-27.

Aʋawɔwɔ Ðe Eƒe Ŋkɔ Ta

13, 14. (a) Nu ka tae wòzu dzizizi na Yehowa be wòakɔ eƒe ŋkɔ ŋu? (b) Aleke Yehowa ɖe vlodoame ɖa le eƒe ŋkɔ ŋu?

13 Esi Yehowa le kɔkɔe ta la, eƒe ŋkɔ hã le kɔkɔe. (3 Mose 22:32) Yesu fia eyomedzelawo be woado gbe ɖa be: “Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Aglã si wodze le Eden ƒo ɖi Mawu ƒe ŋkɔ; ewɔe be ɖikeke va ɖo bubu si le Mawu ŋu kple ale si wòɖua dzii ŋuti. Yehowa mate ŋu amia nu ɖe ameŋugbegblẽ kple aglãdzedze ma dzi gbeɖe o. Ezi ɖe edzi be wòaɖe vlodoame ma ɖa le eƒe ŋkɔa ŋu.—Yesaya 48:11.

14 Gabu Israel-viwo ŋu kpɔ. Zi ale si wogakpɔtɔ nye kluviwo le Egipte la, ɖeko wòadze abe ŋugbe si Mawu do na Abraham be eƒe dzidzimevi dzie anyigba dzi ƒomeawo katã ato akpɔ yayra la nye nya gbɔlo ene. Gake esi Yehowa xɔ na wo heɖo wo te wozu dukɔ la, eɖe vlododo ɖa le eƒe ŋkɔ ŋu. Eya tae nyagblɔɖila Daniel gblɔ tso eƒe Mawu ŋu le gbedodoɖa me be: “Oo Yehowa mía Mawu, wò, ame si tsɔ alɔ sesẽ kplɔ wò dukɔ tso Egipte-nyigba dzi, eye nèwɔ ŋkɔ na ɖokuiwò.”—Daniel 9:15.

15. Nu ka tae Yehowa ɖe Yudatɔwo tso aboyo me le Babilon?

15 Anyo be míanya be Daniel do gbe sia ɖa le ɣeyiɣi aɖe si me Yudatɔwo hiã Yehowa be wòagatso ake aʋli Eƒe ŋkɔ ta. Yudatɔ tosẽlawo gava nɔ aboyo me, eye Babilon ye wova nɔ ɣemaɣi. Woƒe fiadu Yerusalem zu aƒedo. Daniel nya be ne Yehowa gagbugbɔ Yudatɔwo ɖo te le wo denyigba dzi la, akɔ eƒe ŋkɔ ŋu. Eya ta Daniel do gbe ɖa be: “Oo Yehowa, tsɔe ke. Oo Yehowa, lé to ɖe eŋu, eye nàwɔe! Oo nye Mawu, mègahe ɖe megbe o le wò ŋutɔ ɖokuiwò ta, elabena wò ŋkɔe woyɔ ɖe wò du kple wò dukɔ la ŋu.”—Daniel 9:18, 19.

Aʋawɔwɔ Ðe Eƒe Amewo Ta

16. Gblɔ nu si ta ale si Yehowa dina be yeaʋli yeƒe ŋkɔ ta mefia be enye ɖokuitɔdila si metsɔa ɖeke le eme na ame o.

16 Ðe ale si Yehowa dina be yeaʋli yeƒe ŋkɔ ta fia be enye ɖokuitɔdila si metsɔa ɖeke le eme na ame oa? Ao, elabena ekpɔa eƒe amewo ta le ɖekawɔwɔ me kple eƒe kɔkɔenyenye kple eƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ. Bu Mose Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, ta 14 lia ŋu kpɔ. Míexlẽe le afi ma be fia ene aɖewo ho aʋa ale be wova lé Abraham tɔgãyɔvi Lot kple eƒe ƒomea sesẽe. Mawu kpe ɖe Abraham ŋu wòɖu aʋakɔ siwo de ŋgɔ sãsãsã wui la dzi nukutɔe! Anye aʋadziɖuɖu sia ŋuti nyae nye gbãtɔ si woŋlɔ ɖe “Yehowa ƒe Aʋawɔwɔwo ƒe agbalẽ” me, eye anɔ eme hã be enye agbalẽ si me woŋlɔ aʋawɔwɔ aɖewo siwo womeŋlɔ ɖe Biblia me o ɖo. (4 Mose 21:14) Aʋadziɖuɖu geɖe agakplɔ ema ɖo.

17. Nu kae fia be Yehowa wɔ aʋa na Israel-viwo esi woge ɖe Kanaan-nyigba dzi vɔ? Gblɔ kpɔɖeŋuwo.

17 Esi wòsusɔ vie Israel-viwo nage ɖe Kanaan-nyigba dzi la, Mose na kakaɖedzi wo be: “Yehowa mia Mawu la adze mia ŋgɔ, eye wòawɔ aʋa na mi abe ale si tututu wòwɔe le Egipte miekpɔ ene.” (5 Mose 1:30; 20:1) Tso Mose teƒenɔla Yosua dzi, kaka va to Ʋɔnudrɔ̃lawo ŋɔli kple Yuda-fia wɔnuteƒewo ƒe dziɖuɣi la, Yehowa wɔ aʋa na eƒe amewo nyateƒe, eye wòna woɖu woƒe futɔwo dzi nukutɔe.—Yosua 10:1-14; Ʋɔnudrɔ̃lawo 4:12-17; 2 Samuel 5:17-21.

18. (a) Nu ka tae míate ŋu ada akpe be Yehowa metrɔ o? (b) Nu kae adzɔ ne fuléle si ŋu nya wogblɔ le 1 Mose 3:15 ɖo eƒe yɔyrɔenu?

18 Yehowa metrɔ o, eye tame si wòɖo be yeana anyigba sia nazu paradiso hã metrɔ o. (1 Mose 1:27, 28) Mawu galé fu vɔ̃ɖinyenye kokoko. Le ɣeyiɣi ma ke me la, elɔ̃ eƒe amewo ale gbegbe eye atso axɔ na wo kpuie. (Psalmo 11:7) Le nyateƒe me la, míele mɔ kpɔm be fuléle si ŋu nya wogblɔ le 1 Mose 3:15 la aɖo tɔtrɔɣi kpata aɖe si aʋuʋu ame le ɣeyiɣi siwo le ŋgɔ gbɔna kpuie me. Be Yehowa nakɔ eƒe ŋkɔ ŋu ahaxɔ na eƒe amewo la, agazu “aʋakalẽtɔ” ake!—Zakariya 14:3; Nyaɖeɖefia 16:14, 16.

19. (a) Wɔ nu si ta Mawu ƒe nutsrɔ̃ŋusẽ zazã ate ŋu ate mí ɖe eŋu ƒe kpɔɖeŋu aɖe. (b) Dɔ kae wòle be ale si Mawu lɔ̃na faa be yeawɔ aʋa nawɔ ɖe mía dzi?

19 Bu kpɔɖeŋu aɖe ŋu kpɔ: Tsɔe be lã wɔadã aɖe va dze ŋutsu aɖe ƒe ƒome dzi eye ŋutsua tso dze lã wɔadã la dzi hewui. Ðe nàkpɔ mɔ be eƒe nuwɔna sia anya srɔ̃anyɔnua kple viawo ɖa le eŋua? Nu si nàkpɔ mɔ na boŋ enye be ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ si le eme na wo la nalé dzi na wo. Nenema ke mele be Mawu ƒe nutsrɔ̃ŋusẽ zazã nanya mí ɖa le eŋu o. Ale si wòlɔ̃na faa be yeawɔ avu akpɔ mía ta newɔe be lɔlɔ̃ si le mía me nɛ nade to ɖe edzi. Ele be bubu si míedea eƒe ŋusẽ triakɔa ŋu hã nade to ɖe edzi. Esia awɔe be míate ŋu awɔ “subɔsubɔdɔ kɔkɔe na Mawu wòadze eŋu le mawuvɔvɔ̃ kple bubu deto me.”—Hebritɔwo 12:28.

Te Ðe “Aʋakalẽtɔ” La Ŋu

20. Ne míexlẽ Biblia ƒe nuŋlɔɖi siwo ku ɖe Mawu ƒe aʋawɔwɔ ŋu eye míese nuwo gɔme bliboe o la, aleke wòle be míawɔ nui, eye nu ka tae?

20 Ele eme baa be Biblia meɖe nyametsotso siwo Yehowa wɔ le eƒe aʋawɔwɔ ɖe sia ɖe me tsitotsito o ya. Gake míate ŋu aka ɖe nu ɖeka sia dzi ɣesiaɣi be: Yehowa mezãa nutsrɔ̃ŋusẽ madzemadzee, susumanɔmee, alo tagbɔsesẽtɔe o. Zi geɖe la, ŋugbledede le Biblia me nuŋlɔɖia ƒe nya bubu siwo do ƒome kplii alo nu siwo dzɔ do ŋgɔ nɛ ŋu akpe ɖe mía ŋu be nukpɔsusu nyui nasu mía si le nyaa ŋu. (Lododowo 18:13) Ne nyatakakawo katã mesu mía si o hã la, nu bubu geɖe sɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu kple ŋugbledede le eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo ŋu akpe ɖe mía ŋu be míaɖe ɖikeke ɖe sia ɖe si ado mo ɖa la ɖa. Ne míewɔe alea la, míava kpɔe be susu geɖe li siwo ta wòle be míaka ɖe mía Mawu, Yehowa, dzi.—Hiob 34:12.

21. Togbɔ be Yehowa nyea “aʋakalẽtɔ” ɣeaɖewoɣi hã la, aleke eyama ƒe nɔnɔme le?

21 Togbɔ be Yehowa nyea “aʋakalẽtɔ” ne ebia nenema hã la, mefia be ɖe aʋawɔwɔ dzɔa dzi nɛ o. Le dziƒotasiaɖam ƒe ŋutega si Ezekiel kpɔ me la, Yehowa dze le eme abe ame si dzra ɖo be yeawɔ aʋa kple yeƒe futɔwo ene. Ke hã Ezekiel kpɔe be anyieʋɔ—si nye ŋutifafa ƒe dzesi—ye ƒo xlã Mawu. (1 Mose 9:13; Ezekiel 1:28; Nyaɖeɖefia 4:3) Eme kɔ ƒãa be ame fafa kple ŋutifafalɔ̃lae Yehowa nye. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Yehowa ƒe nɔnɔmewo katã wɔa dɔ le dadasɔ blibo me. Ekema mɔnukpɔkpɔ ka gbegbee nye esi wònye na mí be míate ŋu ate ɖe lɔlɔ̃ Mawu sẽŋu sia ŋu!

a Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be ‘tasiaɖam 600 kple sɔdola 50,000 kpakple asrafo afɔzɔla siwo ade 200,000 ye kplɔ Hebritɔawo ɖo.’—Jewish Antiquities, II, 324 [xv, 3].

b Edze ƒãa be ŋkɔ “Amoritɔwo” si dze le afi sia la lɔ Kanaantɔwo katã ɖe eme.—5 Mose 1:6-8, 19-21, 27; Yosua 24:15, 18.