Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

TA 26

Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’

Mawu Si ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’

1-3. (a) Agba kpekpe kae nɔ hakpala David dzi, eye aleke wòkpɔ akɔfafa na eƒe dzi si nɔ nu xam? (b) Ne míewɔ nu vɔ̃ la, agba kae ate ŋu ava nɔ mía dzi, gake kakaɖedzi kae Yehowa na mí?

 HAKPALA David ŋlɔ be: “Nye vodadawo kɔ gbɔ tanye; wole abe agba kpekpe si wu tsɔtsɔ nam ene. Nye lãme tu, eye megbã gudugudu.” (Psalmo 38:4, 8) David nya ale si gbegbe dzitsinya ƒe fɔbuame te ŋu doa agba kpekpe na amee. Gake ekpɔ akɔfafa na eƒe dzi si nɔ nu xam la. Enya be togbɔ be Yehowa tsri nu vɔ̃ hã, meléa fu ame si wɔ nu vɔ̃ o nenye be amea trɔ dzi me nyateƒe eye wòtrɔ le eƒe mɔ vɔ̃wo dzi ko. Esi David xɔe se bliboe be Yehowa lɔ̃na faa kpɔa nublanui na dzimetrɔlawo ta la, egblɔ be: “Oo Yehowa, . .  nèlɔ̃a tsɔtsɔke.”—Psalmo 86:5.

2 Ne míawo hã míewɔ nu vɔ̃ la, dzitsinya ƒe fɔbuame si nyea agba kpekpe la ate ŋu anɔ míawo hã dzi. Vevesese ɖe nu vɔ̃ ta alea nyo. Ate ŋu aʋã mí míawɔ afɔɖeɖe siwo hiã atsɔ aɖɔ vodadaa ɖo. Gake fɔbubu ame ɖokui ate ŋu agbɔ eme eye wòava wu tsɔtsɔ na mí. Ðewohĩ míaƒe dzi si bua fɔ mí la ana míabui ɣesiaɣi be Yehowa matsɔ ake mí keŋkeŋ akpɔ gbeɖe o, aleke kee míetrɔ dzi mee o. Ne ‘nuxaxa akpa mi mí’ alea la, Satana ate ŋu ate kpɔ be yeana míana ta ahabui be viɖe aɖeke mele mía ŋu le Yehowa ŋkume o, eye be míedze asubɔe o.—2 Korintotɔwo 2:5-11.

3 Aleae Yehowa bua míi nyateƒea? Kura o! Tsɔtsɔke nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gã ɖeɖe fia ƒe akpa aɖe. Eka ɖe edzi na mí le eƒe Nyaa me be ne míetrɔ dzi me vavã la, yelɔ̃ faa be yeatsɔ ake mí. (Lododowo 28:13) Be magawɔ na mí be Yehowa matsɔ ake mí akpɔ gbeɖe o la, mina míadzro nu si tae wòtsɔna kena kple ale si wòtsɔna kenae me.

Nu Si Ta Yehowa ‘Lɔ̃a Tsɔtsɔke’

4. Nu ka dzie Yehowa ɖoa ŋkui le míaƒe wɔwɔme ŋu, eye aleke esia kpɔa ŋusẽ ɖe ale si wòwɔa nu ɖe mía ŋui dzi?

4 Yehowa nya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo. Psalmo 103:14 gblɔ be: “Enya míaƒe wɔwɔme nyuie, eɖoa ŋui be kewɔe míenye.” Meŋlɔnɛ be be kewɔe yetsɔ wɔ míi, eye vodada alo gbɔdzɔgbɔdzɔ, siwo tso blibomademade gbɔ la le mía ŋu o. Nyagbɔgblɔ si nye “enya míaƒe wɔwɔme” ɖoa ŋku edzi na mí be Biblia tsɔ Yehowa sɔ kple zemela eye wòtsɔ míawo sɔ kple ze siwo wòmena. (Yeremiya 18:2-6) Zemela Gã la wɔa nu ɖe mía ŋu ŋuɖɔɖɔɖotɔe ɖe míaƒe nuvɔ̃menyenye ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu kpakple ɖe ale si míexɔa eƒe mɔfiame alo gbea wo xɔxɔe la nu.

5. Aleke Romatɔwo ƒe agbalẽa ƒo nu tso ŋusẽ si gbegbe nu vɔ̃ kpɔ ɖe mía dzi ŋu?

5 Yehowa se ale si gbegbe nu vɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi sẽ ŋui la gɔme. Eƒe Nyaa ƒo nu tso nu vɔ̃ ŋu be ekpɔ ŋusẽ gã wuame ɖe amegbetɔwo dzi. Aleke gbegbe nu vɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe amegbetɔwo dzii? Apostolo Paulo ɖe eme le Romatɔwo ƒe agbalẽa me be: Míele “nu vɔ̃ te,” abe ale si asrafowo nɔa woƒe gbeɖela te ene (Romatɔwo 3:9); nu vɔ̃ “ɖu” ameƒomea dzi abe fia ene (Romatɔwo 5:21); ‘ele mía me’ (Romatɔwo 7:17, 20); eƒe “se” nɔa dɔ dzi le mía me, si fia be edzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe nuwɔna dzi. (Romatɔwo 7:23, 25) Aleke gbegbe nu vɔ̃ kpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe ŋutilã madebliboa dzi sesĩe ye nye esi!—Romatɔwo 7:21, 24.

6, 7. (a) Aleke Yehowa bua ame siwo dia eƒe nublanuikpɔkpɔ tso dzi si le nu xam mee? (b) Nu ka ta mele be míabu Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ nu tsɛe o?

6 Eya ta Yehowa nya be manya wɔ be míaɖo to yeƒe gbe bliboe o, aleke kee míaƒe dzi adi be yeaɖo to yee hafi o. Eka ɖe edzi na mí lɔlɔ̃tɔe be ne míebia yeƒe nublanuikpɔkpɔ tso dzi si le nu xam me la, yeatsɔ ake mí. Psalmo 51:17 gblɔ be: “Vɔsa siwo dzea Mawu ŋue nye gbɔgbɔ si gbã; Oo Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.” Yehowa magbe dzi si fɔbuame te ɖe anyi ‘hegbãe gudugudu’ la, alo atrɔ megbe adee akpɔ gbeɖe o.

7 Gake ɖe esia fia be míabu Mawu ƒe nublanuikpɔkpɔ nu tsɛe, ahatsɔ míaƒe nuvɔ̃menyenye ado taflatsɛ ɖe míaƒe nu vɔ̃wo taa? Kura o! Yehowa menɔa te ɖe seselelãme dzro ko dzi wɔa nu o. Seɖoƒe le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋu. Matsɔ ake ame siwo sẽa dzi me ɖonɛ koŋ wɔa nu vɔ̃ eye wogbea dzimetɔtrɔ la gbeɖe o. (Hebritɔwo 10:26) Gake ne ekpɔ dzi si le nu xam ɖe nu vɔ̃ ta la, elɔ̃na faa be yeatsɔ ake. Mina míadzro nya ɖedzesi siwo tsia susu me na ame, siwo wozã le Biblia me tsɔ ƒo nu tso Yehowa ƒe lɔlɔ̃ ƒe akpa lédziname sia ŋu dometɔ aɖewo me akpɔ.

Aleke Yehowa Tsɔ Kena Keŋkeŋui?

8. Nu kae Yehowa wɔna, le kpɔɖeŋumɔ nu, ne etsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí, eye kakaɖedzi kae esia naa mí?

8 Fia David si trɔ dzi me la gblɔ be: “Meʋu nye nu vɔ̃ me na wò mlɔeba; nyemetsyɔ nu nye vodada dzi o. . . . Eye nètsɔ nye nu vɔ̃wo ŋuti fɔɖiɖi kem.” (Psalmo 32:5) Nya si gɔme woɖe be ‘tsɔ ke’ la nye Hebrigbe me nya si gɔme koŋue nye “kɔ nu ɖe dzi,” alo “kɔ agba.” Ale si wozãe le afi sia la fia be woaɖe “fɔɖiɖi, nu vɔ̃, kple vodada” ɖa. Eya ta ɖeko wòsɔ kple ale si Yehowa nakɔ David ƒe nu vɔ̃wo eye wòaɖe wo ɖa. Ðikeke mele eme o be esia ɖe fɔɖiɖi ƒe seselelãme si nɔ David me la dzi kpɔtɔ. (Psalmo 32:3) Míawo hã míate ŋu aka ɖe Mawu, ame si tsɔa ame siwo biaa woƒe nu vɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke to Yesu ƒe tafevɔsa dzixɔxɔse dzi kea wo la, dzi bliboe.—Mateo 20:28.

9. Va se ɖe afi ka kee Yehowa tea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa tso mía gbɔ senae?

9 David zã nya bubu si míate ŋu akpɔ le susu me tsɔ ƒo nu tso Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋui, be: “Ale si ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe la, nenemae wòte míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔe.” (Psalmo 103:12) Aleke gbegbe ɣedzeƒe didi tso ɣetoɖoƒe gbɔe? Le gɔmesese aɖe nu la, ɣedzeƒe nyea teƒe diditɔ kekeake ɣesiaɣi tsoa ɣetoɖoƒe gbɔ; akpa eveawo mate ŋu ado go gbeɖe o. Agbalẽnyala aɖe gblɔ be nyagbɔgblɔ sia fia “va se ɖe adzɔge ʋĩi ke; va se ɖe didiƒe ʋĩtɔ kekeake si ate ŋu ava susu me na ame.” David ƒe nya siawo siwo tso gbɔgbɔ me le eɖem fia be ne Yehowa tsɔ ke la, etea míaƒe nu vɔ̃wo ɖa tso mía gbɔ va se ɖe didiƒe ʋĩtɔ kekeake si ate ŋu ava susu me na mí.

‘Miaƒe nu vɔ̃wo afu abe sno ene’

10. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, nu ka ta mele be míabui be nu vɔ̃ mawo gakpɔtɔ ɖe ɖe mía ŋu le míaƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me o?

10 Ète kpɔ be yeaɖe ɖi aɖe si ɖe ɖe awu ɣi me kpɔa? Ðewohĩ togbɔ be nèwɔ ɖe sia ɖe si nàte ŋui hã, nu si ɖe ɖe eme la gbe ɖeɖe. De dzesi nya si Yehowa gblɔ le ŋutete si le esi be wòatsɔ ake ŋu le afi sia: “Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene; ne wobiã abe nyagadzĩ ene hã la, woazu abe alẽfu ene.” (Yesaya 1:18) Nya si gɔme woɖe le afi sia be “biã helĩhelĩ” la fia nu si ƒe amadede biã hẽe. a Eye nya si gɔme woɖe be “nyagadzĩ” hã fia amadede si biã dzĩe ale gbegbe, si wotsɔ dea ama awuwoe. (Nahum 2:3) Míate ŋu ato mía ŋutɔwo míaƒe agbagbadzedzewo me aɖe nu vɔ̃ si ɖe ɖe mía ŋu la ɖa akpɔ gbeɖe o. Gake Yehowa ate ŋu ana nu vɔ̃ siwo biã hẽ abe nyagadzĩ ene la nafu tititi abe sno alo ɖetifu si womede amae o ene. Ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, mele be míabui be nu vɔ̃ mawo gakpɔtɔ ɖe ɖe mía ŋu le míaƒe agbemeŋkeke mamlɛawo me o.

11. Gɔmesese ka nue Yehowa tsɔa míaƒe nu vɔ̃wo ƒua gbe ɖe emegbe le?

11 Le akpedaha wɔdɔɖeamedzi aɖe si Hizkiya kpa esi wove enu wòhaya tso kuba dzi vɔ megbe me la, egblɔ na Yehowa be: “Ètsɔ nye nu vɔ̃wo katã ƒu gbe ɖe megbewò.” (Yesaya 38:17) Wogblɔ le Yehowa ŋu le afi sia be etsɔ nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me ƒe nu vɔ̃ ƒu gbe ɖe Emegbe eye Megakpɔa wo loo alo naa eƒe ŋku ganɔa wo ŋu o. Numeɖegbalẽ aɖe gblɔ be woate ŋu agblɔ susu si dze le afi sia ale: “Nèwɔ [nye nu vɔ̃wo] abe ɖe womedzɔ kura o ene.” Ðe esia mede dzi ƒo ŋutɔ oa?

12. Aleke nyagblɔɖila Mika ɖee fiae be ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke la, eɖea wo ɖa tegbee?

12 Nyagblɔɖila Mika ɖe ale si wòka ɖe edzi be Yehowa atsɔ eƒe ame siwo trɔ dzi me ƒe nu vɔ̃wo ake woe la gblɔ esi wònɔ nu ƒom tso gbugbɔgaɖɔɖo ŋuti ŋugbedodo aɖe ŋu be: “Mawu kae le abe wò ene, . . . mèléa ŋku ɖe wò domenyinu mamlɛa ƒe dzidada ŋu o? . . . Àtsɔ woƒe nu vɔ̃wo katã aƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloeƒe.” (Mika 7:18, 19) Bu nu si nya mawo fia na ame siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ŋu kpɔ. Ðe mɔ aɖe li si dzi woato agaɖe nane si ‘wotsɔ ƒu gbe ɖe atsiaƒu ƒe gogloƒe’ akea? Kura o; eya ta Mika ƒe nyawo le fiafiam be ne Yehowa tsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke la, eɖea wo ɖa tegbee.

13. Nu kae Yesu ƒe nya siwo nye “tsɔ míaƒe fewo ke mí” la fia?

13 Yesu zã ale si fetɔwo kple fenyilawo dome nɔna tsɔ wɔ ale si Yehowa tsɔ kenae ƒe kpɔɖeŋu. Yesu de dzi ƒo na mí be míado gbe ɖa be: “Tsɔ míaƒe fewo ke mí.” (Mateo 6:12) Eya ta Yesu tsɔ nu vɔ̃wo sɔ kple fenyinyi. (Luka 11:4) Ne míewɔ nu vɔ̃ la, ɖeko wòle abe ‘míenyi fe le’ Yehowa ŋu ene. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘tsɔ ke’ ate ŋu afia be: “Woadzudzɔ felilĩ, woaɖe asi le eŋu, eye womagabiae ake o.” Le gɔmesese aɖe nu la, ne Yehowa tsɔ nu vɔ̃ ke la, etea fli ɖe fe si wòate ŋu abu na mí míaxe hafi la me. Esia ate ŋu afa akɔ na nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me ŋutɔ. Yehowa mabia be woaxe fe si me wòte fli ɖo gbeɖe o!—Psalmo 32:1, 2.

14. Nu kae vaa susu me na mí le nyagbɔgblɔ “woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa” ŋu?

14 Wogaƒo nu le Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu yi ŋgɔe le Dɔwɔwɔwo 3:19 be: “Eya ta mitrɔ dzi me, eye migbugbɔ, ne woatutu miaƒe nu vɔ̃wo ɖa.” Nyagbɔgblɔ “woatutu” nye ale si woɖe Helagbe me dɔwɔnya aɖe si ate ŋu afia be “woatutu nu ɖa, . . . woate fli ɖe nu me alo woagblẽ nu dome” la gɔmee. Agbalẽnyala aɖewo gblɔ be susu si dze le emee nye be woatutu asinuŋɔŋlɔ ɖa. Aleke esia anya wɔe? Nuŋlɔtsi si wolɔ̃a zazã wu le blemaɣeyiɣiwo mee nye dzɔble alo aka, aŋe si woɖe tso atimitsi me, si wotsaka kple tsi. Ne ame aɖe tsɔ nuŋlɔtsi sia ŋlɔ nu vɔ teti la, ate ŋu atsɔ akutsa si wode tsi me atutu nuŋɔŋlɔa ɖa. Esia ɖe ale si Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ le la fia nyuie wònya se. Ne etsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ke mí la, ɖeko wònɔna abe ɖe wòtsɔ akutsa tutu wo ɖa ene.

15. Nu kae Yehowa di be míanya tso ye ŋu?

15 Ne míede ŋugble le nya vovovo siawo siwo tsia susu me na ame ŋu la, ɖe eme mekɔ ƒãa be Yehowa di be míanya be yelɔ̃ faa be yeatsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí zi ale si yekpɔ be míetrɔ dzi me vavã ko oa? Mele be míavɔ̃ be abu fɔ mí ɖe nu vɔ̃ mawo ta emegbe o. Esia dze le nu bubu aɖe si Biblia ɖe fia ku ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ gã la ŋu me: Ne etsɔ ke la, eŋlɔnɛ be.

Yehowa di be míanya be ‘yelɔ̃a tsɔtsɔke’

“Nyemagaɖo Ŋku Woƒe Nu Vɔ̃wo Dzi Azɔ O”

16, 17. Esi Biblia gblɔ be Yehowa ŋlɔa míaƒe nu vɔ̃wo be la, nu ka fiamee wòle, eye nu ka ta nèɖo eŋu nenema?

16 Yehowa do ŋugbe le ame siwo le nubabla yeyea me ŋu be: “Matsɔ woƒe vodada ake, eye nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o.” (Yeremiya 31:34) Ðe wòfia be ne Yehowa tsɔ nu vɔ̃ ke la, megate ŋu ɖoa ŋku edzi oa? Menye nenemae kura o. Biblia ƒo nu tso ame geɖe siwo ƒe nu vɔ̃wo Yehowa tsɔ ke wo ŋu, eye David hã le eme. (2 Samuel 11:1-17; 12:13) Edze ƒãa be vodada siwo wowɔ la gale nyanya na Yehowa. Wodzra nuŋlɔɖi si ku ɖe woƒe nu vɔ̃wo, kple woƒe dzimetɔtrɔ kpakple Mawu ƒe tsɔtsɔke ŋu ɖo ɖi ɖe mía ta. (Romatɔwo 15:4) Ekema nu kae Biblia wɔnɛ esi wògblɔ be Yehowa ‘megaɖoa ŋku’ ame siwo wòtsɔ kena ƒe nu vɔ̃wo dzi o?

17 Hebrigbe me dɔwɔnya si gɔme woɖe be ‘woaɖo ŋku nu dzi’ la fia nu si yi ŋgɔ wu ŋkuɖoɖo nu si dzɔ va yi dzi ko. Theological Wordbook of the Old Testament gblɔ be “egafia afɔɖeɖe si sɔ wɔwɔ.” Eya ta le gɔmesese sia nu la, be ‘woaɖo ŋku nu vɔ̃ dzi’ fia be woaɖe afɔ ɖe nu vɔ̃ wɔla ŋu. (Hosea 9:9) Gake esi Mawu gblɔ be “nyemagaɖo ŋku woƒe nu vɔ̃wo dzi azɔ o” la, ele kakaɖedzi nam mí be ne yenya tsɔ ke nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me ko la, yemawɔ nu ɖe eŋu ɖe nu vɔ̃ mawo ta le etsɔme o. (Ezekiel 18:21, 22) Eya ta Yehowa ŋlɔna be le gɔmesese sia nu be megahea míaƒe nu vɔ̃wo ɖe go enuenu be yeatsɔ atso mía nu alo ahe to na mí edziedzi o. Ðe mefaa akɔ na mí ŋutɔ be míanya be mía Mawu la tsɔa vodadawo kena faa eye wòŋlɔa wo be oa?

Ke Wo Me Tsonuawo Ðe?

18. Nu ka tae tsɔtsɔke mefia be woakpɔ nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la ta tso nu gbegblẽ si wòwɔ me tsonuwo katã me o?

18 Ðe ale si Yehowa tsɔ kena faa fia be eɖea nu vɔ̃ wɔla si trɔ dzi me la tsoa nu siwo katã ado tso nu gbegblẽ si wòwɔ me la mea? Kura o. Míate ŋu awɔ nu vɔ̃ agbe eƒe tohehe xɔxɔ o. Paulo ŋlɔ be: “Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Míaƒe nuwɔnawo ate ŋu ahe kuxi aɖewo ava mía dzi. Mefia be ne Yehowa tsɔ ke mí vɔ la, egahea fukpekpe aɖewo vaa mía dzi o. Ne kuxiwo do mo ɖa la, mele be Kristotɔ nabu be, ‘Ðewohĩ Yehowae le to hem nam ɖe nye tsã nu vɔ̃wo ta’ o. (Yakobo 1:13) Gake Yehowa maɖe mí atso nu siwo míaƒe nu gbegblẽ wɔwɔ he vɛ la katã me o. Srɔ̃gbegbe, gbɔmeyafufɔfɔ, nulɔdɔxɔxɔ, kakaɖedzi alo bubukloleameŋu—nu siawo katã ate ŋu anye nu vɔ̃ me tsonu wɔnublanui siwo nu míate ŋu asi le o. Ðo ŋku edzi be togbɔ be Yehowa tsɔ David ƒe nu vɔ̃ siwo wòwɔ ɖe Bat-Seba kple Uriya ŋu kee hã la, mekpɔ David ta tso afɔku gã siwo kplɔe ɖo me o.—2 Samuel 12:9-12.

19-21. (a) Aleke se si woŋlɔ ɖe 3 Mose 6:1-7 ɖe vi na ame si dzi wodze agɔ le kple agɔdzelaa siaae? (b) Ne nu vɔ̃ si míewɔ gblẽ nu le ame bubuwo ŋu la, nu kae wòdzɔa dzi na Yehowa be míawɔ?

19 Nu bubuwo agate ŋu ado tso míaƒe nu vɔ̃wo me, vevietɔ ne míaƒe nuwɔnaa gblẽ nu le ame bubuwo hã ŋu. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nuŋlɔɖi si le 3 Mose, ta 6 ŋu kpɔ. Le afi sia la, Mose ƒe Sea ƒo nu tso nudzɔdzɔ si me ame aɖe ada vo gã aɖe si nye be wòxɔ nɔvia Israel-vi ƒe nuwo to adzodada, akpasesẽnuxɔxɔ, alo ametafatafa me ŋu. Emegbe nu vɔ̃ wɔla la gbe be yemeɖi fɔ o, eye wòdo dzi ka aʋatso ta nu ɖe edzi gɔ̃ hã. Enye ame ɖeka ƒe nya tsɔtsɔ ɖe nɔvia ŋu si dzi nɔvia melɔ̃ ɖo o. Gake vodalaa ƒe dzitsinya va ɖe fu nɛ emegbe eye wòʋu eƒe nu vɔ̃ me. Hafi Mawu natsɔ akee la, ele be wòagawɔ nu etɔ̃ bubu akpee: aɖo nu siwo wòtsɔ la teƒe, axe nua ƒe home ƒe akpa 20 le alafa me alo akpa atɔ̃lia akpee na ame si wòda adzoe, eye wòana agbo woatsɔ asa fɔɖivɔe. Azɔ sea gblɔ be: “Nunɔla la nalé avu ɖe eta le Yehowa ŋkume, eye woatsɔ nu sia nu si wòwɔ heɖi fɔ la akee.”—3 Mose 6:1-7.

20 Se sia nye nublanuikpɔkpɔ ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ. Eɖe vi na ame si dzi wodze agɔ le, ame si ƒe nunɔamesiwo wotrɔ vɛ, si ɖikeke mele eme o be ana eƒe dzi nadze eme esi me vodalaa va lɔ̃ ɖe eƒe nu vɔ̃ dzi mlɔeba. Le ɣeyiɣi ma ke me la, sea ɖe vi na ame si ƒe dzitsinya ʋãe emegbe wòlɔ̃ ɖe edzi be yeɖi fɔ eye wòɖɔ nu gbegblẽ si wòwɔ ɖo. Le nyateƒe me la, ne ɖe wògbe esia wɔwɔ la, makpɔ tsɔtsɔke aɖeke tso Mawu gbɔ o.

21 Togbɔ be míegale Mose ƒe Sea te o hã la, Se ma na míesea ale si Yehowa bua nuwo ŋui, kple ale si wòbua tsɔtsɔkee gɔme nyuie wu. (Kolosetɔwo 2:13, 14) Ne míaƒe nu vɔ̃wo gblẽ nu le ame bubuwo ŋu la, edzea Mawu ŋu ne míewɔ nu si míate ŋui tsɔ ɖɔ nu gbegblẽa ɖoe. (Mateo 5:23, 24) Esia abia be míalɔ̃ ɖe nu vɔ̃ si míewɔ dzi, míalɔ̃ be míeɖi fɔ, eye míaɖe kuku na ame si dzi míedze agɔ le gɔ̃ hã. Ekema míate ŋu anɔ te ɖe Yesu ƒe vɔsaa dzi aɖe kuku na Yehowa ale be míakpɔ dzidzeme si tsoa dzitsinya dzadzɛ ƒe ame si nɔnɔ me kple kakaɖedzi be Mawu tsɔe ke mí.—Hebritɔwo 10:21, 22.

22. Tohehe kae ate ŋu akpe ɖe Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu?

22 Ðewohĩ Yehowa atsɔ tohehe aɖe akpe ɖe tsɔtsɔke si wòana mí ŋu, abe ale si dzila lɔ̃ame ɖe sia ɖe awɔ ene. (Lododowo 3:11, 12) Ðewohĩ ahiã be Kristotɔ si trɔ dzi me naɖe asi le subɔsubɔmɔnukpɔkpɔ si le esi abe hamemetsitsi, subɔsubɔdɔwɔla, alo mɔɖela ene ŋu. Ate ŋu avee ŋutɔ be mɔnukpɔkpɔ siwo xɔ asi na ye la nage le ye si va de asi na ɣeyiɣi aɖe. Gake tohehe ma mefia be Yehowa metsɔe kee o. Ele be míaɖo ŋku edzi be ɖe tohehe si tso Yehowa gbɔ ɖoa kpe edzi be elɔ̃ mí boŋ. Exɔxɔ kple eŋudɔwɔwɔ aɖe vi nyuitɔ kekeake na mí.—Hebritɔwo 12:5-11.

23. Nu ka ta mele be míabui akpɔ be Yehowa makpɔ nublanui na mí gbeɖe o, eye nu ka ta wòle be míasrɔ̃ eƒe tsɔtsɔke?

23 Aleke gbegbe wòfaa akɔ na míi ye nye esi be míanya be mía Mawu la nye ame si ‘lɔ̃a tsɔtsɔke’! Eɖanye vodada kawoe míewɔ o, ne míetrɔ dzi me vavã la, mele be wòawɔ na mí gbeɖe be Yehowa makpɔ nublanui na mí o. Ne míetrɔ dzi me ŋutɔŋutɔ, míeɖɔ nuwɔna gbegblẽa ɖo, eye míenɔ te ɖe Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi dzi do gbe ɖa vevie bia tsɔtsɔke la, míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be Yehowa atsɔ ake mí. (1 Yohanes 1:9) Mina míasrɔ̃ eƒe tsɔtsɔke le míaƒe nuwɔwɔ ɖe mía nɔewo ŋu me. Ne èbu eŋu kpɔ la, ne Yehowa, ame si mewɔa nu vɔ̃ o, ate ŋu atsɔ míaƒe nu vɔ̃wo ake mí lɔlɔ̃tɔe alea la, ɖe mele be mí amegbetɔ nuvɔ̃mewo míawɔ nu sia nu si míate ŋui atsɔ ake mía nɔewo faa oa?

a Agbalẽnyala aɖe gblɔ be amadede si biã abe nyagadzĩ ene “nye amadede si ɖena ɖe nu me, alo tsia eme tegbee. Eɖanye zãmu, tsidzadza, alo nunyanya o, ɖeke mate ŋu aɖee ɖa o.”