Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 3

“Dzi Nyanu Le Esi”

“Dzi Nyanu Le Esi”

Nu xɔasi siwo nàte ŋu adi dometɔ ɖekae nye nunya vavãtɔ. Yehowa ɖeka gbɔ koe wòtsona. Le akpa sia la, míava kpɔ ale si gbegbe Yehowa Mawu, ame si ŋu nuteƒewɔla Hiob gblɔ le be “dzi nyanu le esi” la, ƒe nunya me goglo eye wòkeke tae la adze sii nyuie wu.—Hiob 9:4.

LE AKPA SIA

TA 17

‘Oo, Mawu Ƒe Nunya Me Goglo Loo!’

Nu ka tae Mawu ƒe nunya ƒo eƒe sidzedze, nugɔmesese kple ŋutete si le esi be wòakpɔ nuwo adze si la ta?

TA 18

Nunya Si Le “Mawu Ƒe Nya” La Me

Nu ka tae Mawu to amegbetɔwo dzi ŋlɔ eƒe nyawo ɖe agbalẽ me, eye nu ka tae menye nu sia nu ŋue woŋlɔ nu tsoe tsitotsito o?

TA 19

“Mawu Ƒe Nunya Si Woɖe Fia Le Nya Ɣaɣla Kɔkɔe Me”

Nya ɣaɣla kɔkɔe kae Mawu ɖe ɖe go vivivi?

TA 20

“Dzi Nyanu Le Esi”—Ke Hã Ebɔbɔa Eɖokui

Aleke wòanya wɔe be xexea katã ƒe Aƒetɔ Dziɖulagã nabɔbɔ eɖokui?

TA 21

Yesu Ðe ‘Nunya si Tso Mawu Gbɔ’ Fia

Yesu ƒe nufiafiawo wɔ dɔ ɖe amewo dzi ale gbegbe be edzɔ gbe ɖeka be esi wodɔ asrafo aɖewo be woavae lée la, ɖeko wotrɔ gbɔ va asi gbɔlo!

TA 22

Ðe Nèzãa “Nunya Si Tso Dziƒo” Le Wò Agbenɔnɔ Mea?

Biblia ƒo nu tso nu vevi 4 siwo akpe ɖe mía ŋu mawumenunya nasu mía si ŋu.