Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 2

Dzimaɖitsitsi—“Womimi Mí Ðo Le Go Sia Go Me”

Dzimaɖitsitsi—“Womimi Mí Ðo Le Go Sia Go Me”

Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye June gblɔ be: “Nye kple srɔ̃nye míegbe mía nɔewo le míaƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe 25 megbe. Vinye etɔ̃awo katã do le nyateƒea me. Dɔléle sesẽ geɖewo hã va dze dzinye. Ðeko meva lé blanui. Mekpɔe be nu sia nu tɔtɔ le nye agbe me, eye mese le ɖokuinye me be wɔna vɔ le ŋunye. Mlɔeba la, meva dzudzɔ kpekpeawo kple gbeadzi dede kura.”

DZIMAÐITSITSI ɖea fu na ame sia ame—Mawu subɔlawo meto le eme o. Hakpalaa ŋlɔ be, “metsi dzodzodzoe akpa,” si fia be etsi dzimaɖi vevie. (Psalmo 94:19) Yesu hã gblɔ be le ŋkeke mamlɛawo me la, “agbemedzimaɖitsitsiwo” ate ŋu ana Yehowa subɔsubɔ manɔ bɔbɔe kura o. (Luka 21:34) Aleke wòle le gowòme? Ðe nèkpɔe be ganyawo ƒe sesẽ, ƒomekuxiwo, alo lãmesẽkuxiwo na agba wu tsɔtsɔ na wòa? Alekee Yehowa ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe wo nu?

“Ŋusẽ Si Gbɔ Dzɔdzɔmetɔ Ŋu”

Míate ŋu anɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nu le mía ɖokui si o. Apostolo Paulo gblɔ be: “Womimi mí ɖo le go sia go me, . . . míetɔtɔ, . . . woxlã mí ɖe anyi.” Gake egblɔ kpee hã be, “Menye ale gbegbe be míedo kpo ʋaʋã o, . . . menye be míenya nu si míawɔ kura o,” eye be “wometsrɔ̃ mí o.” Nu kae kpena ɖe mía ŋu míedoa dzi? “Ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu,” si tsoa Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la gbɔ ye.—2 Korintotɔwo 4:7-9.

De ŋugble tso ale si nèxɔ “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” le ɣeyiɣi siwo va yi me ŋu kpɔ. Èɖo ŋku ale si nuƒo ʋãme aɖe na wò ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋu gade to ɖe edzi la dzia? Ðe ale si nèka ɖe Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi me mesẽna ɖe edzi esime nèfiaa nu amewo tso Paradiso mɔnukpɔkpɔa ŋu oa? Ne míedea Kristotɔwo ƒe kpekpewo eye míefiaa nu ame bubuwo tso míaƒe xɔse ŋu la, edoa ŋusẽ mí míenɔa te ɖe agbemedzimaɖitsitsiwo nu, eye míetsɔa dzidzɔ kple dzidzeme subɔa Yehowae.

“Miɖɔe Kpɔ, Eye Miakpɔe Be Yehowa Nyo”

Ele eme be ɖewohĩ àse le ɖokuiwò me be nu gbogbo aɖewo do agba ɖe ye dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa bia tso mía si be míanɔ Fiaɖuƒea dim gbã ahalé gbɔgbɔmeɖoɖo nyui me ɖe asi. (Mateo 6:33; Luka 13:24) Ke ne yometiti, lãmesẽkuxiwo, alo ƒomekuxiwo na nu ti kɔ na wò ɖe? Alo ne wò dɔwɔɖuia le ŋusẽ kple ɣeyiɣi siwo nàzã ɖe hamea ŋu xɔm le asiwò ɖe? Nyateƒee, agba awu tsɔtsɔ na wò ne nu gbogbo aɖewo li kɔ ɖe dziwò gake ɣeyiɣi kple ŋusẽ vi aɖe koe le asiwò nàtsɔ awɔ woe. Ðewohĩ ànɔ ɖokuiwò biam be ɖe Yehowa mele nu geɖe akpa dim tso ye si o hã.

Yehowa sea nu gɔme na ame. Mebiaa nu siwo míate awɔ o la tsoa mía si o. Enyae hã be ne dzimaɖitsitsi wɔe be ɖeɖi te mía ŋu eye nu te ɖe mía dzi la, axɔ ɣeyiɣi hafi nuwo naɖɔ ɖo.—Psalmo 103:13, 14.

Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble tso ale si Yehowa kpe ɖe nyagblɔɖila Eliya ŋu la ŋu kpɔ. Esi vɔvɔ̃ ɖo Eliya eye dzi ɖe le eƒo wòsi yi gbedzi la, ɖe Yehowa ka ŋkume nɛ heɖe gbe nɛ be wòatrɔ ayi eƒe nyagblɔɖidɔa dzia? Kura o. Ke boŋ Yehowa dɔ mawudɔla aɖe ɖa zi eve sɔŋ wòva nyɔ Eliya le alɔ̃ me blewu hetsɔ nuɖuɖu nɛ wòɖu. Gake ŋkeke 40 sɔŋ le ema megbe hã la, Eliya gatsi dzimaɖi henɔ vɔvɔ̃m kokoko. Nu bubu kawoe Yehowa gawɔ tsɔ kpe ɖe eŋu? Gbã, Yehowa ɖee fiae be ŋusẽ le ye si yeatsɔ akpɔ eta. Evelia, Yehowa tsɔ “gbe bɔbɔe aɖe [si] ɖi blewu” fa akɔ nɛ. Mlɔeba, Yehowa na wònya be ame akpe geɖewo li siwo hã gakpɔtɔ le Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Eteƒe medidi o, Eliya gadze eƒe nyagblɔɖidɔa gɔme kple dzo. (1 Fiawo 19:1-19) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Esi agbemedzimaɖitsitsiwo wu tsɔtsɔ na Eliya la, Yehowa wɔ nu ɖe eŋu le dzigbɔɖi kple dɔmetɔtrɔ me. Yehowa metrɔ o. Etsɔa ɖe le eme na míawo hã le mɔ ma ke nu.

Ne èle ŋugble dem tso ale si nàgadze Mawu subɔsubɔ gɔmee ŋu la, mègadi nu geɖe fũu akpa tso ɖokuiwò si o. Mègatsɔ nu siwo nàte ŋu awɔ egbea la sɔ kple nu siwo nète ŋu wɔna tsã o. Míawɔ eƒe kpɔɖeŋu ale: Ne duƒula si dzudzɔ duƒuƒu hena ɣleti alo ƒe geɖe di be yeagadze duƒuƒu gɔme la, magate ŋu aƒui enumake abe tsã ene o. Ke hã, ne eɖo taɖodzinu suesuesue aɖewo tsɔ le hehe nam eɖokui vivivi la, agate ŋu ava ƒu dua abe tsã ene. Kristotɔwo le abe duƒulawo ene. Wonaa hehe wo ɖokuiwo be yewoaɖo taɖodzinu aɖe gbɔ. (1 Korintotɔwo 9:24-27) Ðe manyo be nàɖo gbɔgbɔmetaɖodzinu si gbɔ ɖoɖo anɔ bɔbɔe na wò fifia oa? Le kpɔɖeŋu me, àte ŋu aɖo taɖodzinu be yeade hamea ƒe kpekpe aɖe. Do gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàɖo taɖodzinu ma gbɔ. Ne ŋusẽ gate ŋuwò ɖoɖo le gbɔgbɔ me la, ‘àɖɔe kpɔ, eye àkpɔe be Yehowa nyo’ vavã. (Psalmo 34:8) Mègaŋlɔ be gbeɖe o be, Yehowa dea asixɔxɔ nu suetɔ kekeake si nàwɔ atsɔ aɖee afia be yelɔ̃e la ŋu.—Luka 21:1-4.

Yehowa mele nu geɖe akpa dim tso mía si o

“Dzideƒo Si Menɔ Mɔ Kpɔm Na”

Aleke Yehowa kpe ɖe Nɔvinyɔnu June ŋu wòtrɔ gbɔe? Egblɔ be: “Meyi edzi nɔ gbe dom ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye. Emegbe lɔ̃xoyɔvinye ƒo nu nam tso takpekpe aɖe si woawɔ le du si me mele la ŋu. Meɖoe be made takpekpea ƒe ŋkeke ɖeka ko. Dzidzɔ ka gbegbee nye esi mekpɔ esi megatrɔ va Yehowa ƒe amewo dome! Takpekpe ma nam dzideƒo si menɔ mɔ kpɔm na. Fifia, megale Yehowa subɔm kple dzidzɔ ake. Taɖodzinu vavã gava le nye agbe ŋu azɔ. Meva se egɔme fifia wu tsã be ehiã be manɔ nɔviwo dome be woakpe ɖe ŋunye manɔ te ɖe dzimaɖitsitsiwo nu. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be mɔnukpɔkpɔ su asinye megatrɔ gbɔ.”