Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 3

Ne Ame Aɖe Wɔ Nu Wògbã Dzi Na Wò—‘Ne Nya Aɖe Le Mía Si Ðe Ame Aɖe Ŋu’

Ne Ame Aɖe Wɔ Nu Wògbã Dzi Na Wò—‘Ne Nya Aɖe Le Mía Si Ðe Ame Aɖe Ŋu’

Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Linda gblɔ be: “Nɔvinyɔnu aɖe si le míaƒe hamea me la tso nunye vodadatɔe be mefi yeƒe ga. Hamea me tɔ aɖewo se nyaa; wo dometɔ aɖewo wɔ ɖeka kplii, eye bubuwo hã de dzinye. Nɔvinyɔnua va gblɔ nam mlɔeba be nya siwo yeva se emegbe ɖo kpe edzi be menye nyee fi gaa o. Togbɔ be eɖe kuku nam hã la, mese le ɖokuinye me be nyemate ŋu atsɔ nu si wòwɔ ɖe ŋunye la akee gbeɖe o.”

ÐE HAXƆSETƆ aɖe ƒe nuwɔna gbã dzi na wò vevie kpɔ abe ale si wòdzɔ ɖe Linda dzi enea? Nublanuitɔe la, ame aɖewo ɖe mɔ ame bubuwo ƒe nuwɔna ɖe fu na wo ale gbegbe be esia gblẽ nu le woƒe Mawu subɔsubɔ ŋu. Nenemae wòle le gowòmea?

Ðe Ame Aɖe Ate Ŋu “Ama Mí Ða Tso Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” Gbɔa?

Le nyateƒe me la, ate ŋu asesẽ na mí be míatsɔ nu si hati Kristotɔ aɖe wɔ ɖe mía ŋu la akee. Míenya be ele be Kristotɔwo nalɔ̃ wo nɔewo. (Yohanes 13:34, 35) Eya ta ne hati Kristotɔ aɖe dze agɔ le mía dzi la, vevesese kple nuxaxa si wòado na mí la ate ŋu awu gbɔgblɔ.—Psalmo 55:12.

Ele eme be Biblia na míenya be ɣeaɖewoɣi la, nya aɖe ate ŋu anɔ Kristotɔ aɖe si “ɖe nɔvia ŋu.” (Kolosetɔwo 3:13) Gake ne edzɔ ɖe mía ŋutɔ dzi nenema la, tenɔnɔ ɖe enu menɔa bɔbɔe na mí kura o. Ðe nane li si ate ŋu akpe ɖe mía ŋua? Na míadzro Biblia ƒe gɔmeɖose etɔ̃ aɖewo me kpɔ:

Nu sia nu le nyanya na mía Fofo si le dziƒo. Yehowa kpɔa nu sia nu si dzɔna ɖe mía dzi—nu madzɔmadzɔ siwo wowɔna ɖe mía ŋu kple vevesese si wòdona na mí hã le eme. (Hebritɔwo 4:13) Ne míele veve sem la, eya hã sea veve ɖe mía nu. (Yesaya 63:9) Meɖea mɔ gbeɖe be “fukpekpe loo alo xaxa,” alo nu bubu aɖeke—eɖanye esubɔla bubu aɖe kura gɔ̃ hã—nama “mí ɖa tso Mawu ƒe lɔlɔ̃” la gbɔ o. (Romatɔwo 8:35, 38, 39) Ðe esia meʋã mí be míawo hã míagaɖe mɔ be naneke alo ame aɖeke nana míadzudzɔ Yehowa subɔsubɔ oa?

Ne míetsɔ ke la, mefia be míeda asi ɖe nu gbegblẽ si wowɔ ɖe mía ŋu dzi o. Ne míetsɔ vo si amewo da ɖe mía ŋu ke wo la, mefia be nu si wowɔ ɖe mía ŋu dzɔ dzi na mí, míeda asi ɖe edzi, alo be menye ŋkubiãnya o. Ðo ŋku edzi be Yehowa medaa asi ɖe nu vɔ̃ dzi o, gake etsɔna kena ne susu aɖe li si ta wòatsɔ ake ɖo. (Psalmo 103:12, 13; Habakuk 1:13) Esi Yehowa de dzi ƒo na mí be míatsɔ amewo ƒe vodada ake wo la, ɖe wòdi be míasrɔ̃ ye tae. “Meléa dziku ɖe dɔme ɖikaa o.”—Psalmo 103:9; Mateo 6:14.

Ne míeɖe asi le dziku ŋu la, aɖe vi na míawo ŋutɔwo. Le mɔ ka nu? Bu kpɔɖeŋu sia ŋu kpɔ. Tsɔe be ekɔ kpe aɖe si mele kpekpem fũu o la ɖe asi hedo abɔ ɖe yame vie. Menye nu sesẽ aɖeke kura na wò be nàlé kpe ma ɖe asi vie o. Ke ne edzɔ be wò abɔ nanɔ yame hena ɣeyiɣi aɖe ɖe? Ɣeyiɣi didi kae nàte ŋu alée ɖe asi—miniti ʋɛ aɖewoa? gaƒoƒo ɖekaa? alo esi wu ema? Ðikeke mele eme o be abɔ aku wò vevie! Ele eme be kpea ƒe kpekpeme ŋutɔŋutɔ ya matrɔ o. Gake zi ale si nèyi edzi lée ɖe asi la, zi nenemae wòana ɖeɖi nate ŋuwò. Nenema kee dzikuléle ɖe dɔ me hã le. Zi ale si míeyi edzi lé dziku ɖe dɔ me, nenye dziku sue aɖe kura gɔ̃ hã la, zi nenemae wòanɔ nu gblẽm le mía ŋu. Esia tae mewɔ nuku o be Yehowa de dzi ƒo na mí be míaƒo asa na dzikuléle ɖe dɔ me. Nyateƒeae nye be, ne míeɖe asi le dziku ŋu la, mía ŋutɔ dzi ko wòade.— Lododowo 11:17.

Ne míeɖe asi le dziku ŋu la, aɖe vi na míawo ŋutɔwo

“Ðeko Mese Le Ðokuinye Me Abe Yehowa Ŋutɔe Le Nu Ƒom Nam Ene”

Nu kae kpe ɖe Linda ŋu be melé nɔvia haxɔsetɔa ɖe dɔ me ɖikaa ɖe nu si wòwɔ ɖe eŋu ta o? Nu siwo kpe ɖe eŋu dometɔ ɖekae nye ŋugbledede tso ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso susu siwo ta wòle be míatsɔ ake ɖo ŋu. (Psalmo 130:3, 4) Enyanya be ne míetsɔ ame bubuwo ƒe vodada ke wo ko hafi Yehowa hã atsɔ ake mí koŋue ʋã Linda wòlɔ̃ faa be yeatsɔ ake. (Efesotɔwo 4:32–5:2) Egblɔ tso ale si nya mawo wɔ dɔ ɖe edzii ŋu be: “Ðeko mese le ɖokuinye me abe Yehowa ŋutɔe le nu ƒom nam ene.”

Mlɔebaa, Linda va ɖe asi le dziku si wòdo la ŋu kura. Etsɔ nu si nɔvinyɔnua wɔ ɖe eŋu la kee, eye fifia wozu xɔlɔ̃ veviwo. Linda yi edzi subɔ Yehowa, meɖe mɔ naneke do kplamatsɛe o. Kakaɖedzi nènɔ asiwò be Yehowa di be yeakpe ɖe wò hã ŋuwò nàwɔ nenema ke.