Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 4

Dzitsinya Ƒe Fɔbuame—‘Klɔ Ŋunye Tso Nye Nu Vɔ̃ Me’

Dzitsinya Ƒe Fɔbuame—‘Klɔ Ŋunye Tso Nye Nu Vɔ̃ Me’

Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Martha gblɔ be: “Mekpɔ dɔ yeye si na be nu va de míaƒe ƒomea dzi; ke hã, esia na meva ƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna geɖe siwo mesɔ o me. Meva dze ŋkekenyuiwo ɖuɖu, nɔ gome kpɔm le dunyahehe nuwɔnawo me, eye mede sɔleme gɔ̃ hã. Meva dzudzɔ hadede kple Yehowa Ðasefowo hena ƒe 40 sɔŋ. Zi ale si ɣeyiɣiawo va nɔ yiyim la, zi nenemae meva nɔ sesem le ɖokuinye me be Yehowa matsɔ nye nu vɔ̃wo akem gbeɖe o, eye be nyemate ŋu atsɔe ake ɖokuinye gɔ̃ hã o. Elabena menya nyateƒea nyuie hafi tiae be maƒo ɖokuinye ɖe nuwɔna gbegblẽwo me.”

DZITSINYA ƒe fɔbuame ate ŋu anye agba kpekpe anɔ ame dzi. Fia David gblɔ be: “Nye vodadawo kɔ gbɔ tanye; wole abe agba kpekpe si wu tsɔtsɔ nam ene.” (Psalmo 38:4) Kristotɔ aɖewo léa blanui vevie le esi wose le wo ɖokui me be Yehowa mate ŋu atsɔ yewoƒe vodadawo ake yewo o ta. (2 Korintotɔwo 2:7) Ðe nuŋububu alea sɔa? Nenye be èwɔ nu vɔ̃ gãwo gɔ̃ hã la, ɖe esia fia be evɔ na wòe nye ema, Yehowa matsɔe ake wò akpɔ gbeɖe oa? Ao, Yehowa ate ŋu atsɔe ake wò.

“Miva Ne Míakpɔ Mía Dome Nyawo Gbɔ”

Yehowa megbea nu le nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me gbɔ o. Le nyateƒe me la, emiãa asi wo be woatrɔ ava ye gbɔ! Le vi nudomegblẽla ƒe kpɔɖeŋu si Yesu wɔ me la, etsɔ Yehowa sɔ kple vifofo lɔ̃ame aɖe si ƒe viŋutsu gblẽ ƒomea ɖi hedzo yi ɖale agbe baɖa nɔm. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, viŋutsua tso nya me be yeatrɔ agbɔ va aƒe. “Esi wòle mɔ dzi ʋĩi gbɔna la, fofoa kpɔe, eye eƒe nu wɔ nublanui nɛ, ale wòƒu du yi ɖawɔ atuu nɛ hegbugbɔ nu nɛ lɔlɔ̃tɔe.” (Luka 15:11-20) Ðe wò hã nèdi be yeatrɔ ava Yehowa gbɔ, gake nèkpɔe be yekpɔtɔ le ‘adzɔge ʋĩi’ tso egbɔa? Abe vifofo si le Yesu ƒe kpɔɖeŋua me ene la, Yehowa ƒe dɔme trɔ ɖe ŋuwò. Edi vevie be yeagaxɔ wò atuu.

Ke ne èsena le ɖokuiwò be nu vɔ̃ siwo yewɔ la lolo alo sɔ gbɔ akpa be Yehowa natsɔe ake ye ɖe? Ke míeɖe kuku, de ŋugble tso Yehowa ƒe amekpekpe si le Yesaya 1:18 la ŋu kpɔ: “Yehowa be: ‘Miva ne míakpɔ mía dome nyawo gbɔ. Ne miaƒe nu vɔ̃wo biã helĩhelĩ hã la, woafu abe sno ene.’” Ɛ̃, ne míaƒe nu vɔ̃wo ɖe ɖe mía ŋu abe amadede hɛ̃ aɖee ɖe ɖe awu ɣi me hegbe ɖeɖe ene hã la, Yehowa be yeate ŋu atsɔe ake mí.

Yehowa medi be wò dzitsinya nàyi edzi anɔ fɔ bum wò o. Ke nu kae nàwɔ be Mawu ƒe tsɔtsɔke naɖe vi na wò ale be nàkpɔ gbɔdzɔe, eye dzitsinya dzadzɛ nasu asiwò? De ŋugble tso afɔ eve siwo Fia David ɖe ŋu kpɔ. Gbã, egblɔ be: “Maʋu nye dzidadawo me na Yehowa.” (Psalmo 32:5) Ðo ŋku edzi be Yehowa kpe wò xoxo be nàte ɖe ye ŋu le gbedodoɖa me ne ‘yewoakpɔ ye kpli wò dome nyawo gbɔ.’ Wɔ ɖe amekpekpe ma dzi. Ʋu wò nu vɔ̃wo me na Yehowa eye nàgblɔ wò dzimenyawo nɛ. Nu siwo teƒe David ŋutɔ kpɔ na wògblɔ be: “[Klɔ] ŋunye tso nye nu vɔ̃ me. . . . Oo Mawu, màdo vlo dzi si gbã hetugu la o.”—Psalmo 51:2, 17.

Evelia, David xɔ kpekpeɖeŋu tso Mawu teƒenɔla si nye nyagblɔɖila Natan gbɔ. (2 Samuel 12:13) Egbea hã, Yehowa ɖo hamemetsitsiwo le hameawo me, ame siwo xɔ hehe nyuie be woakpe ɖe nu vɔ̃ wɔla trɔdzimewo ŋu be ƒomedodo nyui nagava nɔ wo kple Yehowa dome. Ne ète ɖe hamemetsitsiwo ŋu la, woato Ŋɔŋlɔawo kple gbedodoɖa dzi afa dzi na wò, akpe ɖe ŋuwò be wò dzitsinya nadzudzɔ fɔbubu wò eye nàhaya nyuie le gbɔgbɔ me.—Yakobo 5:14-16.

Yehowa di be dzitsinya dzadzɛ nasu asiwò

“Dzidzɔtɔe Nye Ame Si Ƒe Dzidada Wotsɔ Ke”

Míenya be ɖewohĩ manɔ bɔbɔe na wò kura be nàʋu wò nu vɔ̃wo me na Yehowa Mawu ahate ɖe hamemetsitsiwo ŋu be woakpe ɖe ye ŋu o. Nenema tututue David hã anya se le eɖokui me. Emia nu ɖe eƒe nu vɔ̃wo dzi hena ɣeyiɣi aɖe. (Psalmo 32:3) Gake eva kpɔe emegbe be aɖe vi na ye wu ne yeʋu yeƒe nu vɔ̃wo me hewɔ ɖɔɖɔɖo siwo hiã.

Esi David wɔ esia la, eva le dzidzɔ kpɔm azɔ, eye emae nye viɖe gãtɔ si wòkpɔ. Eŋlɔ emegbe be: “Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe dzidada wotsɔ ke, ame si ƒe nu vɔ̃ wotsɔ ke.” (Psalmo 32:1, etenuŋɔŋlɔ) Edo gbe ɖa hã be: “Oo Yehowa, ʋu nu nam, ne nye nu naɖe gbeƒã wò kafukafu.” (Psalmo 51:15) Gbɔdzɔe si David kpɔ tso dzitsinya ƒe fɔbuame me, kple ale si Mawu ƒe tsɔtsɔke ɖe vi nɛ la ʋãe wòɖe gbeƒã na amewo tso Yehowa ŋu.

Yehowa di be dzitsinya dzadzɛ nasu wò hã asiwò. Edi be nàƒo nu tso ye kple yeƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo, gake menye kple dzitsinya si anɔ fɔ bum wò o, ke boŋ kple dzidzɔ si tso dzi dzadzɛ me. (Psalmo 65:1-4) Ðo ŋku eƒe amekpekpe si nye be nàna “woatutu [wò] nu vɔ̃wo ɖa, ale be [nàkpɔ] dzidzemeɣiwo tso Yehowa ŋutɔ gbɔ” la dzi.—Dɔwɔwɔwo 3:19.

Nu ma tututue dzɔ le Martha gome. Egblɔ be: “Vinyeŋutsu yi edzi nɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo ɖom ɖem. Vivivi la, meva di be magasubɔ Yehowa ake. Nu si sesẽ nam wu le afɔ siwo maɖe be magatrɔ agbɔ mee nye be mabia nu vɔ̃ siwo gbegbe mewɔ ƒe tsɔtsɔke. Gake mlɔeba la, mete ɖe Mawu ŋu le gbedodoɖa me hebiae be wòatsɔ nye nu vɔ̃wo akem. Ewɔ nuku nam ŋutɔ be ƒe 40 sɔŋ va yi hafi metrɔ va Yehowa gbɔ. Ale si wòdzɔ le gonyeme la nye kpeɖodzi be ne ame aɖe dzudzɔ Yehowa subɔsubɔ ƒe geɖe hã la, mɔnukpɔkpɔ ate ŋu asu esi wòagava nɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la me ake.”