Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 5

Mitrɔ Va “Miaƒe Luʋɔ Ƒe Kplɔla Kple Dzikpɔla La Gbɔ”

Mitrɔ Va “Miaƒe Luʋɔ Ƒe Kplɔla Kple Dzikpɔla La Gbɔ”

Ðe kuxi siwo me míedzro le agbalẽ gbadza sia me dometɔ aɖewo sɔ kple tɔwòa? Ne nenemae la, ke nyae be menye wò ɖeka koe o. Mawu subɔla wɔnuteƒe siwo nɔ anyi le blema kple egbea siaa dometɔ geɖe to kuxi siawo ƒomevi me. Ale si ko Yehowa kpe ɖe wo ŋu wonɔ te ɖe kuxi mawo nui la, nenema kee wòakpe ɖe wò hã ŋuwò.

Yehowa axɔ wò alɔ eve ne ètrɔ va egbɔ

KAKAÐEDZI nènɔ asiwò be Yehowa axɔ wò alɔ eve ne ètrɔ va egbɔ. Akpe ɖe ŋuwò nànɔ te ɖe agbemedzimaɖitsitsiwo nu, àkpɔ akɔfafa tso nu siwo gbã dzi na wò me, eye àkpɔ dzidzeme si tsoa dzitsinya dzadzɛ tsɔtsɔ subɔ Mawui me. Ekema àgasu te asubɔ Yehowa kple hati tadedeagula bubuwo ake. Ðeko wò nɔnɔmea asɔ kple Kristotɔ siwo Petro ŋlɔ nya siawo na le ƒe alafa gbãtɔ me la tɔ be: “Mienɔ abe alẽ siwo tra mɔ ene, ke azɔ mietrɔ va miaƒe luʋɔ ƒe kplɔla kple dzikpɔla la gbɔ.”—1 Petro 2:25.

Tɔtrɔ va Yehowa gbɔe nye nu nyuitɔ kekeake si nàwɔ. Nu ka tae? Ana nàdo dzidzɔ na Yehowa ƒe dzi. (Lododowo 27:11) Abe ale si nènyae ene la, seselelãme le Yehowa si, eye míaƒe nuwɔnawo ate ŋu ado dzidzɔ nɛ loo alo ado vevesese nɛ. Enye nyateƒe be Yehowa mezia mía dzi be míalɔ̃ ye alo asubɔ ye o. (5 Mose 30:19, 20) Biblia ŋuti nunyala aɖe ɖe eme ale: “Ame aɖeke mate ŋu aʋu wò dzi me na wò o. Ke boŋ wò ŋutɔe aʋui.” Ne míesubɔ Yehowa kple lɔlɔ̃ si tso dzi blibo me la, ke efia be míetiae be míaʋu míaƒe dzi mee nye ema. Ne míewɔe nenema la, ke míena nu xɔasi aɖe Yehowa, si nye míaƒe nuteƒewɔwɔ nɛ, eye esia ado dzidzɔ na eƒe dzi ŋutɔ. Nyateƒee, naneke meli si míatsɔ asɔ kple dzidzɔ si míakpɔ ne míetsɔ tadedeagu si Yehowa dze na la nɛ o.—Dɔwɔwɔwo 20:35; Nyaɖeɖefia 4:11.

Azɔ hã, hadede kple Kristo hamea ake ana nàkpɔ wò gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ. (Mateo 5:3) Le mɔ ka nu? Amewo biana le xexea me godoo be: “Nu ka wɔgee míeva le agbe sia me?” Wodi vevie be yewoanya tameɖoɖo si le agbe ŋu. Didi ma le amegbetɔwo me, elabena Yehowa ŋutɔe dee mía me esi wòwɔ mí. Ðe Yehowa wɔ mí be míakpɔ dzidzɔ le ye subɔsubɔ me. Dzidzɔ gã aɖe ŋutɔe wòanye na mí ne míenya be míele Yehowa subɔm le esi míelɔ̃e ta.—Psalmo 63:1-5.

Míeɖe kuku, nyae be Yehowa di be nàgatrɔ ava ye gbɔ. Aleke nàwɔ aka ɖe nya sia dzi? Bu eŋu kpɔ lo: Míedo gbe ɖa vevie hafi trɔ asi le agbalẽ gbadza sia ŋu. Ðewohĩ Kristotɔ hamemetsitsi aɖe loo alo haxɔsetɔ bubu aɖee tsɔe vɛ na wò. Esia ʋã wò be nàxlẽe ahawɔ ɖe nu siwo woŋlɔ ɖe eme dzi. Esiawo katã le kpe ɖom edzi be Yehowa meŋlɔ wò be o. Ke boŋ ele hewòm blewu va eɖokui gbɔ.—Yohanes 6:44.

Efaa akɔ na mí ŋutɔ be míanya be Yehowa meŋlɔa esubɔla siwo bu la be o. Nu ma tututue nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Donna va de dzesi. Egblɔ be: “Vivivi la, meva tra ɖa le nyateƒea me, gake menɔa ŋugble dem le Psalmo 139:23, 24 ŋu ɣesiaɣi, afi si gblɔ be: ‘Oo Mawu, dzro menye ne nàdze si nye dzi. Dzro menye, ne nàkpɔ ale si metsi dzodzodzoe le susu mee ɖa. Ne nàkpɔe ɖa be mɔ vɔ̃ɖi aɖe le menye hã, ne nàkplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi.’ Menya be menye xexea mee wòle be manɔ o—afi ma medzem kura o—Yehowa ƒe habɔbɔa mee nye teƒe si wòle be manɔ. Meva kpɔe be Yehowa meŋlɔm be o; mɔ si dzi mato atrɔ va egbɔ koe hiã. Edzɔ dzi nam ŋutɔ be metrɔ va egbɔ!”

“Meva kpɔe be Yehowa meŋlɔm be o; mɔ si dzi mato atrɔ va egbɔ koe hiã”

Míele gbe dom ɖa vevie be wòava eme na wò hã be nàgakpɔ ‘dzidzɔ si tsoa Yehowa gbɔ’ ake. (Nehemiya 8:10) Mave wò akpɔ gbeɖe ne ètrɔ va Yehowa gbɔ o.