Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Lɛta Si Tso Dɔdzikpɔha La Gbɔ

Míaƒe haxɔsetɔ lɔlɔ̃tɔ:

Abe ale si nènyae ene la, Biblia ƒe akpa gãtɔ ƒo nu tso amewo ŋu. Ame siawo dometɔ geɖe nye ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla siwo do go kuxi siwo ɖi esiwo me tom míele. Woƒe “seselelãmewo sɔ kple mía tɔwo.” (Yakobo 5:17) Xaxawo kple dzimaɖitsitsi ɖe fu na wo dometɔ aɖewo. Ƒometɔwo kple hati tadeagulawo ƒe nuwɔnawo gbã dzi na bubuwo hã vevie. Eye ɖewo hã ƒe dzitsinya wɔ fu wo le woƒe vodadawo ta.

Ðe kuxi siawo wɔe be blematɔ mawo trɔ megbe de Yehowa? Ao. Wo dometɔ geɖe nɔ ko abe hakpalaa ene, ame si do gbe ɖa be: “Metra mɔ abe alẽ búbu ene. Di wò subɔla, elabena nyemeŋlɔ wò sededewo be o.” (Psalmo 119:176) Ðe wò hã nèsena le ɖokuiwò me nenema?

Yehowa meŋlɔa esubɔla siwo tra mɔ tso alẽkpɔa me la be gbeɖe o. Ke boŋ edina be yeakpe ɖe wo ŋu woatrɔ ava ye gbɔ; zi geɖe la, ewɔa esia to hati tadeagulawo dzi. De ŋugble tso ale si Yehowa kpe ɖe esubɔla Hiob, ame si to nɔnɔme sesẽ geɖewo, abe gakuxiwo, eƒe ame veviwo ƒe ku, kple lãmesẽkuxi sesẽwo ene me ŋu kpɔ. Ame siwo wòle be woafa akɔ nɛ boŋue va tsɔ woƒe nyawo gbã dzi nɛ. Ke hã, metrɔ megbe de Yehowa o; togbɔ be eƒe nuŋububu mesɔ ɣeaɖewoɣi o hã. (Hiob 1:22; 2:10) Alekee Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wòɖɔ eƒe susu ɖo?

Mɔ siwo dzi Yehowa to kpe ɖe Hiob ŋu dometɔ ɖekae nye to haxɔsetɔ si ŋkɔe nye Elihu dzi. Elihu ɖo to nyuie se Hiob ƒe nyawo, eye esia ʋãe be wòaƒo nu. Nya kawoe wòagblɔ? Ðe wòahe nya ɖe Hiob ŋu alo ahe eƒe susu yi eƒe vodadawo dzi be ŋu nakpee wòatrɔ dzimea? Ðe wòabu eɖokui amedzɔdzɔe wu Hiob-a? Kura o! Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Elihu wògblɔ be: “Ðeko mele abe wò ene le Mawu vavã la ŋkume; nye hã tsue wotsɔ mèm.” Azɔ ena kakaɖedzi Hiob be: “Mègana nye ŋɔdzi nalé wò o, eye nye nyawo megawu tsɔtsɔ na wò o.” (Hiob 33:6, 7) Elihu metsɔ eƒe nyawo gbã dzi na Hiob o, ke boŋ eɖo aɖaŋu nɛ hede dzi ƒo nɛ lɔlɔ̃tɔe.

Míedi be míana nànya be taɖodzinu ma kee le míawo hã si esi míeta agbalẽ gbadza sia. Gbã la, míelé ŋku ɖe nu siwo na ame aɖewo dzudzɔ hadede kple hamea ŋu, eye míeɖo to se woƒe nyawo nyuie. (Lododowo 18:13) Emegbe míetrɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo ŋu hedzro ale si Yehowa kpe ɖe esubɔlawo ŋu le blema esi woɖo nɔnɔme siawo tɔgbi me la me nyuie. Mlɔeba la, míenɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo me nudzɔdzɔ mawo kple egbegbe tɔwo dzi ta agbalẽ gbadza sia. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàdzro agbalẽ gbadza sia me nyuie. Kakaɖedzi nènɔ asiwò be míelɔ̃ wò vevie.

Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔdzikpɔha