Ʋɔnudrɔ̃lawo 1:1-36

  • Yuda kple Simeon ƒe aʋadziɖuɖu (1-20)

  • Yebusitɔwo gakpɔtɔ nɔ Yerusalem (21)

  • Yosef xɔ Betel (22-26)

  • Womenya Kanaantɔwo ɖa keŋkeŋ o (27-36)

1  Le Yosua ƒe ku+ megbe la, Israel-viwo bia gbe Yehowa be:+ “Mía dometɔ kae aho aɖawɔ aʋa kple Kanaantɔwo?” 2  Yehowa ɖo eŋu be: “Yuda neho yi.+ Kpɔ ɖa, metsɔ anyigba la le asi dem nɛ.”* 3  Eye Yuda gblɔ na nɔvia Simeon be: “Va kplɔm yi anyigba si wotsɔ nam la dzi+ míaɖawɔ aʋa kple Kanaantɔwo. Emegbe nye hã makplɔ wò ayi anyigba si wotsɔ na wò la dzi.” Ale Simeon yi kplii. 4  Esi Yuda ho yi la, Yehowa tsɔ Kanaantɔwo kple Perizitɔwo de asi na wo,+ eye wowu ame akpe ewo le Bezek. 5  Wokpɔ Adoni-Bezek le Bezek, wowɔ aʋa kplii le afi ma, eye woɖu Kanaantɔwo+ kple Perizitɔwo+ dzi. 6  Esi Adoni-Bezek si yina la, woti eyome ɖalée, eye wolã eƒe asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo. 7  Eye Adoni-Bezek gblɔ be: “Fia blaadre siwo wolã asidegblefetsuwo kple afɔdegblefetsuwo na la fɔa nuɖuɖu le nye kplɔ̃ te. Ale si tututu mewɔ la, eya teƒe Mawu ɖo nam.” Emegbe wokplɔe yi Yerusalem,+ eye wòku ɖe afi ma. 8  Azɔ Yuda ŋutsuwo wɔ aʋa kple Yerusalem+ eye woxɔe; wosii kple yi eye wotɔ dzo dua. 9  Emegbe Yuda ŋutsuwo ho yi ɖawɔ aʋa kple Kanaantɔ siwo le tonuto la me kple esiwo le Negeb* kpakple esiwo le Sefela.*+ 10  Ale Yuda ho ɖe Kanaantɔ siwo nɔ Hebron la ŋu (tsã la, woyɔa Hebron be Kiriat-Arba), eye woɖu Sesai, Ahiman kple Talmai dzi.+ 11  Eye woho tso afi ma ɖe Debirtɔwo ŋu.+ (Tsã la, woyɔa Debir be Kiriat-Sefer.)+ 12  Eye Kaleb+ gblɔ be: “Ame si asi Kiriat-Sefer eye wòaxɔe la, matsɔ vinyenyɔnu Aksa nɛ wòaɖe.”+ 13  Eye Otniel,+ Kaleb ƒe tsɛ Kenaz+ ƒe vi xɔe. Ale wòtsɔ vianyɔnu Aksa nɛ wòɖe. 14  Eye esi nyɔnua kple srɔ̃a yina aƒe me la, nyɔnua ƒoe ɖe srɔ̃a nu be yeabia agble ye fofo. Eye nyɔnu la ɖi le eƒe tedzi dzi.* Eye Kaleb biae be: “Nu ka dim nèle?” 15  Eɖo eŋu nɛ be: “Meɖe kuku yram, elabena èna anyigbam le anyiehe;* tsɔ Gulot-Mayim* hã nam.” Ale Kaleb tsɔ Dzigbe Gulot kple Anyigbe Gulot nɛ. 16  Eye Mose to,+ Kenitɔ+ la, ƒe dzidzimeviwo ʋu tso devedu+ la me kpe ɖe Yudatɔwo ŋu yi Yuda gbedzi, le Arad+ ƒe anyiehe. Eye woyi afi ma ɖanɔ dukɔ la dome.+ 17  Ke Yuda kple nɔvia Simeon yi ɖadze Kanaantɔ siwo le Zefat la dzi hetsrɔ̃ dua gbidigbidi.+ Eya ta wona ŋkɔ du la be Horma.*+ 18  Emegbe Yuda xɔ Gaza+ kple eƒe anyigba, Askelon+ kple eƒe anyigba, kpakple Ekron+ kple eƒe anyigba. 19  Eye Yehowa nɔ kple Yuda, ale be wòxɔ tonuto la, gake mete ŋu nya ame siwo le gbadzaƒe* la ɖa o, elabena aʋatasiaɖam siwo ƒe afɔtiwo ŋu lãnuwo le* la le wo si.+ 20  Wotsɔ Hebron na Kaleb, abe ale si tututu Mose do ŋugbee+ ene, eye wònya Anak viŋutsu etɔ̃awo ɖa le afi ma.+ 21  Ke Benyamin viwo menya Yebusitɔ siwo nɔ Yerusalem la ɖa o, ale wɔ Yebusitɔwo le Benyamin viwo dome le Yerusalem va se ɖe egbe.+ 22  Yosef ƒe aƒe+ la ho ɖe Betel ŋu, eye Yehowa nɔ kpli wo.+ 23  Yosef ƒe aƒe la nɔ ŋku tsam le Betel (tsã la, woyɔa du la be Luz),+ 24  eye ŋkutsalaawo kpɔ ŋutsu aɖe do tso dua me. Eye wogblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, fia mɔ si míato age ɖe dua me la mí, ekema míave nuwò.” 25  Eya ta ŋutsua fia mɔ si woato age ɖe dua me la wo; eye woyi ɖasi du la kple yi, ke woɖe asi le ŋutsua kple eƒe ƒomea me tɔwo katã ŋu.+ 26  Ŋutsua dzo yi Hititɔwo ƒe anyigba dzi eye wòtso du hena ŋkɔe be Luz, esiae nye du la ŋkɔ va se ɖe egbe. 27  Manase mexɔ Bet-Sean kple eŋu duwo, Taanak+ kple eŋu duwo, Dortɔwo kple woƒe duwo, Yibleamtɔwo kple woƒe duwo, kpakple Megidotɔwo kple woƒe duwo o.+ Kanaantɔwo do dzi nɔ anyigba sia dzi kpiŋ. 28  Esi ŋusẽ va ɖo Israel ŋu la, wona Kanaantɔwo wɔ dzizizidɔ na wo,+ negbe ɖeko womenya wo ɖa keŋkeŋ o.+ 29  Efrayim hã menya Kanaantɔ siwo le Gezer la ɖa o. Kanaantɔwo tsi wo dome le Gezer.+ 30  Zebulon menya Kitrontɔwo kple Nahaloltɔwo+ ɖa o. Kanaantɔwo tsi wo dome, gake Zebulon na wowɔ dzizizidɔ na wo.+ 31  Aser menya ame siwo le Ako, Sidon,+ Ahlab, Akzib,+ Helba, Afik+ kple Rehob+ la ɖa o. 32  Ale wɔ Aser viwo nɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigbaa dzi la dome, elabena Aser menya wo ɖa o. 33  Naftali menya ame siwo le Bet-Semes kple Bet-Anat+ ɖa o, ke boŋ wonɔ Kanaantɔ siwo nɔ anyigbaa dzi la dome.+ Bet-Semestɔwo kple Bet-Anattɔwo zu dzizizidɔwɔlawo na wo. 34  Amoritɔwo na Dan viwo tsi tonuto la me, eye womeɖe mɔ na wo be woava gbadzaƒe la o.*+ 35  Eya ta Amoritɔwo ɖoe kplikpaa nɔ Heres To la dzi kple Aiyalon+ kpakple Saalbim.+ Gake esi ŋusẽ ɖo Yosef ƒe aƒe la ŋu* la, wozi wo dzi wowɔ dɔ sesẽ na wo. 36  Amoritɔwo ƒe anyigba tso Akrabim-todzimɔ+ la gbɔ kple Sela hemlo ɖo ta dzi.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “metsɔ anyigba la de asi nɛ.”
Alo, “Anyiehe.”
Alo, “bali me.”
Agate ŋu afia, “nyɔnu la ƒo asikpe esime wònɔ tedzi la dzi.”
Alo, “Negeb.”
Egɔmee nye, “Tsiʋewo.”
Egɔmee nye, “Tsɔtsrɔ̃ Gbidii.”
Alo, “bali me.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “gatasiaɖamwo.”
Alo, “bali la me o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “esi Yosef ƒe aƒe la ƒe asi kpe.”