Ʋɔnudrɔ̃lawo 10:1-18

  • Ʋɔnudrɔ̃la Tola kple Yair (1-5)

  • Israel dze aglã eye wòtrɔ dzi me (6-16)

  • Amonitɔwo do ŋɔdzi na Israel (17, 18)

10  Le Abimelek megbe la, Tola, Pua vi, Dodo vi, ame si tso Isakar-to la me, do be yeaxɔ na Israel.+ Enɔ Samir le Efrayim tonuto la me.  Edrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaeve vɔ etɔ̃. Emegbe Tola ku, eye woɖii ɖe Samir.  Eya megbe Gileadtɔ Yair do, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu na Israel ƒe blaeve vɔ eve.  Viŋutsu blaetɔ̃ nɔ esi, wodoa tedzi blaetɔ̃, eye du blaetɔ̃ nɔ wo si, woyɔa du siawo be Havot-Yair+ va se ɖe egbe; wole Gilead-nyigba dzi.  Emegbe Yair ku, eye woɖii ɖe Kamon.  Israel-viwo gawɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume,+ eye wosubɔ Baalwo,+ Astoretwo, Aram* mawuwo, Sidon mawuwo, Moab mawuwo,+ Amonitɔwo ƒe mawuwo+ kple Filistitɔwo ƒe mawuwo.+ Ale wogblẽ Yehowa ɖi, eye womesubɔe o.  Eya ta Yehowa ƒe dɔmedzoe bi ɖe Israel ŋu, ale be wòtsɔ wo dzra na Filistitɔwo kple Amonitɔwo.+  Ale wosẽ ŋuta le Israel-viwo ŋu hete wo ɖe anyi vevie le ƒe ma me—wote Israel-vi siwo katã le Yordan ƒe go kemɛ dzi le Amoritɔwo ƒe anyigba si le Gilead la dzi ɖe anyi ƒe wuienyi sɔŋ.  Amonitɔwo tsoa Yordan-tɔsisia hã va wɔa aʋa kple Yuda, Benyamin kple Efrayim ƒe aƒe la; eye Israel ɖo xaxa gã aɖe me. 10  Eye Israel-viwo yɔ Yehowa be wòaxɔ na yewo+ hegblɔ be: “Míewɔ nu vɔ̃ ɖe ŋuwò, elabena míegblẽ mía Mawu la ɖi hesubɔ Baalwo.”+ 11  Ke Yehowa gblɔ na Israel-viwo be: “Ðe nyemeɖe mi tso Egiptetɔwo,+ Amoritɔwo,+ Amonitɔwo, Filistitɔwo,+ 12  Sidontɔwo, Amalektɔwo kple Midiantɔwo si me esime wote mi ɖe anyi oa? Esi miedo ɣli yɔm la, meɖe mi tso wo si me. 13  Ke miegblẽm ɖi hesubɔ mawu bubuwo.+ Esia tae nyemagaɖe mi azɔ o.+ 14  Miyi ɖayɔ mawu siwo mietia la ne woakpe ɖe mia ŋu.+ Woneɖe mi le miaƒe xaxaɣi.”+ 15  Ke Israel-viwo gblɔ na Yehowa be: “Míewɔ nu vɔ̃. Wɔ mí ale si dze ŋuwò. Gake míeɖe kuku, ɖe mí egbe sia.” 16  Eye woɖe dutamawuwo ɖa le wo dome hesubɔ Yehowa,+ ale be megate ŋu do dzi tsɔ* Israel-viwo ƒe fukpekpewo o.+ 17  Emegbe la, Amonitɔwo+ kpe ta, eye wova ƒu asaɖa anyi ɖe Gilead. Eya ta Israel-viwo hã ƒo ƒu heva ƒu asaɖa anyi ɖe Mizpa. 18  Eye Gileadtɔwo kple woƒe amegãwo gblɔ na wo nɔewo be: “Ame kae adze ŋgɔ akpe aʋa kple Amonitɔwo?+ Eyae azu tatɔ ɖe Gileadtɔwo katã nu.”

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Siria.”
Alo, “ale be eƒe luʋɔ tsi dzimaɖi le.”