Ʋɔnudrɔ̃lawo 18:1-31

  • Dan viwo di anyigba (1-31)

    • Woxɔ Mika ƒe legbawo heɖe aboyo eƒe nunɔla (14-20)

    • Woxɔ Lais eye wona ŋkɔe be Dan (27-29)

    • Legba subɔsubɔ le Dan (30, 31)

18  Le ŋkeke mawo me la, fia aɖeke menɔ Israel o.+ Ɣemaɣi la, Dan viwo+ ƒe to la le anyigba dim, ne woanɔ edzi; elabena va se ɖe ɣemaɣi la, womexɔ domenyinu le Israel-toawo dome o.+ 2  Dan viwo dɔ woƒe ƒomea me tɔ atɔ̃, siwo nye ŋutsu kalẽtɔwo tso Zora kple Estaol,+ be woayi aɖatsa le anyigba la dzi ahatsa ŋku le edzi. Eye wogblɔ na wo be: “Miheyi ɖatsa le anyigba la dzi.” Esi wova ɖo Mika+ ƒe me le Efrayim tonutoa me la, wotsi afi ma dɔ. 3  Esi wogogo Mika ƒe aƒea la, wodze si ɖekakpui Lewitɔ la ƒe gbe, eya ta woyi egbɔ ɖabiae be: “Ame kae kplɔ wò va afi sia? Nu ka wɔm nèle le teƒe sia? Nu kae na nèva tsi afi sia?” 4  Eɖo eŋu na wo be: “Ale kple ale Mika wɔ nam, eye wòxɔm be manye nunɔla na ye.”+ 5  Eye wogblɔ nɛ be: “Míeɖe kuku, bia gbe Mawu kpɔ be mɔ si dzi míele la adze edzi hã.” 6  Eye nunɔla la gblɔ na wo be: “Miheyi le ŋutifafa me. Yehowa li kpli mi le miaƒe mɔzɔzɔ la me.” 7  Ale ŋutsu atɔ̃awo yi mɔzɔzɔa dzi va ɖo Lais.+ Wokpɔ ale si dua me nɔlawo le wo ɖokui si, abe ale si ko Sidontɔwo le ene. Wole tomefafa me heɖe dzi ɖi,+ eye dziɖula ŋutasẽla aɖeke meva ɖe fu na wo le anyigba la dzi kpɔ o. Wo gbɔ didi tso Sidontɔwo gbɔ, eye kadodo mele wo kple dukɔ bubu aɖeke dome o. 8  Esi wotrɔ va wo nɔviwo gbɔ le Zora kple Estaol+ la, wo nɔviawo bia wo be: “Aleke miedee?” 9  Woɖo eŋu be: “Mina míaho ɖe wo ŋu, elabena míekpɔ be anyigba la nyo ŋutɔ. Nu ka tae miele hehem ɖe megbe? Netsɔ, miyi anyigba la dzi ne miaxɔe wòazu mia tɔ. 10  Ne mieyi la, miakpɔe be dukɔ la ɖe dzi ɖi,+ eye anyigba la keke ŋutɔ. Mawu tsɔe de asi na mi, enye teƒe si anyigbadzinu ɖe sia ɖe le.”+ 11  Ale Dan viwo ƒe ƒomea me ŋutsu alafa ade bla aʋakpa, eye wodze mɔ tso Zora kple Estaol.+ 12  Woyi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe Kiriat-Yearim+ le Yuda. Esia tae woyɔa teƒe ma si le Kiriat-Yearim ƒe ɣetoɖoƒe la be Mahane-Dan*+ va se ɖe egbe. 13  Woho tso afi ma yi Efrayim tonuto la me, eye wova Mika+ ƒe aƒe gbɔ. 14  Eye ŋutsu atɔ̃ siwo yi ɖatsa ŋku le Lais-nyigba+ dzi la gblɔ na wo nɔviwo be: “Mienya be kɔmewu, terafiwo,* nu kpakpɛ kple galegba*+ le aƒe siawo mea? Mibu nu si miawɔ la ŋu.” 15  Ale wotɔ ɖe afi ma eye woyi ɖekakpui Lewitɔ+ la gbɔ le Mika ƒe me, eye wobia eƒe fɔfɔme ta se. 16  Ɣemaɣi la, Dan-ŋutsu+ alafa ade siwo bla aʋakpa la tɔ ɖe agboa nu. 17  Eye ŋutsu atɔ̃ siwo yi ɖatsa ŋku le anyigbaa dzi+ la ge ɖe aƒea me ɖatsɔ nu kpakpɛ la, kɔmewu+ la, terafim legbaawo*+ kple galegba*+ la. (Nunɔlaa+ kple ŋutsu alafa ade siwo bla aʋakpa la tɔ ɖe agboa nu.) 18  Woge ɖe Mika ƒe me ɖatsɔ nu kpakpɛa, kɔmewua kple terafiawo* kpakple legba si wokɔ̀* la. Eye nunɔla la bia wo be: “Nu ka wɔm miele?” 19  Ke wogblɔ nɛ be: “Zi ɖoɖoe. Tsyɔ asi nu, eye nàyi kpli mí azu fofo* kple nunɔla na mí. Kae nyo wu, be nànye nunɔla na ame ɖeka ƒe aƒe+ loo alo be nàzu nunɔla na to kple ƒome blibo le Israel?”+ 20  Esia dze nunɔla la ŋu, ale wòtsɔ kɔmewua kple terafiam legbaawo* kpakple nu kpakpɛa,+ eye wòyi kple dukɔ la. 21  Ale wotrɔ be yewoayi mɔzɔzɔa dzi, wona wo viwo kple lãhawo kpakple nu veviwo dze wo ŋgɔ. 22  Esi wogblẽ Mika ƒe aƒe la ɖe megbe sãa la, ŋutsu siwo nye Mika ƒe aƒelikawo ƒo ƒu, eye wodze Dan viwo yome ɖatu wo. 23  Esi wodo ɣli yɔ Dan viwo la, wotrɔ dze ŋgɔ wo eye wobia Mika be: “Nya kae dzɔ? Nu ka tae nèƒo amewo nu ƒu?” 24  Eɖo eŋu be: “Mietsɔ nye mawu siwo mewɔ la, eye miekplɔ nunɔla hã dzo yina. Ke nu kae gasusɔ nam? Aleke wɔ miele biayem be, ‘Nya kae dzɔ ɖe dziwò’ mahã?” 25  Dan viwo ɖo eŋu be: “Mègado ɣli ɖe mía ta o; ne menye nenema o la, ŋutsu siwo do dɔmedzoe* la adze mia dzi, eye esia ana nàbu wò agbe* kple wò aƒemetɔwo ƒe agbe.”* 26  Eye Dan viwo galé woƒe mɔ; ke esi Mika kpɔe be wosesẽ wu ye la, etrɔ yi aƒe me. 27  Esi wotsɔ nu siwo Mika wɔ, eye wokplɔ eƒe nunɔla la dzoe vɔ la, woyi Lais+ le dukɔ si li le tomefafa me heɖe dzi ɖi+ la gbɔ. Wowu wo kple yi, eye wotɔ dzo du la. 28  Ame aɖeke meli axɔ na wo o, elabena wo gbɔ didi tso Sidon, kadodo mele wo kple dukɔ bubu aɖeke dome o, eye du la le Bet-Rehob+ Bali la me. Eye wogbugbɔ du la tso henɔ eme. 29  Azɔ hã, wona ŋkɔ du la be Dan+ le wo fofo Dan, si wodzi na Israel+ la, ƒe ŋkɔ nu. Ke tsã la woyɔa du la be Lais.+ 30  Emegbe Dan viwo li nu kpakpɛ+ la na wo ɖokui, eye Yonatan,+ si nye Mose vi Gersom+ ƒe vi kple viaŋutsuwo va zu nunɔlawo na Dan viwo ƒe to la, va se ɖe ŋkeke si dzi wokplɔ anyigba la dzi nɔlawo yi aboyo me. 31  Eye woli nu kpakpɛ si Mika wɔ la ɖe afi ma le ŋkeke siwo katã me Mawu vavã la ƒe aƒe la nɔ Silo.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmee nye, “Dan ƒe asaɖa.”
Alo, “aƒeli; legba.”
Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “aƒeliwo; legbawo.”
Alo, “aƒeliwo; legbawo.”
Alo, “legba si wolólo ga kɔ̀.”
Alo, “aɖaŋuɖola.”
Alo, “aƒeliwo; legbawo.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔwo.”
Alo, “ŋutsu siwo ƒe luʋɔ do dziku.”