Ʋɔnudrɔ̃lawo 21:1-25

  • Wokpɔ Benyamin-toa ta (1-25)

21  Azɔ Israel ŋutsuwo ka atam le Mizpa+ be: “Mía dometɔ aɖeke matsɔ vianyɔnu ana Benyamin ŋutsu wòaɖe o.”+ 2  Eya ta dukɔ la va Betel,+ eye wobɔbɔ nɔ afi ma le Mawu vavã la ŋkume va se ɖe fiẽ, eye wodo ɣli hefa avi sesĩe. 3  Eye wonɔ gbɔgblɔm be: “Oo Yehowa, Israel ƒe Mawu, nu ka ŋuti nu sia dzɔ le Israel? Nu ka tae to ɖeka bu egbea le Israel?” 4  Le ŋufɔke la, dukɔ la fɔ ŋdi kanya, eye woɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma be woasa numevɔwo kple ŋutifafavɔwo.+ 5  Eye Israel-viwo gblɔ be: “Ame kae le Israel-toawo katã dome si meva kpe ta ɖe Yehowa ŋkume o?” elabena woka atam vevie be woawu ame sia ame si mava Yehowa gbɔ le Mizpa o la godoo. 6  Israel-viwo xa nu le nu si dzɔ ɖe wo nɔvi Benyamin viwo dzi la ta. Wogblɔ be: “To ɖeka tsrɔ̃ ɖa le Israel egbea. 7  Aleke míawɔ akpɔ nyɔnu na ame siwo susɔ la, elabe míeka atam le Yehowa ŋkume+ be míatsɔ mía vinyɔnu aɖeke ana wo woaɖe o?”+ 8  Wobia be: “Israel-toawo dometɔ kae meva Yehowa gbɔ le Mizpa o?”+ Eva eme be ame aɖeke metso Yabes-Gilead va asaɖa la me, afi si ha la le o. 9  Esi woxlẽ dukɔa la, wokpɔ be Yabes-Gileadtɔ aɖeke mele afi ma o! 10  Eya ta ha la dɔ ame akpe wuieve le aʋakalẽtɔ sesẽwo dome ɖe afi ma. Woɖe gbe na wo be: “Miheyi ɖawu Yabes-Gilead nɔlawo kple yi, nyɔnuwo kple ɖeviwo gɔ̃ hã.+ 11  Nu si miawɔe nye esi: Mitsrɔ̃ ŋutsu sia ŋutsu kple nyɔnu siwo katã dɔ ŋutsu gbɔ kpɔ la gbidigbidi.” 12  Ke wokpɔ nyɔnuvi alafa ene siwo nye ɖetugbui leaƒewo, siwo medɔ ŋutsu gbɔ kpɔ o la, le Yabes-Gileadtɔwo dome. Eye wokplɔ wo va asaɖa la me le Silo,+ le Kanaan-nyigba dzi. 13  Eye ha blibo la dɔ ame ɖo ɖe Benyamin vi siwo le Rimon-gakpea+ dzi, eye wodo ŋugbe na wo be yewoawɔ ŋutifafa kpli wo. 14  Eya ta Benyamin viwo trɔ gbɔ ɣemaɣi. Eye wotsɔ nyɔnu siwo woxɔ ɖe agbe le Yabes-Gilead+ nyɔnuwo dome la na wo, ke womede wo nu o. 15  Eye dukɔ la xa nu le nu si dzɔ ɖe Benyamin+ dzi la ta, elabena Yehowa de mama Israel-toawo dome. 16  Eye ha la ƒe ametsitsiwo gblɔ be: “Aleke míawɔ akpɔ nyɔnu na ŋutsu siwo susɔ la esi wotsrɔ̃ nyɔnuwo katã le Benyamin?” 17  Woɖo eŋu be: “Ele be domenyinu nasu Benyamin ƒe agbetsilawo si, ne to ɖeka nu nagayi le Israel dome o. 18  Gake míate ŋu atsɔ mía vinyɔnuwo ana wo o, elabena Israel-viwo ka atam be: ‘Aɖi ame si ana nyɔnu Benyamin la ŋu.’”+ 19  Eye wogblɔ be: “Kpɔ ɖa! Woɖua Yehowa ƒe ŋkekenyui ƒe sia ƒe le Silo,+ le Betel ƒe dziehe, le mɔ gã si tso Betel yi Sekem la ƒe ɣedzeƒe, le Lebona ƒe anyiehe.” 20  Eya ta wogblɔ na Benyamin viwo be: “Miyi ɖade xa ɖe waingbleawo me. 21  Ne miekpɔ Silo ɖetugbuiwo* do va be yewoado to aɖu ɣe la, ekema miawo hã miado tso waingbleawo me ava, eye mia dometɔ ɖe sia ɖe nalé Silo ɖetugbui ɖeka wòazu srɔ̃a, eye miatrɔ ayi Benyamin-nyigba dzi. 22  Ne wo fofowo alo wo nɔviŋutsuwo he nya ɖe mía ŋu la, ekema míawo hã míagblɔ na wo be: ‘Mive mía nu le wo ta, elabena míekpɔ nyɔnu lé le aʋa na ŋutsuawo dometɔ ɖe sia ɖe wòzu srɔ̃a o,+ eye miate ŋu atsɔ nyɔnu na wo woaɖe evɔ miaɖi fɔ o.’”+ 23  Ale Benyamin viwo wɔe nenema pɛpɛpɛ, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe lé nyɔnu ɖeka le nyɔnu siwo le ɣe ɖum la dome dzoe wòzu srɔ̃a. Emegbe wogbugbɔ yi woƒe anyigba si dome wonyi la dzi, eye wogbugbɔ duawo tso+ henɔ wo me. 24  Israel-viwo kaka le afi ma ɣemaɣi, eye ame sia ame yi to si me wòtso kple eƒe ƒome gbɔ, wo dometɔ ɖe sia ɖe dzo le afi ma yi anyigba si dome wònyi la dzi. 25  Ɣemaɣi la, fia aɖeke menɔ Israel o.+ Ame sia ame wɔa nu si sɔ le eya ŋutɔ ŋkume.*

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “vinyɔnuwo.”
Alo, “nu si wòbu be enyo.”