Ʋɔnudrɔ̃lawo 7:1-25

  • Gideon kple ame 300 la (1-8)

  • Gideon ƒe asrafowo ɖu Midian dzi (9-25)

    • “Yehowa kple Gideon ƒe yie!” (20)

    • Midiantɔwo tɔtɔ le woƒe asaɖa me (21, 22)

7  Eye Yerubaal, si nye Gideon,+ kple ame siwo katã le eŋu la fɔ ŋdi kanya va ƒu asaɖa anyi ɖe Harod-tsidzɔƒe la gbɔ, eye Midiantɔwo ƒe asaɖa la le woƒe dziehe le More togbɛ la gbɔ le bali la me.  Yehowa gblɔ na Gideon be: “Ame siwo le ŋuwò la sɔ gbɔ akpa, be matsɔ Midiantɔwo ade asi na wo.+ Ne menye nenema o la, Israel ava ƒu asi akɔ ɖe ŋunye agblɔ be: ‘Nye ŋutɔ nye asie xɔ nam.’+  Eya ta meɖe kuku, gblɔ na ameawo be: ‘Ame si ke le vɔvɔ̃m eye dzi mele eƒo o la negbugbɔ yi aƒe.’”+ Ale Gideon do wo kpɔ. Ame akpe blaeve vɔ eve trɔ dzo, eye ame akpe ewo susɔ.  Ke Yehowa gagblɔ na Gideon be: “Ameawo gasɔ gbɔ akpa kokoko. Kplɔ wo yi tɔ la to, ne mado wo kpɔ na wò le afi ma. Ne megblɔ na wò be, ‘Ame sia ayi kpli wò’ la, eya neyi kpli wò, gake ne megblɔ na wò be, ‘Ame sia mayi kpli wò o’ la, eya megayi o.”  Ale wòkplɔ ameawo yi tɔ la to. Eye Yehowa gblɔ na Gideon be: “Ðe ame siwo katã ɖuɖɔ tsi la abe avu ene kple ame siwo katã dze klo kpe nu ɖe eme noe la ɖe vovo.”  Ke ame siwo ku tsia kple asi no la le ame alafa etɔ̃. Ame mamlɛawo katã dze klo kpe nu ɖe tsia me noe.  Yehowa gblɔ na Gideon be: “Matsɔ ame alafa etɔ̃ siwo ku tsia kple asi no la axɔ na mi, eye matsɔ Midiantɔwo ade asi na mi.+ Ke na ame mamlɛawo katã natrɔ ayi aƒe.”  Eya ta woxɔ mɔdzinuɖuɖuwo kple kpẽawo le ameawo si, eye wòɖo Israel ŋutsu mamlɛawo ɖe aƒe, ame alafa etɔ̃awo koe wòkpɔtɔ ɖi. Ke Midiantɔwo ƒe asaɖaa le balia me le anyime ɖaa.+  Le zã ma me la, Yehowa gblɔ nɛ be: “Tso nàdze asaɖa la dzi, elabena metsɔe de asi na wò.+ 10  Ke ne èle vɔvɔ̃m na wo dzi dzedze la, kplɔ wò dɔla Pura miayi asaɖa la me. 11  Ðo to nya si gblɔm wole, eye dzi aɖo ƒowò* nàdze asaɖa la dzi.” Eya ta eya kple eƒe dɔla Pura ɖi yi aʋakɔ siwo ho va la ƒe asaɖa nu. 12  Ke Midiantɔwo, Amalektɔwo kple Ɣedzeƒetɔwo+ katã xɔ bali la me kpaŋkpaŋkpaŋ abe ʋetsuviwo ene; eye woƒe kposɔwo mele xexlẽme o,+ wosɔ gbɔ abe ƒutake ene. 13  Esi Gideon va la, ŋutsu aɖe le drɔ̃e lĩm na ehavi be: “Drɔ̃e si meku lae nye esi. Ƒobolo nogoe aɖe mli togotogoe va Midiantɔwo ƒe asaɖa la me. Eva ɖo agbadɔ aɖe gbɔ helɔe sesĩe ale gbegbe be wòmu.+ Ɛ̃, elɔ agbadɔa wòtrɔ ta tu hemu gbloo.” 14  Eye ehavia gblɔ be: “Menye nu bubu aɖekee o, ke boŋ Israeltɔ Gideon,+ Yoas vi la, ƒe yie. Mawu tsɔ Midiantɔwo kple woƒe asaɖa blibo la katã de asi nɛ.”+ 15  Esi Gideon nya se drɔ̃e la kple egɔmeɖeɖe+ ko la, ebɔbɔ de ta agu. Emegbe egbugbɔ va Israel ƒe asaɖa la me gblɔ be: “Mitso, elabena Yehowa tsɔ Midiantɔwo ƒe asaɖa la de asi na mi.” 16  Ema ŋutsu alafa etɔ̃ la ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòtsɔ kpẽ+ kple ze ƒuƒlu siwo me akakatiwo le la de wo katã si. 17  Eye wògblɔ na wo be: “Minɔ kpɔyem, eye miwɔ nu si tututu mawɔ. Ne meva ɖo woƒe asaɖaa gbɔ la, miwɔ abe ale si tututu mewɔ ene. 18  Ne meku kpẽa, eye ame siwo katã le ŋunye hã kui la, miawo hã miku kpẽawo le asaɖa la ŋu godoo, eye miado ɣli be: ‘Yehowa tɔe, Gideon tɔe!’” 19  Gideon kple ame alafa ɖeka siwo le eŋu la va asaɖa la nu le zãdomeŋudzɔɣi* ƒe gɔmedzedze, esi woɖɔli dzɔlawo teti ko. Woku kpẽawo,+ eye wogbã ze siwo le wo si la.+ 20  Eye aʋalɔgo etɔ̃awo ku kpẽawo hegbã zeawo. Wolé akakatiawo ɖe mia, eye wolé kpẽawo ɖe ɖusi, eye wodo ɣli be: “Yehowa kple Gideon ƒe yie!” 21  Ɣemaɣi katã la, wo dometɔ ɖe sia ɖe tɔ ɖe eteƒe le asaɖa la ŋu godoo, eye aʋakɔ blibo la katã de afɔ du me nɔ ɣli dom nɔ sisim.+ 22  Ame alafa etɔ̃awo le kpẽawo kum, eye Yehowa na wo dometɔ ɖe sia ɖe trɔ eƒe yi ɖe nɔvia ŋu le asaɖa blibo la katã me;+ eye aʋakɔ la si va se ɖe Bet-Sita, ɖo ta Zerera va do ɖe keke Abel-Mehola+ ƒe golɔgoewo ke le Tabat gbɔ. 23  Eye woyɔ Israel ŋutsuwo tso Naftali, Aser kple Manase blibo+ la va ƒo ƒu, eye wonya Midiantɔwo ɖe nu. 24  Gideon dɔ ame ɖo ɖe Efrayim tonuto blibo la katã me gblɔ be: “Miyi ɖadze Midiantɔwo dzi, eye miɖaxe mɔ le tɔtsoƒewo va se ɖe keke Bet-Bara kple Yordan nu ke.” Ale woyɔ Efrayim ŋutsuwo katã ƒo ƒu, eye woyi ɖaxe mɔ le tɔtsoƒeawo va se ɖe keke Bet-Bara kple Yordan nu ke. 25  Wolé Midiantɔwo ƒe amegã eve siwo nye Oreb kple Zeeb hã; wowu Oreb le Oreb-gakpe+ la dzi, eye wowu Zeeb le Zeeb ƒe wainfiãƒe. Wonya Midiantɔwo ɖe nu,+ eye wotsɔ Oreb kple Zeeb ƒe tawo vɛ na Gideon le Yordan nuto la me.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋusẽ aɖo wò asiwo ŋu.”
Tso zã ga 10 lɔƒo va se ɖe fɔŋli ga 2 lɔƒo.”