Ʋɔnudrɔ̃lawo 8:1-35

  • Efrayimtɔwo wɔ dzre kple Gideon (1-3)

  • Woti Midian-fiawo yome hewu wo (4-21)

  • Gideon gbe fiaɖuɖu (22-27)

  • Gideon ƒe ŋutinya ta ƒoƒo (28-35)

8  Eye Efrayim ŋutsuwo biae be: “Nu kae nye esia nèwɔ ɖe mía ŋu? Nu ka tae mèyɔ mí esi nèyina aʋa kpe ge kple Midiantɔwo o?”+ Eye wohe nya ɖe eŋu vevie.+  Gake egblɔ na wo be: “Nu kae mewɔ fifia si de mia tɔ nu? Ðe waintsetse siwo tsi anyi Efrayim+ fɔ la menyo wu Abi-Ezer+ ƒe wainxaxa oa?  Mia si mee Mawu tsɔ Midian-megã siwo nye Oreb kple Zeeb+ de, eye nu kae mewɔ si de mia tɔ nu?” Esi wògblɔ nya sia la, woƒe dzi fa.*  Eye Gideon va Yordan nu eye wòtso tɔa. Ðeɖi te eya kple ŋutsu alafa etɔ̃ siwo le eŋu la ŋu, gake wogati woƒe futɔawo yome kokoko.  Eya ta egblɔ na Sukottɔwo be: “Meɖe kuku, mina nuɖuɖu ame siwo le yonyeme la, elabena ɖeɖi te wo ŋu, evɔ mele Midian-fia siwo nye Zeba kple Zalmuna yome tim.”  Ke Sukot-megãwo gblɔ be: “Ðe wò asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxo hafi míana nuɖuɖu wò aʋakɔ la?”  Eye Gideon ɖo eŋu be: “Le nya ma ɖeɖe si miegblɔ ta, ne Yehowa tsɔ Zeba kple Zalmuna de asi nam la, matsɔ aŋɔka kple ŋù siwo le gbedadaƒo la aƒo mi vevie.”+  Edzo le afi ma yi Penuel, eye wògabia nuɖuɖu woawo hã, ke Penueltɔwo ɖo eŋu nɛ abe Sukottɔwo ke ene.  Eya ta egblɔ na Penueltɔwo hã be: “Ne metrɔ gbɔ le ŋutifafa me la, magbã mɔ́ sesẽ sia aƒu anyi.”+ 10  Ke Zeba kple Zalmuna kpakple woƒe aʋawɔla siwo anɔ abe ame akpe wuiatɔ̃ ene la le Karkor. Ame siawo koe susɔ le Ɣedzeƒetɔwo+ ƒe aʋakɔ blibo la me, elabe ame akpe alafa ɖeka blaeve siwo ta yi la tsi aʋa. 11  Gideon yi ɖato agbadɔmenɔlawo ƒe mɔ le Noba kple Yogbeha+ ƒe ɣedzeƒe, eye wòva dze aʋakɔ la dzi esime woɖe ŋu ɖi. 12  Esi Zeba kple Zalmuna si la, eti wo yome eye wòva lé Zeba kple Zalmuna siwo nye Midian-fia eveawo, eye zi tɔ le asaɖa blibo la me ale gbegbe. 13  Emegbe Gideon, Yoas vi, trɔ tso aʋa la gbɔna, eye wòto Heres-todzimɔ. 14  Elé ɖekakpui aɖe si tso Sukot la le mɔa dzi, eye wòbia gbee. Eye ɖekakpuia ŋlɔ Sukot-megãwo kple eƒe ametsitsiwo ŋkɔwo nɛ; wole ŋutsu blaadre vɔ adre. 15  Eye wòyi Sukottɔwo gbɔ hegblɔ be: “Zeba kple Zalmuna, siwo ta mieɖe alɔme le ŋunye le gblɔ be, ‘Ðe wò asi su Zeba kple Zalmuna dzi xoxo hafi míana nuɖuɖu wò ame siwo ŋu ɖeɖi tea?’+ mahã la woe nye esi.” 16  Eye wòlé dumemetsitsiawo, eye wòtsɔ aŋɔka kple ŋù siwo wotsɔ tso gbedadaƒo la fia nunya Sukot ŋutsuawo.+ 17  Egbã Penuel+ mɔ́ la ƒu anyi, eye wòwu dua me ŋutsuwo. 18  Eye wòbia Zeba kple Zalmuna be: “Ŋutsu kawo ƒomevie miewu le Tabor?” Woɖo eŋu be: “Wole abe wò ene, wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖi fia vi.” 19  Eye wògblɔ be: “Nɔvinyeŋutsuwoe, danye ƒe viwoe. Zi ale si Yehowa le agbe la, ne ɖe miena wotsi agbe la, anye ne nyemawu mi o.” 20  Eye wògblɔ na eƒe ŋgɔgbevi Yeter be: “Tso nàwu wo.” Ke ɖekakpui la meɖe eƒe yi o, ele vɔvɔ̃m, elabena ɖekakpui dzaa ko wònye. 21  Eya ta Zeba kple Zalmuna gblɔ be: “Wò ŋutɔ tso nàwu mí, elabena ŋutsu ƒe ŋusẽ mee wokpɔa eƒe ŋutsunyenye le.”* Ale Gideon tso, eye wòwu Zeba kple Zalmuna,+ eye wòɖe atsyɔ̃ɖonu gobɛ siwo le kɔ na woƒe kposɔwo. 22  Emegbe Israel ŋutsuwo gblɔ na Gideon be: “Ðu fia ɖe mía dzi, wò ŋutɔ kple viwòŋutsu kpakple wò tɔgbuiyɔvi siaa, elabena wòe ɖe mí tso Midian si me.”+ 23  Ke Gideon gblɔ na wo be: “Nyemaɖu fia ɖe mia dzi o, eye vinye hã maɖu fia ɖe mia dzi o. Yehowae aɖu fia ɖe mia dzi.”+ 24  Eye Gideon gagblɔ na wo be: “Mabia nu ɖeka mi: mia dometɔ ɖe sia ɖe neɖe ŋɔtigɛ ɖeka le eƒe aboyonuwo me nam.” (Sikaŋɔtigɛwo nɔ ame siwo wosi la si, elabena Ismaeltɔwoe wonye.)+ 25  Woɖo eŋu nɛ be: “Míana wò faa.” Ale wokeke avɔ aɖe ɖi, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe ŋɔtigɛ ɖeka le eƒe aboyonuawo me da ɖe edzi. 26  Sikaŋɔtigɛ si wòbia la ƒe kpekpeme va le sekel* akpe ɖeka alafa adre, womebu atsyɔ̃ɖonu gobɛawo, togɛwo, Midian-fiawo ƒe alẽfuwu dzĩwo kple woƒe kposɔwo ƒe kɔgawo ɖe eme o.+ 27  Gideon tsɔe wɔ kɔmewu,+ eye wòtsɔe da ɖe wo dedu Ofra+ me be woakpɔ; eye Israel blibo yia afi ma ɖasubɔnɛ heto esia dzi wɔ gbɔgbɔmehasi,+ eye wòzu mɔ̃ ɖe Gideon kple eƒe aƒe la.+ 28  Ale wobɔbɔ Midiantɔwo+ ɖe anyi le Israel ŋkume, eye womegatso ɖe wo ŋu* kpɔ o; eye anyigba la kpɔ gbɔdzɔe* ƒe blaene sɔŋ le Gideon ŋɔli.+ 29  Eye Yerubaal,+ Yoas vi, trɔ yi eƒe me, eye wònɔ afi ma. 30  Wodzi ŋutsuvi blaadre na Gideon,* elabena srɔ̃ geɖe nɔ esi. 31  Eƒe ahiãvi si le Sekem hã dzi ŋutsuvi nɛ, eye wòna ŋkɔe be Abimelek.+ 32  Eye Gideon, Yoas vi la ku esime wònɔ agbe tsi nyuie, eye woɖii ɖe fofoa Yoas ƒe yɔdo me le Abi-Ezertɔwo ƒe Ofra.+ 33  Esi Gideon nya ku ko la, Israel-viwo gade asi Baalwo+ subɔsubɔ me ake heto esia me wɔ gbɔgbɔmehasi, eye wotsɔ Baal-Berit wɔ woƒe mawui.+ 34  Israel-viwo meɖo ŋku Yehowa woƒe Mawu,+ ame si ɖe wo tso woƒe futɔ siwo ƒo xlã wo la katã si me la dzi o;+ 35  eye womeve Yerubaal, ame si nye Gideon, ƒe aƒe la nu le nyui siwo katã wòwɔ na Israel la ta o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “woƒe gbɔgbɔ dze eme ɖe eŋu.”
Alo, “ŋutsu kple eƒe ŋusẽe sɔ.”
Sekel ɖeka le gram 11.4. Kpɔ Megbenyawo B14.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “womefɔ ta dzi ɖe wo ŋu.”
Alo, “ŋutifafa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ŋutsuvi blaadre nɔ esi siwo tso eƒe ali me.”