Ʋɔnudrɔ̃lawo 9:1-57

  • Abimelek zu fia le Sekem (1-6)

  • Yotam ƒe lododo (7-21)

  • Abimelek ƒe ŋutasẽdziɖuɖu (22-33)

  • Abimelek dze Sekem dzi (34-49)

  • Nyɔnu aɖe gbã ta na Abimelek; eku (50-57)

9  Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Abimelek,+ Yerubaal vi, yi Sekem le nyruiawo gbɔ, eye wògblɔ na wo kple tɔgbuia ƒe ƒome blibo* la be:  “Meɖe kuku, mibia Sekem kplɔlawo* katã be: ‘Kae nyo na mi wu, be Yerubaal+ viŋutsu blaadreawo katã naɖu fia ɖe mia dzi loo alo be ŋutsu ɖeka ko naɖu fia ɖe mia dzi? Eye miɖo ŋku edzi be nye la miawo ŋutɔ miaƒe ƒu kple ŋutilãe menye.’”*  Eya ta nyruiawo gblɔ nya siawo katã na Sekem kplɔlawo ɖe enu, ale woƒe dzi trɔ ɖe Abimelek ŋu be yewoadze eyome, elabena wogblɔ be: “Míawo ŋutɔwo mía nɔvie.”  Eya ta woɖe klosalo blaadre tso Baal-Berit+ ƒe trɔ̃xɔ* me nɛ, eye Abimelek tsɔe di kuviatɔwo kple gbevuwo be woanɔ ye ŋu.  Emegbe eyi fofoa ƒe me le Ofra,+ eye wòwu nɔviaŋutsu+ siwo nye Yerubaal viŋutsu blaadreawo ɖe kpe ɖeka dzi. Yotam, si nye Yerubaal viŋutsu ɖevitɔ la koe tsi agbe, elabena eɣla eɖokui.  Eye Sekem kplɔlawo kple Bet-Milo nɔlawo katã va ƒo ƒu, eye wotsɔ Abimelek ɖo fiae+ le ati gã la gbɔ le sɔti si le Sekem la gbɔ.  Esi wogblɔe na Yotam la, enumake eyi ɖatɔ ɖe Gerizim To+ la tame, eye wòdo ɣli sesĩe gblɔ na wo be: “Miɖo tom, mi Sekem kplɔlawo, ne Mawu naɖo to mi:  “Gbe ɖeka atiwo yi be yewoaɖo* fia ɖe yewo nu. Eya ta wogblɔ na amiti be: ‘Ðu fia ɖe mía dzi.’+  Ke amiti gblɔ na wo be: ‘Ðe maɖe asi le nye ami* si wozãna tsɔ kafua Mawu kple amegbetɔwo la ŋu ayi aɖanɔ ya ƒom le ati bubuwo tamea?’ 10  Eye atiawo gblɔ na gboti be: ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’ 11  Ke gboti gblɔ na wo be: ‘Ðe magblẽ nye vivi kple nye kutsetse nyui la ɖi ayi aɖanɔ ya ƒom le ati bubuwo tamea?’ 12  Emegbe atiawo gblɔ na wainka be: ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’ 13  Wainka ɖo eŋu na wo be: ‘Ðe magblẽ nye wain yeye, si doa dzidzɔ na Mawu kple amegbetɔwo la ɖi ayi aɖanɔ ya ƒom le atiwo tamea?’ 14  Mlɔeba atiawo katã gblɔ na ŋuve be: ‘Va ɖu fia ɖe mía dzi.’+ 15  Ŋuve ɖo eŋu na atiawo be: ‘Ne nyateƒee wònye be miebe yewoasi ami nam ne maɖu fia ɖe mia dzi la, ekema miva be ɖe nye vɔvɔli te. Ke ne menye nenema o la, ekema dzo nedo tso ŋuve me wòafiã Lebanon ƒe sedertiwo.’ 16  “Azɔ nuteƒe kple nu dzeamee wònye miewɔ be mietsɔ Abimelek ɖo fiaea?+ Eye nyui wònye miewɔ na Yerubaal kple eƒe aƒe la? Eye ɖe mieɖo eteƒe nɛ abe ale si wòdze nɛ enea? 17  Esi fofonye wɔ aʋa na mi la,+ etsɔ eƒe agbe* de afɔku me heɖe mi tso Midiantɔwo si me.+ 18  Gake egbe la, mietso ɖe fofonye ƒe aƒe la ŋu, eye miewu viaŋutsu blaadre sɔŋ ɖe kpe ɖeka dzi.+ Eye mietsɔ Abimelek, eƒe kosi ƒe vi,+ ɖo fiae ɖe Sekem kplɔlawo nu le esi wònye mia nɔvi ta. 19  Ɛ̃, ne nuteƒe kple nu dzeamee wònye miewɔ ɖe Yerubaal kple eƒe aƒea ŋu egbe la, ekema mikpɔ dzidzɔ ɖe Abimelek ŋu, eye eya hã nekpɔ dzidzɔ ɖe mia ŋu. 20  Ke ne menye nenemae o la, ekema dzo nedo tso Abimelek me ne wòafiã Sekem kplɔlawo kple Bet-Milo,+ eye dzo nedo tso Sekem kplɔlawo kple Bet-Milo me ne wòafiã Abimelek.”+ 21  Eye Yotam+ si yi Beer ɖanɔ afi ma le nɔvia Abimelek ta. 22  Abimelek ɖu fia ɖe Israel dzi ƒe etɔ̃. 23  Eye Mawu na fuléle* ɖo Abimelek kple Sekem kplɔlawo dome, eye wotrɔ Abimelek to eme. 24  Esia dzɔ ale be woabia ŋuta si wosẽ le Yerubaal viŋutsu blaadreawo ŋu la ƒe hlɔ̃, ne woƒe ʋu nava wo nɔvi Abimelek dzi le wo wuwu ta,+ kple Sekem kplɔlawo dzi le esi wokpe ɖe eŋu wòwu nɔviawo ta. 25  Eya ta Sekem kplɔlawo ɖe amewo wode xa ɖe towo dzi ɖe eŋu, eye wodaa adzo ame sia ame si va toa wo gbɔ le mɔ ma dzi. Eye wova gblɔe na Abimelek. 26  Eye Gaal, Ebed vi, kple nɔviawo va Sekem,+ eye Sekem kplɔlawo ɖo ŋu ɖe eŋu. 27  Woyi agblewo me ɖaxa woƒe waintsetsewo, wofiã wo tsɔ wɔ wain, eye woɖu azã, emegbe wova woƒe mawu la ƒe me,+ woɖu nu no nu, eye wodo ɖiŋu na Abimelek. 28  Emegbe Gaal, Ebed vi gblɔ be: “Ame kae nye Abimelek, eye ame kae nye Sekem, ne míasubɔe? Ðe menye eyae nye Yerubaal+ vi, eye Zebul nye eƒe dumegã oa? Misubɔ Hamor, Sekem fofo, ƒe amewo boŋ! Ke nu ka tae míasubɔe ɖo? 29  Ne ɖe dukɔ sia le nye kpɔkplɔ te la, anye ne meɖe Abimelek le zi dzi.” Eye wògblɔ na Abimelek be: “Dzi wò aʋakɔ ɖe edzi, eye nàdo va kpem.” 30  Esi dumegã Zebul se Gaal, Ebed vi, ƒe nyawo la, dzi kui vevie. 31  Eya ta edɔ amewo le adzame* ɖo ɖe Abimelek gbɔ be woagblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Gaal, Ebed vi, kple nɔviawo va Sekem, eye wole to gblẽm na dua be woatso ɖe ŋuwò. 32  Eya ta wò kple wò amewo miva le zã me, ne miade xa ɖe gbe me. 33  Ne ŋu ke eye ɣe nya dze ko la, tso kaba nàdze dua dzi; eye ne Gaal kple eŋumewo ho ɖe ŋuwò la, wɔ nu sia nu si nàte ŋui ne nàɖu edzi.”* 34  Ale Abimelek kple ame siwo katã le eŋu la fɔ zã, eye wole aʋalɔgo ene me va de xa ɖe Sekem dua ŋu. 35  Esi Gaal, Ebed vi, do va tɔ ɖe dua ƒe agbo nu la, Abimelek kple ame siwo le eŋu la tso le afi si wode xa ɖo. 36  Esi Gaal kpɔ ameawo la, egblɔ na Zebul be: “Kpɔ ɖa! Amewo ɖi tso toawo dzi gbɔna.” Ke Zebul gblɔ nɛ be: “Towo ƒe vɔvɔli kpɔm nèle be amewoe.” 37  Emegbe Gaal gagblɔ be: “Kpɔ ɖa! Amewo ɖi tso anyigba la ƒe kɔkɔƒe gbɔna, eye aʋalɔgo ɖeka to Meonenim* ƒe ati gã gbɔ mɔ gbɔna.” 38  Eye Zebul ɖo eŋu nɛ be: “Menye wòe ɖi nu me be: ‘Ame kae nye Abimelek, ne míasubɔe?’+ hã oa? Alo menye ame siawoe nègbe oa? Ho azɔ nàyi aɖakpe aʋa kpli wo.” 39  Eya ta Gaal dze Sekem kplɔlawo ŋgɔ woyi ɖawɔ aʋa kple Abimelek. 40  Abimelek nyae ɖe nu, eye Gaal si le enu, eye wowu ame geɖe kɔ ɖi va se ɖe keke dugbo la nu ke. 41  Eye Abimelek tsi Aruma, ke Zebul+ nya Gaal kple nɔviawo ɖa le Sekem. 42  Le ŋufɔke la, ameawo do go yi agble, eye ame aɖewo va gblɔe na Abimelek. 43  Ale wòkplɔ eƒe ameawo, ema wo ɖe aʋalɔgo etɔ̃ me, eye wòde xa ɖe gbe me. Esi wòkpɔ be ameawo le dodom tso dua me la, edze wo dzi eye wòwu wo. 44  Abimelek kple aʋalɔgo si le eŋu la wɔ kaba yi ɖatɔ ɖe dugbo la nu, eye aʋalɔgo eve dze ame siwo katã le agble la dzi, eye wowu wo. 45  Abimelek wɔ aʋa kple dua ŋkeke ma katã, eye wòxɔ dua. Ewu emenɔlawo, eye wògbã dua+ hewu dze ɖe edzi. 46  Esi kplɔla siwo katã le Sekem mɔ́ la me se nya sia la, enumake woyi ɖe El-Berit+ ƒe aƒe* ƒe xɔ tamegoba* la me. 47  Esi wova gblɔe na Abimelek be kplɔla siwo le Sekem mɔ́ la me va ƒo ƒu la, 48  Abimelek kple ame siwo katã le eŋu la yi Zalmon To la dzi. Eye Abimelek tsɔ fía lã atilɔ tsɔ ɖo abɔta. Egblɔ na eŋumewo be: “Nu si mewɔ miekpɔ la, netsɔ, miawo hã miawɔe nenema!” 49  Eya ta ameawo katã lã atilɔ hedze Abimelek yome. Eye wotsɔ atilɔawo va kɔ ɖe xɔ tamegoba la ŋu, eye wotɔ dzo xɔa ɖe wo dzi. Ale Sekem mɔ́ me nɔlawo katã hã ku; woanɔ ŋutsu kple nyɔnu akpe ɖeka. 50  Eye Abimelek ho yi Tebez; eɖe to ɖe Tebez eye wòxɔe. 51  Ke mɔ́ sesẽ aɖe le dua titina, eye dua me tɔwo katã, ŋutsuwo kple nyɔnuwo kple dumegãwo katã si yi afi ma. Wodo ʋɔa ɖe wo ɖokuiwo nu, eye wolia mɔ́ sesẽ la yi etame. 52  Eye Abimelek yi mɔ́ sesẽ la gbɔ ɖadze aʋa ɖe eŋu. Eva mɔ́ sesẽ la ƒe mɔnu be yeatɔ dzoe. 53  Ke nyɔnu aɖe ɖe asi le tévi ŋu tso dzi wòva dze ta na Abimelek, eye wògbã ta nɛ.+ 54  Eya ta eyɔ eƒe adekplɔvi gblɔ nɛ be: “Ðe wò yi ne nàwum, ne womagagblɔ le ŋunye be: ‘Nyɔnue wui’ o.” Enumake eƒe adekplɔvi la ƒo yi ɖee wòku. 55  Esi Israel ŋutsuwo kpɔ be Abimelek ku la, wo katã wotrɔ yi woƒe aƒewo me. 56  Ale Mawu ɖo vɔ̃ si Abimelek wɔ ɖe fofoa ŋu hewu nɔviaŋutsu blaadreawo teƒe nɛ.+ 57  Eye Mawu he vɔ̃ siwo katã Sekem ŋutsuwo hã wɔ va woawo ŋutɔwo ƒe ta dzi. Ale Yotam,+ Yerubaal+ vi, ƒe fiƒodea ɖi wo ŋu.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “dadaa fofo ƒe ƒometɔwo.”
Agate ŋu afia, “anyigbatɔwo.”
Alo “ƒometɔ kpamkpam.”
Alo, “gbedoxɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “yewoasi ami na.”
Alo, “tsetse.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe.”
Alo, “ayeme.”
Alo, “wɔ nu si wò asi ate ŋui la ɖe eŋu.”
Egɔmee nye, “Akunyawɔlawo.”
Alo, “gbedoxɔ.”
Alo, “mɔ́ sesẽ.”