1 Tesalonikatɔwo 3:1-13

  • Paulo tsi dzi vevie esime wònɔ lalam le Atene (1-5)

  • Timoteo ƒe nyatakaka fakɔnamewo (6-10)

  • Gbedodoɖa ɖe Tesalonikatɔwo ta (11-13)

3  Eya ta esi dzi meganya le dodom na mí o la, míekpɔe be enyo be míawo ɖeɖe míatsi Atene;+  eye míedɔ Timoteo,+ mía nɔvi kple Mawu ƒe subɔla* si gblɔa Kristo la ŋuti nya nyui la, be wòava do ŋusẽ mi, eye wòafa akɔ na mi le xɔse la me,  ale be xaxa siawo nagaʋuʋu ame aɖeke o. Elabena miawo ŋutɔwo mienyae be, míate ŋu aƒo asa na xaxa siawo o.+  Elabena esi míenɔ mia gbɔ la, míegblɔnɛ na mi be míato xaxa me tsã, eye esiae le eme vam abe ale si mienyae ene.+  Esia tae esi dzi meganya le dodom nam o la, medɔ ame ɖa be manya nu tso miaƒe nuteƒewɔwɔ ŋu,+ be ame aɖe menya nu o, Tela+ la anya te mi kpɔ le mɔ aɖe nu, eye míaƒe agbagbadzedze azu dzodzro mahĩ.  Ðeko Timoteo tso mia gbɔ va ɖo mía gbɔ koe nye esia,+ eye wòva gblɔ nya nyui na mí tso miaƒe nuteƒewɔwɔ kple lɔlɔ̃ ŋu, be mieɖoa ŋku mía dzi vevie ɣesiaɣi, eye wòle mia dzrom be yewoakpɔ mí abe ale si ko wòle míawo hã dzrom be míakpɔ mi ene.  Eya ta nɔviwo, le míaƒe hiãkame kple xaxawo katã me hã, dzi ɖo mía ƒo le miaƒe nuteƒewɔwɔ ta.+  Esi miele tsitre sesĩe le Aƒetɔ la me ta la, agbe gaɖo mía me.  Elabena ɖe míate ŋu ada akpe na Mawu ɖe mia ta wòade edeƒe le dzidzɔ gã si kpɔm míele le mía Mawu ŋkume le mia ta la ŋua? 10  Míele kokoƒoƒo dzi vevie zã kple keli be míakpɔ mia ŋkume, eye míatsɔ nu siwo susɔ le miaƒe xɔse ŋu la akpee na mi.+ 11  Ke mía Mawu kple Fofo la ŋutɔ kpakple mía Aƒetɔ Yesu naʋu mɔ na mí be míava mia gbɔ. 12  Eye Aƒetɔ la nekpe ɖe mia ŋu miatsi, ɛ̃, miagba go le lɔlɔ̃ na mia nɔewo+ kple amewo katã me, abe ale si ko míawo hã míaƒe lɔlɔ̃ le na mi ene, 13  ne wòana miaƒe dziwo nali ke, eye mokaka naganɔ mia ŋu o, le kɔkɔenyenye me le mía Mawu+ kple Fofo la ŋkume, le mía Aƒetɔ Yesu kple eƒe ame kɔkɔewo katã ƒe anyinɔɣi la.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “Mawu ƒe hadɔwɔla.”