1 Fiawo 12:1-33

  • Rehabeam ɖo nya ŋu kple adã (1-15)

  • To ewoawo dze aglã (16-19)

  • Yeroboam zu Israel-fia (20)

  • Wode se na Rehabeam be megawɔ aʋa kpe Israel o (21-24)

  • Yeroboam wɔ sikanyivi be woasubɔ (25-33)

12  Rehabeam yi Sekem, elabena Israel blibo la va Sekem+ be yewoaɖoe fiae.+  Esi Yeroboam, Nebat vi see (eganɔ Egipte elabena esi le Fia Salomo nu ɖanɔ Egipte)+ la,  wodɔ ame woɖakplɔe gbɔe. Emegbe Yeroboam kple Israel ƒe ha blibo la va Rehabeam gbɔ eye wogblɔ nɛ be:  “Fofowò na míaƒe kɔkuti la kpe.+ Gake ne èna fofowò ƒe dɔ sesẽ kple kɔkuti kpekpe si wòɖo mía dzi la dzi ɖe kpɔtɔ la, ekema míasubɔ wò.”  Eye wòɖo eŋu na wo be: “Miyi miatrɔ ava gbɔnye le ŋkeke etɔ̃ megbe.” Ale dukɔ la dzo.+  Eye Fia Rehabeam de adaŋu kple ame tsitsi siwo nɔ fofoa Salomo ŋu le eƒe agbenɔɣi, gblɔ be: “Aɖaŋu kae miaɖo be matsɔ aɖo nya ŋu na dukɔ sia?”  Woɖo eŋu nɛ be: “Ne èzu dukɔ sia ƒe dɔla egbea, eye nèwɔ nu si wobia wò la dzi na wo, eye nèna ŋuɖoɖo nyui aɖe wo la, ekema woasubɔ wò ɖaa.”  Ke egbe aɖaŋu si ame tsitsiawo ɖo nɛ la, eye wòyi ɖade adaŋu kple ɖekakpui siwo nye ehati, siwo nɔa eŋu.+  Eye wòbia wo be: “Aɖaŋu kae miaɖo be míatsɔ aɖo nya ŋu na dukɔ sia si gblɔ nam be: ‘Na kɔkuti si fofowò tsɔ ɖo mía dzi la nanɔ wodzoe na mí’?” 10  Ðekakpui siwo nye ehatiwo la gblɔ nɛ be: “Ale nàgblɔ na dukɔ sia si gblɔ na wò be, ‘Fofowò na míaƒe kɔkuti la kpe, ke wò la, na wòanɔ wodzoe na mí’ lae nye esi: ‘Nye asibidɛ kɔtoetɔ atri wu fofonye ƒe ali. 11  Fofonye tsɔ kɔkuti kpekpe ɖo mia dzi, ke nye la, mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi. Fofonye tsɔ atam ƒo mi, ke nye la, matsɔ atam si ŋu nu tɔamewo le la aƒo mi.’” 12  Eye Yeroboam kple dukɔ blibo la va Rehabeam gbɔ le ŋkeke etɔ̃a gbe, abe ale si fia la gblɔ ene be: “Mitrɔ va gbɔnye le ŋkeke etɔ̃a gbe.”+ 13  Eye fia la ɖo nya ŋu na dukɔ la kple adã, eye wògbe aɖaŋu si ame tsitsiawo ɖo la. 14  Eye wògblɔ na wo le ɖekakpuiawo ƒe aɖaŋuɖoɖo nu be: “Fofonye na miaƒe kɔkuti kpe, ke nye la, mana miaƒe kɔkuti la nakpe ɖe edzi. Fofonye tsɔ atam ƒo mi, ke nye la, matsɔ atam si ŋu nu tɔamewo le la aƒo mi.” 15  Ale fia la meɖo to dukɔ la o, elabena Yehowa gbɔe+ wòtso be nyawo trɔ alea, ne Yehowa ƒe nya si wògblɔ to Ahiya,+ Silotɔ la dzi na Yeroboam, Nebat vi la nava eme. 16  Esi Israel blibo la kpɔe be fia la meɖo to yewo o la, dukɔ la gblɔ na fia la be: “Gome kae le David gbɔ na mí? Domenyinu aɖeke mele Isai vi la gbɔ na mí o. Oo Israel, yi wò mawuwo gbɔ. Azɔ, David, kpɔ wò aƒe gbɔ!” Ale Israel trɔ yi woƒe aƒewo* me.+ 17  Ke Rehabeam ɖu fia ɖe Israel-vi siwo le Yuda duwo me la dzi.+ 18  Emegbe Fia Rehabeam dɔ Adoram,+ si le dzizizidɔwɔlawo nu la ɖa, ke Israel blibo la ƒu kpee wòku. Ale Fia Rehabeam ge ɖe eƒe tasiaɖam me si yi Yerusalem.+ 19  Eye Israel-viwo dze aglã+ ɖe David ƒe aƒe la ŋu va se ɖe egbe sia. 20  Esi Israel blibo la nya se be Yeroboam trɔ gbɔ ko la, enumake wodɔ ame woyi ɖayɔe va ha la gbɔ, eye woɖoe fia ɖe Israel blibo la nu.+ Ame aɖeke medze David ƒe aƒe la yome o, negbe Yuda-to la ɖeɖe ko.+ 21  Esi Rehabeam va ɖo Yerusalem la, enumake eƒo Yuda ƒe aƒe blibo la katã kple Benyamin-to la nu ƒu, wole aʋawɔla bibi* akpe alafa ɖeka blaenyi, be woawɔ aʋa kple Israel ƒe aƒe la, ne woagbugbɔ fiaɖuƒe la ana Salomo vi Rehabeam.+ 22  Eye Mawu vavã la ƒe gbe va na Mawu vavã la ƒe ame Semaya+ be: 23  “Gblɔ na Rehabeam, Salomo vi, si nye Yuda-fia kple Yuda ƒe aƒe blibo la katã kple Benyamin kpakple dukɔ la me tɔ susɔeawo be, 24  ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Migaho yi ɖawɔ aʋa kple mia nɔvi Israel-viwo o. Mia dometɔ ɖe sia ɖe negbugbɔ yi aƒe me, elabena gbɔnye wòtso be nu sia dzɔ.”’”+ Eya ta wowɔ ɖe Yehowa ƒe nya la dzi, eye wogbugbɔ yi woƒe aƒewo me abe ale si Yehowa gblɔ na wo ene. 25  Eye Yeroboam gbugbɔ Sekem+ du la tso* le Efrayim tonuto la me henɔ eme. Etso le afi ma yi ɖagbugbɔ Penuel+ hã tso.* 26  Eye Yeroboam gblɔ le eƒe dzi me be: “Azɔ fiaɖuƒe la atrɔ ayi David ƒe me.+ 27  Ne dukɔ sia kpɔtɔ le Yerusalem yim be woaɖasa vɔ le Yehowa ƒe me la,+ ekema dukɔ sia ƒe dzi ava trɔ ɖe woƒe aƒetɔ Yuda-fia Rehabeam ŋu. Woawum ahatrɔ ayi Yuda-fia Rehabeam gbɔ.” 28  Eya ta fia la de adaŋu hewɔ sikanyivi eve,+ eye wògblɔ na dukɔ la be: “Yerusalem yiyi sesẽ na mi akpa. Oo Israel, wò Mawu si kplɔ wò tso Egipte-nyigba dzie nye esi.”+ 29  Etsɔ sikanyivia ɖeka ɖo Betel,+ eye wòtsɔ evelia ɖo Dan.+ 30  Eye nu sia kplɔ wo de nu vɔ̃ me,+ eye dukɔ la yia keke Dan ke ɖadea ta agu. 31  Etu tadeaguƒewo ɖe nuxeƒewo, eye wòtsɔ ame siwo menye Lewi viwo o la ɖo nunɔlawoe.+ 32  Eye Yeroboam ɖo ŋkekenyui anyi ɖe ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, abe ale si woɖua ŋkekenyui le Yuda ene.+ Esa vɔ le vɔsamlekpui si wòɖi ɖe Betel+ la dzi na nyivi siwo wòwɔ, eye wòɖo nuxeƒe si wòwɔ la ƒe nunɔlawo be woasubɔ le Betel. 33  Eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui si wòɖi ɖe Betel la dzi le ɣleti enyilia ƒe ŋkeke wuiatɔ̃lia dzi, le ɣleti si eya ŋutɔ tia la me; eɖo ŋkekenyui na Israel-viwo, eye wòsa vɔ le vɔsamlekpui la dzi, be yeado dzudzɔ.

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “agbadɔwo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tiatia.”
Alo, “ɖo gli ɖe Sekem ŋu.”
Alo, “ɖo gli ɖe Penuel ŋu.”