1 Fiawo 13:1-34

  • Nyagblɔɖi ɖe vɔsamlekpui si le Betel ŋu (1-10)

    • Vɔsamlekpui la fe (5)

  • Mawu ƒe ame la meɖo to o (11-34)

13  Esime Yeroboam tsi tsitre ɖe vɔsamlekpui+ la gbɔ be yeado dzudzɔ la, kpɔ ɖa, Mawu ƒe ame+ aɖe tso Yuda va Betel le Yehowa ƒe nya nu.  Eye wòdo ɣli ɖe vɔsamlekpui la ta le Yehowa ƒe nya nu gblɔ be: “Oo vɔsamlekpui, vɔsamlekpui! Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Kpɔ ɖa! Wole ŋutsuvi aɖe dzi ge le David ƒe aƒe la me, si ŋkɔ anye Yosiya!+ Atsɔ nuxeƒe ƒe nunɔla siwo le dzudzɔ dom ɖe dziwò la asa vɔ ɖe dziwò, eye wòatɔ dzo ameƒuwo ɖe dziwò.’”+  Eye wòwɔ dzesi gbe ma gbe gblɔ be: “Dzesi si Yehowa gblɔe nye esi: Kpɔ ɖa! Vɔsamlekpui la afe, eye dzofi* siwo le edzi la akaka ɖi.”  Esi fia la nya se Mawu vavã la ƒe ame la ƒe nya si wòdo ɣli gblɔ ɖe vɔsamlekpuia ŋu le Betel ko la, Yeroboam do asi ɖa tso vɔsamlekpuia dzi gblɔ be: “Milée!”+ Enumake eƒe asi si wòdo ɖe egbɔ la dze ti,* eye megate ŋu hee ɖe eɖokui ŋu o.+  Vɔsamlekpui la fe, eye dzofi kaka tso vɔsamlekpui la dzi, le Mawu vavã la ƒe ame la ƒe dzesi si wògblɔ le Yehowa ƒe nya nu la nu.  Azɔ fia la gblɔ na Mawu vavã la ƒe ame la be: “Meɖe kuku, ƒo koko na Yehowa wò Mawu be wòave nunye, eye nàdo gbe ɖa ɖe tanye, ne nye asi la nagaɖɔ ɖo nam.”+ Eye Mawu vavã ƒe ame la ƒo koko na Yehowa be wòave enu, ale fia la ƒe asi la gaɖɔ ɖo abe tsã ene.  Azɔ fia la gblɔ na Mawu vavã ƒe ame la be: “Va míyi aƒe me, ne nàɖu nu, ne madi nane ana wò.”  Ke Mawu vavã ƒe ame la gblɔ na fia la be: “Ne ètsɔ wò aƒe la ƒe afã nam hã la, nyemayi kpli wò o, eye nyemaɖu abolo alo ano tsi le teƒe sia o.  Elabena ale wòde se nam le Yehowa ƒe nya nue nye esi: ‘Mègaɖu abolo o, mègano tsi o, eye mègagbugbɔ to mɔ si nèto va la o.’” 10  Ale wòto mɔ bubu dzo, eye megbugbɔ to mɔ si wòto va Betel la o. 11  Ke nyagblɔɖila tsitsi aɖe le Betel, eye viaŋutsuwo va gblɔ nu siwo katã Mawu vavã ƒe ame la wɔ gbe ma gbe le Betel, kple nya siwo wògblɔ na fia la na wo fofo. Esi wogblɔ nu si dzɔ na wo fofo la, 12  wo fofo bia wo be: “Mɔ kae wòto?” Eye viaŋutsuawo fia mɔ si Mawu vavã la ƒe ame si tso Yuda va la to lae. 13  Azɔ egblɔ na viawo be: “Mibla akpa na tedzi nam.” Ale wobla akpa na tedzi la nɛ, eye wòde edzi. 14  Edze Mawu vavã ƒe ame la yome, eye wòva ke ɖe eŋu wòbɔbɔ nɔ anyi ɖe ati gã aɖe te. Eye wòbiae be: “Wòe nye Mawu vavã la ƒe ame si tso Yuda laa?”+ Eɖo eŋu be: “Nyee.” 15  Eye wògblɔ nɛ be: “Va míyi aƒe me, ne nàɖu nu.” 16  Ke egblɔ be: “Nyemate ŋu agbugbɔ ayi kpli wò alo awɔ ɖe wò amekpekpea dzi o, eye nyemate ŋu aɖu nu kpli wò alo ano tsi le teƒe sia o. 17  Elabena wogblɔ nam le Yehowa ƒe nya nu be: ‘Mègaɖu abolo alo ano tsi le afi ma o. Eye mègagbugbɔ to mɔ si nèto yi la o.’” 18  Eye wògblɔ nɛ be: “Nye hã nyagblɔɖila menye abe wò ke ene, eye mawudɔla aɖe ƒo nu kplim le Yehowa ƒe nya nu gblɔ be, ‘Yi ɖagbugbɔe, ne wò kplii miayi aƒewò me, ne wòaɖu abolo ahano tsi.’” (Ðe wòblee.) 19  Ale wògbugbɔ kplii, ne wòaɖu abolo ahano tsi le eƒe me. 20  Esime wole kplɔ̃ ŋu la, Yehowa ƒe gbe va na nyagblɔɖila si trɔe gbɔe la, 21  eye wòdo ɣli gblɔ na Mawu vavã ƒe ame si tso Yuda la be, “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi nègbe Yehowa ƒe sedede la dzi wɔwɔ, eye mèlé se si Yehowa wò Mawu de na wò la me ɖe asi o, 22  ke boŋ nètrɔ, eye nèɖu abolo heno tsi le teƒe si ŋu wògblɔ le na wò be, “Mègaɖu abolo alo ano tsi o” ta la, wò kukua made tɔgbuiwòwo ƒe yɔdo me o.’”+ 23  Esi Mawu vavã ƒe ame la ɖu abolo eye wòno nu vɔ la, nyagblɔɖila tsitsi la bla akpa na tedzi la na nyagblɔɖila si wòtrɔ gbɔe la. 24  Eye wòdze mɔ, gake dzata aɖe va do goe le mɔa dzi hewui.+ Eye eƒe kukua tsi mɔa dzi, eye tedzi la tɔ ɖe egbɔ; dzata la hã tɔ ɖe ame kukua gbɔ. 25  Ame siwo va le yiyim la, kpɔ be ame ku ɖe mɔa dzi, eye dzata tɔ ɖe ame kukua gbɔ. Eye wova gblɔ eŋu nya le du si me nyagblɔɖila tsitsia le la me. 26  Esi nyagblɔɖila si trɔe gbɔe tso mɔa dzi la see la, enumake egblɔ be: “Mawu vavã ƒe ame si gbe Yehowa ƒe se dzi wɔwɔ lae;+ Yehowa tsɔe de asi na dzata wòvuvui hewui, le Yehowa ƒe nya si wògblɔ nɛ la nu.”+ 27  Eye wògblɔ na viaŋutsuawo be: “Mibla akpa na tedzi la nam.” Ale wobla akpa nɛ. 28  Eye wòdze mɔ yi heva ke ɖe ame kukua ŋu le mɔa dzi, eye tedzi la kple dzata la tɔ ɖe ame kukua gbɔ. Dzata la meɖu ame kuku la o, eye mevuvu tedzi la hã o. 29  Eye nyagblɔɖila la kɔ Mawu vavã ƒe ame la ƒe kukua ɖo tedzi la dzi, eye wòkɔe gbɔ va eya ŋutɔ ƒe du me, be wòafae, eye wòaɖii. 30  Etsɔ ame kuku la mlɔ eya ŋutɔ ƒe yɔdo me; eye wòfae vevie be: “Ao, nɔvinye!” 31  Eye esi wòɖii vɔ la, egblɔ na viaŋutsuawo be: “Ne meku la, miɖim ɖe afi si woɖi Mawu vavã ƒe ame la ɖo. Eye mitsɔ nye ƒuwo da ɖe eƒe ƒuwo xa.+ 32  Elabena nya si wògblɔ le Yehowa ƒe nya nu ɖe vɔsamlekpui si le Betel kple tadeaguƒe siwo wotu ɖe nuxeƒe+ siwo katã le Samaria duwo me ŋu la, ava eme.”+ 33  Le nu sia megbe gɔ̃ hã la, Yeroboam metrɔ tso eƒe mɔ vɔ̃ la dzi o, ke boŋ egaɖoa ame sia ame ƒomevi nuxeƒewo ƒe nunɔlawoe.+ Ame sia ame si lɔ̃ la, eɖonɛ hegblɔna be: “Nezu nuxeƒeawo ƒe nunɔlawo dometɔ ɖeka.”+ 34  Yeroboam+ ƒe aƒe la ƒe nu vɔ̃ sia na wotsrɔ̃ wo ɖa gbidigbidi le anyigba la dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, dzofi siwo ƒo vɔsalãwo ƒe ami.
Alo, “tu.”