1 Fiawo 20:1-43

  • Siriatɔwo ho aʋa ɖe Ahab ŋu (1-12)

  • Ahab ɖu Siriatɔwo dzi (13-34)

  • Nyagblɔɖi ɖe Ahab ŋu (35-43)

20  Azɔ Siria-fia+ Ben-Hadad+ ƒo eƒe aʋakɔwo katã nu ƒu hekpe ɖe fia blaetɔ̃ vɔ eve kple woƒe sɔwo kpakple tasiaɖamwo ŋu; eye wòyi ɖaɖe to ɖe+ Samaria+ be yeawɔ aʋa kplii.  Eye wòdɔ amewo ɖo ɖe Israel-fia Ahab+ gbɔ le dua me be woagblɔ nɛ be: “Ale Ben-Hadad gblɔe nye esi,  ‘Wò klosalo kple sika nye tɔnye, eye srɔ̃wòwo kple viwòwo dometɔ nyuitɔwo nye tɔnye.’”  Israel-fia ɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ fia, nye kple nye nuwo katã nye tɔwò, le wò nya la nu.”+  Emegbe dɔlaawo gatrɔ va gblɔ be: “Ale Ben-Hadad gblɔe nye esi, ‘Medɔ ame ɖe gbɔwò be: “Tsɔ wò klosalo, sika, srɔ̃wòwo kple viwòwo nam.”  Ke etsɔ ɣealewoɣi la, madɔ nye dɔlawo ɖe gbɔwò, ne woaka wò aƒe kple wò dɔlawo ƒe aƒewo me tsitotsito, eye woalɔ wò nu veviwo katã adzoe.’”  Eye Israel-fia yɔ dukɔ la ƒe ametsitsiwo katã ƒo ƒu gblɔ be: “Mibu eŋu, eye miakpɔe be, vɔ̃ dim ame sia le be yeawɔ mí, elabena edɔ ame ɖe gbɔnye, be yeaxɔ srɔ̃nyewo, vinyewo, nye klosalo kple nye sika, eye nyemete woe o.”  Eye ametsitsiawo katã kple dukɔ blibo la gblɔ nɛ be: “Mègaɖo toe o, eye mègalɔ̃ ɖe edzi nɛ o.”  Eya ta egblɔ na Ben-Hadad ƒe dɔlawo be: “Migblɔ na nye aƒetɔ fia be, ‘Nu siwo katã ŋuti nèdɔ ame ɖo ɖe wò dɔla gbɔ gbã la, mawɔe, ke esia ya la, nyemate ŋu awɔe o.’” Eye dɔlaawo dzo, eye wogbugbɔ gbe la yi nɛ. 10  Eye Ben-Hadad dɔ ame ɖo ɖee gblɔ be: “Mawuwo nefiam ne wòagafiam ɖe edzi ne ke asɔ gbɔ ɖe Samaria ale be nye aʋawɔlawo dometɔ ɖe sia ɖe naxɔ asiʋlo ɖeka gɔ̃ hã fĩ!” 11  Israel-fia hã ɖo eŋu be: “Migblɔ nɛ be: ‘Ame si do aʋawu megaƒo adegbe le eɖokui ŋu abe ame si ɖe aʋawu ɖi la ene o.’”+ 12  Esi wòse nya siawo, esime eya kple fiaawo le aha nom le agbadɔwo me ko la, egblɔ na eƒe aʋawɔlawo be: “Midzra ɖo miadze wo dzi!” Eye wodzra ɖo ɖe dua dzi dzedze ŋu. 13  Ke nyagblɔɖila aɖe va Israel-fia Ahab+ gbɔ gblɔ be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Èkpɔ ameha gã sia katã? Kpɔ ɖa, metsɔ wo le asi dem na wò egbea, ne nàdze sii be, nyee nye Yehowa.’”+ 14  Eye Ahab bia be: “Ame ka dzi wòato?” Eɖo eŋu be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Ato amegã siwo le nutoawo dzi ɖum la ƒe ɖekakpuiwo dzi.’” Eye wògabia be: “Ame kae adze aʋa la gɔme?” Eɖo eŋu be: “Wòe!” 15  Eye Ahab xlẽ amegã siwo le nutoawo dzi ɖum la ƒe ɖekakpuiawo, wole ame alafa eve blaetɔ̃ vɔ eve; le woawo megbe la, exlẽ Israel-viwo ƒe aʋakɔ blibo la katã, wole ame akpe adre. 16  Eye woho le ɣeɖota, esime Ben-Hadad kple fia blaetɔ̃ vɔ eve siwo le kpekpem ɖe eŋu la no aha mu le agbadɔwo me. 17  Esime amegã siwo le nutoawo dzi ɖum la ƒe ɖekakpuiwo tre dodo tso dua me la, enumake Ben-Hadad dɔ amewo ɖo ɖa. Eye wova gblɔ nɛ be: “Samaria-ŋutsuwo ho gbɔna.” 18  Eye wògblɔ be: “Ne ŋutifafa tae woho ɖo la, milé wo agbagbee; eye ne aʋa tae woho ɖo hã la, milé wo agbagbee.” 19  Gake esi amegã siwo le nutoawo dzi ɖum la ƒe ɖekakpuiawo kple aʋakɔ si le wo yome do go tso dua me la, 20  wo dometɔ ɖe sia ɖe wu ame si lũ ɖe edzi. Siriatɔwo si,+ eye Israel ti wo yome, ke Siria-fia Ben-Hadad do sɔ hesi kple sɔdola aɖewo. 21  Israel-fia la ho yi ɖatsrɔ̃ sɔdolawo kple tasiaɖamdolawo, eye wòsi* Siriatɔwo eteƒe mekɔ o. 22  Emegbe nyagblɔɖila+ la va Israel-fia gbɔ gblɔ nɛ be: “Yi nàdzra ɖo nyuie, eye nàbu eŋu akpɔ nu si wɔ ge nàla,+ elabena le ƒe si gbɔna ƒe gɔmedzedze* la, Siria-fia aho ɖe ŋuwò.”+ 23  Ke Siria-fia ŋumewo gblɔ nɛ be: “Towo ƒe Mawue woƒe Mawu la nye. Esia tae woɖu mía dzi ɖo. Gake ne míekpe aʋa kpli wo le gbadzaƒe la, míaɖu wo dzi. 24  Nu si nàgawɔe nye esi: Ðe fiawo katã+ ɖa le wo nɔƒewo, ne nàtsɔ nutodziɖulawo aɖo wo teƒe. 25  Azɔ ɖe aʋakɔ si ƒe xexlẽme sɔ kple aʋakɔ si tsi aʋa la na ɖokuiwò hekpe ɖe sɔwo kple tasiaɖamwo ƒe xexlẽme mawo tututu ŋu. Eye na míawɔ aʋa kpli wo le gbadzaƒe, míaɖu wo dzi godoo.” Eya ta ese woƒe gbe, eye wòwɔe nenema pɛpɛpɛ. 26  Le ƒe si kplɔe ɖo ƒe gɔmedzedze* la, Ben-Hadad ƒo Siriatɔwo nu ƒu, eye wòho yi Afek,+ be yeawɔ aʋa kple Israel. 27  Ke woƒo Israel-viwo hã nu ƒu hena nuɖuɖu wo, eye woho yi wo kpe ge. Esi Israel-viwo yi ɖaƒu asaɖa anyi ɖe wo ŋgɔ la, wonɔ abe gbɔ̃ha sue eve ene, evɔ Siriatɔwo gbagba ɖe anyigba la katã dzi.+ 28  Eye Mawu vavã la ƒe ame la va gblɔ na Israel-fia la be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi, ‘Esi Siriatɔwo be: “Towo ƒe Mawue Yehowa nye, eye menye bali me Mawue wònye o” ta la, matsɔ ameha gã sia katã ade asi na wò,+ ne miadze sii be, nyee nye Yehowa.’”+ 29  Eye woƒu asaɖa anyi dze ŋgɔ wo nɔewo ŋkeke adre, eye aʋa la fe ati le ŋkeke adrea gbe. Israel-viwo wu Siriatɔwo ƒe aʋawɔla afɔzɔla akpe alafa ɖeka le ŋkeke ɖeka dzi. 30  Ke ame siwo susɔ la si yi Afek+ dua me. Gake gli la mu dze ame akpe blaeve vɔ adre, siwo susɔ la dzi. Ben-Hadad ŋutɔ si, eye wòva du la me heva bè ɖe xɔ ememetɔ aɖe me. 31  Eye eŋumewo va gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, míese be, Israel ƒe aƒe la ƒe fiawo nye fia siwo kpɔa nublanui na ame. Míeɖe kuku, na míasa akpanya ɖe ali, eye míasa ka ɖe ta, ne míado ayi Israel-fia gbɔ. Ðewohĩ axɔ wò* ɖe agbe.”+ 32  Ale wosa akpanya ɖe ali, eye wosa ka ɖe ta heva Israel-fia gbɔ gblɔ be: “Wò subɔvi Ben-Hadad be, ‘Meɖe kuku, na matsi agbe.’”* Eɖo eŋu na wo be: “Egale agbea? Nɔvinyee wònye.” 33  Eya ta ŋutsuawo tsɔe be dzesi nyui aɖee, eye woxɔ eƒe nyaa dzi se, eye wogagblɔ be: “Nyateƒee, nɔviwòe Ben-Hadad nye.” Egblɔ na wo be: “Miyi ɖakplɔe vɛ.” Eye Ben-Hadad va egbɔ, enumake Ahab na wòɖo tasiaɖam la. 34  Eye Ben-Hadad gblɔ nɛ be: “Du siwo fofonye xɔ le fofowò si la, magbugbɔ wo ana wò, eye àte ŋu atu asiwo* na ɖokuiwò le Damasko abe ale si fofonye wɔ le Samaria ene.” Eye Ahab ɖo eŋu be: “Le nubabla sia ta maɖe asi le ŋuwò.” Eye wòbla nu kplii heɖe asi le eŋu wòdzo. 35  Eye ŋutsu aɖe tso nyagblɔɖilawo ƒe viwo*+ dome gblɔ na exɔlɔ̃ le Yehowa ƒe nya nu be: “Meɖe kuku, ƒom.” Ke ŋutsua gbe eƒoƒo. 36  Eya ta egblɔ nɛ be: “Esi mèɖo to Yehowa ƒe gbe o ta la, kpɔ ɖa, ne ènya dzo le gbɔnye teti ko la, dzata awu wò.” Esi wòdzo le egbɔ la, dzata aɖe va dze edzi hewui. 37  Egakpɔ ŋutsu bubu, eye wògblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, ƒom.” Eye ŋutsua ƒoe de abi eŋu. 38  Eye nyagblɔɖila la yi ɖatɔ ɖe mɔ to nɔ fia la lalam, eye wòtsɔ nu bla ŋkume be woagadze si ye o. 39  Esi fia la tso eme va yina la, edo ɣli ɖo ɖe fia la gblɔ be: “Wò subɔvi yi aʋa la ƒe sesẽaƒe; eye kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe kplɔ ame aɖe tso aʋakpeƒea vɛ nam hegblɔ be: ‘Dzɔ ŋutsu sia ŋu. Ne ebu la, woatsɔ wò agbe aɖo eƒe agbe teƒe,*+ alo nàxe klosalo talento ɖeka.’* 40  Eye esi wò subɔvi nɔ nu wɔm le afii kple afi mɛ la, kasia ame la si dzo.” Eye Israel-fia gblɔ nɛ be: “Nenemae woadrɔ̃ ʋɔnu wò; wò ŋutɔ èbu fɔ ɖokuiwò xoxo.” 41  Eye wòɖe nua ɖa le ŋkume kaba, eye Israel-fia la kpɔe dze sii be enye nyagblɔɖilawo dometɔ ɖeka.+ 42  Eye nyagblɔɖilaa gblɔ nɛ be: “Ale Yehowa gblɔe nye esi: ‘Esi nèɖe asi le ŋutsu si megblɔ be woatsrɔ̃ la ŋu wòsi ta la,+ wò agbe axɔ ɖe eƒe agbe* teƒe,+ eye wò dukɔ axɔ ɖe eƒe dukɔ teƒe.’”+ 43  Eye Israel-fia la yi eƒe aƒe me le Samaria,+ nya la te ɖe edzi, eye wòlé blanui.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “wòwu.”
Efia, adame.
Efia, adame.
Alo, “wò luʋɔ.”
Alo, “na nye luʋɔ nanɔ agbe.”
Alo, “àte ŋu atia ablɔwo.”
Anye suku si wofiaa nu nyagblɔɖilawo le alo nyagblɔɖilawo ƒe ƒuƒoƒo aɖee “nyagblɔɖilawo ƒe viwo” si ŋu woƒo nu tsoe le afi sia la nye.
Talento ɖeka le kilogram 34.2. Kpɔ Megbenyawo B14.
Alo, “woatsɔ wò luʋɔ aɖo eƒe luʋɔ teƒe.”
Alo, “wò luʋɔ axɔ ɖe eƒe luʋɔ teƒe.”