1 Fiawo 21:1-29

  • Ahab biã ŋu Nabot ƒe waingble (1-4)

  • Izebel na wowu Nabot (5-16)

  • Eliya ƒe gbedeasi na Ahab (17-26)

  • Ahab bɔbɔ eɖokui (27-29)

21  Le nu siawo megbe la, nya aɖe dzɔ ku ɖe waingble aɖe si nye Yezreeltɔ Nabot tɔ la ŋu; waingble la le Yezreel,+ le Samaria-fia Ahab ƒe fiasã la xa.  Eye Ahab gblɔ na Nabot be: “Tsɔ wò waingble la nam ne matsɔ awɔ amabɔe, elabena ete ɖe nye aƒe ŋu. Eye na matsɔ waingble bubu si nyo wui la aɖo eteƒe na wò. Alo ne edze ŋuwò la, maxe ga home si wòaxɔ la na wò.”  Ke Nabot ɖo eŋu na Ahab be: “Mesɔ le Yehowa ŋkume be matsɔ tɔgbuinyewo ƒe domenyinu la ana wò o.”+  Eya ta Ahab yi aƒe me, nya la te ɖe edzi eye wòlé blanui, le ale si Yezreeltɔ Nabot ɖo nya ŋu nɛ be, “Nyematsɔ tɔgbuinyewo ƒe domenyinu la ana wò o” la ta. Eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe aba dzi hetrɔ mo ɖe aga, eye wògbe nuɖuɖu.  Srɔ̃a Izebel+ va egbɔ hebiae be: “Nu ka tae nèlé blanui* hegbe nuɖuɖu?”  Eɖo eŋu nɛ be: “Elabena megblɔ na Yezreeltɔ Nabot be, ‘Tsɔ wò waingble la nam maƒle. Alo ne èlɔ̃ la, na matsɔ waingble bubu ana wò ɖe eteƒe.’ Ke egblɔ be: ‘Nyematsɔ nye waingble la ana wò o.’”  Srɔ̃a Izebel gblɔ nɛ be: “Menye wòe nye fia le Israel dzi ɖum oa? Fɔ nàɖu nu, eye dzi nadzɔ wò. Matsɔ Yezreeltɔ Nabot ƒe waingble la ana wò.”+  Eya ta eŋlɔ agbalẽwo le Ahab ƒe ŋkɔ me hetsɔ fia la ƒe ŋkɔsigɛ tre wo nu,+ eye wòɖo agbalẽawo ɖe ametsitsiawo+ kple bubume siwo le Nabot ƒe du la me.  Ke eŋlɔ ɖe agbalẽawo me be: “Miɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye mina Nabot nanɔ dukɔ la ŋgɔ. 10  Eye mina ŋutsu yakame eve nabɔbɔ nɔ eŋgɔ, eye woatso enu+ be: ‘ȃo fi de Mawu kple fia la!’+ Eye miakplɔe ado goe ne miaƒu kpee wòaku.”+ 11  Ale dua me ŋutsuwo, ametsitsiawo kple bubume siwo nɔ dua me la, wɔ abe ale si tututu woŋlɔe ɖe agbalẽ siwo Izebel ɖo ɖe wo me ene. 12  Woɖe gbeƒã nutsitsidɔ, eye wona Nabot nɔ dukɔ la ŋgɔ. 13  Eye ŋutsu eve siwo nye yakamewo va nɔ anyi ɖe eŋgɔ eye wotso Nabot nu le dukɔ la ŋkume be: “Nabot ƒo fi de Mawu kple fia la!”+ Emegbe wokplɔe yi dua godo ɖaƒu kpee wòku.+ 14  Eye wodɔ ame ɖo ɖe Izebel be: “Woƒu kpe Nabot wòku.”+ 15  Esi Izebel nya se be woƒu kpe Nabot wòku ko la, egblɔ na Ahab be: “Tso nàxɔ Yezreeltɔ Nabot ƒe waingble+ si wògbe be yematsɔ ana wò nàƒle o la, elabe Nabot megale agbe o, eku.” 16  Esi Ahab nya se be Nabot ku ko la, Ahab tso enumake yi Yezreeltɔ Nabot ƒe waingble la me be yeaxɔe wòazu ye tɔ. 17  Ke Yehowa ƒe gbe va na Eliya+ Tisbitɔ la be: 18  “Tso nàyi aɖado go Israel-fia Ahab, si le Samaria.+ Ele Nabot ƒe waingble si me wòyi be yeaxɔ la me. 19  Gblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Èwu ame tso,+ eye nègaxɔ eƒe nu* hã wòzu tɔwòa?”’+ Eye nàgblɔ nɛ be, ‘Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Afi si avuwo ɖuɖɔ Nabot ƒe ʋu le la, afi mae avuwo aɖuɖɔ wò hã wò ʋu le.”’”+ 20  Eye Ahab gblɔ na Eliya be: “Oo nye futɔ, èke ɖe ŋunyea?”+ Eɖo eŋu be: “Meke ɖe ŋuwò. ‘Esi nètsɔ vɔ̃wɔwɔ ɖo dɔe* le Yehowa ŋkume ta la,+ 21  kpɔ ɖa, mehe vɔ̃ gbɔna dziwò, eye makplɔ yowòme ƒiaƒiaƒia, eye matsrɔ̃ Ahab ƒe ŋutsuwo* katã,+ ame siwo nye wɔnamanɔŋutɔwo kple ame beliwo gɔ̃ hã ɖa le Israel.+ 22  Eye mawɔ wò aƒe abe Yeroboam,+ Nebat vi, ƒe aƒe kple Baasa,+ Ahiya vi, ƒe aƒe ene, le dziku si nèdo nam hena Israel wɔ nu vɔ̃ la ta.’ 23  Eye ale Yehowa gblɔ le Izebel hã ŋue nye esi: ‘Avuwo aɖu Izebel keŋkeŋ le Yezreel-nyigba dzi.+ 24  Ahab ƒe ame si aku ɖe du me la, avuwo aɖui; eye eƒe ame si aku ɖe gbe me la, dziƒoxewo aɖui.+ 25  Nyateƒee, ame aɖeke meganɔ anyi kpɔ abe Ahab+ ene, ame si tsɔ nu si nye vɔ̃ le Yehowa ŋkume la wɔwɔ ɖo dɔe, le esi srɔ̃a Izebel ƒoe ɖe enu ta o.+ 26  Ewɔ ŋunyɔnu wu, le esi wòdze legba nyɔŋuwo* yome, abe ale si Amoritɔ siwo Yehowa nya le Israel-viwo ŋgɔ+ la katã wɔ la ene.’” 27  Esi Ahab nya se nya siawo ko la, edze eƒe awuwo, ta akpanya, eye wòtsi nu dɔ, etsi akpanya me dɔ, eye wònɔ yiyim kpookpookpoo. 28  Eye Yehowa ƒe gbe va na Eliya Tisbitɔ la be: 29  “Èkpɔ ale si Ahab bɔbɔ eɖokui le ŋkunyemea?+ Esi wòbɔbɔ eɖokui le ŋkunyeme ta la, nyemahe vɔ̃ la vɛ le eŋɔli o. Mahe vɔ̃ la ava eƒe aƒe la dzi le via ŋɔli.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Nu ka tae wò gbɔgbɔ lé blanui.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “domenyinu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Esi nètsɔ ɖokuiwò dzra na vɔ̃wɔwɔ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame siwo ɖɔa aɖuɖɔ ɖe gli ŋu.” Enye Hebrigbe me nya si wotsɔ ɖia gbɔ ŋutsuwo.
Ðewohĩ Hebrigbe me nya si wozã le afi sia la do ƒome kple nya si wozãna na “mĩ” eye wozãnɛ na nu si nyɔa ŋu.